INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • gt ta 34
  • Eƒe Apostolowo Tiatia

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Eƒe Apostolowo Tiatia
  • Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yesu Tia Apostolo Wuieve
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Yesu Fia Nu Le To Aɖe Dzi
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Yesu Tia Apostolo Wuieve
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Toma Si Va Zu Nusrɔ̃la Emegbe
    Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
Kpɔ Bubuwo
Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
gt ta 34

Ta 34

Eƒe Apostolowo Tiatia

ANƆ abe ƒe ɖeka kple afãe nye sia si Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela la ɖe Yesu fia be eyae nye Mawu ƒe Alẽvi la eye Yesu dze eƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa gɔme. Andrea, Simon Petro, Yohanes, kple ɖewohĩ Yakobo (Yohanes nɔviŋutsu), kpakple Filipo kple Natanael (si wogayɔna be Bartolomeo), zu eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo ɣemaɣi. Ame bubu geɖewo va kpe ɖe wo ŋu emegbe eye woawo hã dzea Kristo yome.

Fifia Yesu dzra ɖo be yeatia yeƒe apostolowo. Amesiawo anye eƒe zɔhɛ kplikplikpli siwo wòana hehe tɔxɛe. Gake hafi wòatia wo la, Yesu yi to aɖe dzi eye wòdo gbe ɖa zã bliboa katã eye anye godoo be enɔ nunya kple Mawu ƒe yayra biam. Esi ŋu ke la, eyɔ eƒe nusrɔ̃lawo vɛ eye wòtia ame 12 le wo dome. Gake esi woganye Yesu ƒe nusrɔ̃viwo ta la, wogayɔa wo hã be nusrɔ̃lawo.

Ame ade siwo Yesu tia, siwo ƒe ŋkɔ dze le etame lae nye eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo. Etia Mateo si Yesu yɔ tso adzɔxɔƒe la hã. Ame atɔ̃ susɔea siwo wòtiae nye Yuda (wogayɔnɛ be Tadeo), Yuda Iskariot, Simon Kananitɔ la, Toma, kple Yakobo Alfeo vi. Wogayɔ Yakobo sia be Yakobo Suetɔ hã, ɖewohĩ esi wònye ame vi me alo apostolo Yakobo kemea tsi wui tae.

Va de asi na fifia la, ame 12 siawo kple Yesu nɔ anyi ɣeyiɣi aɖee nye sia eye wònya wo nyuie. Le nyateƒe me la, wo dometɔ aɖewo nye eya ŋutɔ ƒe ƒometɔwo. Yakobo kple nɔvia Yohanes kple Yesu nye nɔgãnɔɖiviwo. Eye anɔ eme be Alfeo nye Yosef, si nye ŋutsu si xɔ Yesu abe via ene la nɔviŋutsu. Eyata Alfeo vi, apostolo Yakobo hã, kple Yesu anye ƒe tɔgãtɔɖiviwo.

Mesesẽ na Yesu be wòaɖo ŋku eƒe apostoloawo ƒe ŋkɔ dzi o. Gake àte ŋu aɖo ŋku wo dzia? Enyo, ɖo ŋku edzi be wo dometɔ eve ŋkɔe nye Simon, eye woyɔ wo ame eve be Yuda, woyɔ wo ame eve be Yakobo, eye Simon nɔviŋutsu ŋkɔe nye Andrea, kple be Yakobo nɔvie nye Yohanes. Esia akpe ɖe ŋuwò naɖo ŋku apostolo enyi dzi. Ene susɔeawo dometɔ ɖeka nye nudzɔla (Mateo), ɖeka ke ɖi emegbe (Toma), woyɔ wo dometɔ ɖeka le ati aɖe te (Natanael), kpakple exɔlɔ̃ Filipo.

Apostoloawo dometɔ 11 tso Galilea, si nye Yesu denyigba. Natanael tso Kana. Betsaida ye Filipo kple Petro kpakple Andrea tso, gake emegbe Petro kple Andrea ʋu va Kapernaum, afisi wòwɔ abe eyae Mateo nɔ ene. Yakobo kple Yohanes nye tɔƒodelawo eye anɔ eme be woawo hã nɔ Kapernaum alo afisi gogo afima. Ewɔ abe Yuda Iskariot, si fia Yesu yomemɔ emegbe koe nye apostolo si tso Yudea ene. Marko 3:13-19; Luka 6:12-16.

▪ Apostolo kawoe ɖewohĩ nye Yesu ƒe ƒometɔwo?

▪ Amekawoe nye Yesu ƒe apostolowo, eye aleke nawɔ aɖo ŋku woƒe ŋkɔ dzi?

▪ Anyigbamamã kawo mee apostoloawo tso?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe