NUSƆSRƆ̃ 80
Yesu Tia Apostolo Wuieve
Esi Yesu ɖe gbeƒã abe ƒe ɖeka kple afã ene megbe la, eva hiã be wòatso nya me le nu vevi aɖe ŋu. Ame kawoe wòatia be woanɔ ye ŋu yewoawɔ dɔa? Ame kawoe wòana hehee be woaxɔ ŋgɔ le Kristo hamea me? Be Yesu natso nya me le nya siawo ŋu la, edi be Yehowa nakpe ɖe ye ŋu. Eya ta eya ɖeɖe yi to aɖe dzi, eye wòdo gbe ɖa zã bliboa katã. Esi ŋu ke la, Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la aɖewo ƒo ƒu eye wòtia wo dometɔ 12 be woanye apostolowo. Ame siawo dometɔ kawo ƒe ŋkɔ dzie nèɖo ŋkui? Woƒe ŋkɔwoe nye Petro, Andrea, Yakobo, Yohanes, Filipo, Bartolomeo, Toma, Mateo, Yakobo Alfeo vi, Tadeo, Simon kple Yuda Iskariot.
Andrea, Petro, Filipo, Yakobo
Ame Wuieve siawo adze eyome ayi afi sia afi si wòayi. Esi wòna hehe wo vɔ la, edɔ wo ɖa be woawo ɖeɖe woava ɖe gbeƒã. Yehowa na ŋusẽ wo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo eye woada dɔ na dɔnɔwo.
Yohanes, Mateo, Bartolomeo, Toma
Yesu yɔ Ame Wuieveawo be ye xɔlɔ̃wo, eye eka ɖe wo dzi. Farisitɔwo bua apostoloawo be wonye ame tsɛwo kple ame siwo mede suku o. Gake Yesu na hehe wo ɖe dɔ si woava wɔ la ŋu. Woanɔ Yesu ŋu le eƒe agbe ƒe ɣeyiɣi vevitɔwo me; ɣeyiɣi mawoe nye, do ŋgɔ na eƒe ku kple eƒe tsitretsitsi megbe. Ame Wuieveawo dometɔ akpa gãtɔ tso Galilea abe Yesu ke ene. Wo dometɔ aɖewo ɖe srɔ̃.
Yakobo Alfeo vi, Yuda Iskariot, Tadeo, Simon
Apostoloawo mede blibo o eya ta wowɔa vodada. Ɣeaɖewoɣi wotsɔ dzitsitsi ƒo nu, eye wowɔ nanewo siwo mesɔ o. Womegbɔa dzi ɖi ɣeaɖewoɣi o. Eye woʋli nya gɔ̃ hã le wo dometɔ si nye gãtɔ ŋu. Gake ame nyuiwoe wonye eye wolɔ̃ Yehowa. Woawoe anye Kristo hamea me tɔ gbãtɔwo le Yesu ƒe dzodzo megbe.
“Meyɔa mi be xɔ̃nyewo, elabena nu siwo katã mese tso Fofonye gbɔ la, mena mienya wo.”—Yohanes 15:15