Ta 45
Ame aɖe si Womebui be Ate Ŋu Anye Nusrɔ̃la O
NU DZIŊƆ kae nye si Yesu kpɔ esi wòɖi ɖe gota! Ŋutsu eve siwo ƒe mo adãwɔwɔ si tɔgbe mebɔ o le la ƒu du tso ameɖibɔ si te ɖe afima ŋu la me gbɔna ɖe egbɔ. Wonye amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le. Esi wòanye be wo dometɔ ɖeka wɔa adã wu nɔvia eye eya kpe fu geɖe wu le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te wu ta la, eya koŋ ye nye amesi dzi amewo ƒe susu le.
Ɣeyiɣi didi aɖee nye sia si amesia si ƒe nu wɔ nublanui la nɔa amama henɔa yɔdowo dome. Enɔa ɣli dodo dzi sesĩe zã kple keli eye wòtsɔa kpe nɔa eɖokui sim. Ewɔa adã ale gbegbe be dzi meble ame aɖeke be wòato afimamɔ o. Wodze agbagba zi geɖe be woablae gake ɖeko wòtsoa kɔsɔkɔsɔawo heŋea kunyowu siwo wode eƒe afɔ. Ame aɖeke mete ŋu kpea edzi o.
Esi ŋutsua gogo Yesu eye wòdze klo ɖe eŋkume la, gbɔgbɔ vɔ̃ siwo kpɔ ŋusẽ ɖe edzi la na wòdo ɣli be: “Nya kae le mía kpli wò dome, Yesu, Mawu dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi! Metà Mawu na wò bena, megawɔ funyafunyam o.”
Yesu nɔ egbɔgblɔ dzi nɛ be: “Do go tso ame la me, wò gbɔgbɔ makɔmakɔ!” Gake Yesu biae be: “Wò ŋkɔ ɖe?”
Eɖo eŋu be: “Nye ŋkɔe nye Legio; elabena mi ame geɖewoe.” Enyea aglotutu na gbɔgbɔ vɔ̃wo be woakpɔ amesiwo me woge ɖo la woanɔ fu kpem, eye edze abe ɖe woƒoa ƒu le nuvlowɔlawo ƒe ha siwo le vɔvɔ̃m ƒe nɔnɔme me gena ɖe wo me ene. Gake esi wodze ŋgɔ Yesu la, woɖe kuku be megatsɔ yewo ƒu gbe ɖe aʋli me o. Míegakpɔe le afisia hã be ŋusẽ gã aɖe le Yesu si; ete ŋu ɖu gbɔgbɔ vɔ̃ ŋutasẽnuwɔlawo kura gɔ̃ hã dzi. Esia ɖee fia hã be gbɔgbɔ vɔ̃wo nyae be yewo dede aʋli me, kpe ɖe yewoƒe ŋgɔnɔla Satana Abosam ŋue nye Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si wòahe va yewo dzi godoo.
Aƒehawo ƒe ha gã aɖe si nye ha 2,000 nɔ gbe ɖum le to si te ɖe afima ŋu la dzi. Eyata gbɔgbɔ vɔ̃awo gblɔ be: “Dɔ mí ɖe hawo me, ne míayi ɖe wo me.” Edze ƒã be gbɔgbɔ vɔ̃wo sea vivi manɔdzɔdzɔmenu si nye dzidzɔkpɔkpɔ ɖe amewo ƒe fukpekpe ŋu ne woge ɖe ŋutilãmenuwɔwɔwo me. Esi Yesu ɖe mɔ na wo woge ɖe hawo me la, wo ame 2,000 la katã ƒu du kplikplikpli tso to la ƒe abu nu ge ɖe ƒu la me heno tsi ku.
Esi amesiwo le haawo kplɔm la kpɔe la, woƒu du yi ɖagblɔe le dua me kple le agbletawo. Eyata amewo va kpɔ nusi dzɔ la. Esi wova la, wokpɔ amesi me gbɔgbɔ vɔ̃awo do go le la. Edo awu eye eƒe mo kɔ eye wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe Yesu ƒe afɔ nu!
Amesiwo kpɔ eteƒe la gblɔ alesi wɔ ŋutsua haya la. Wogblɔ alesi hawo ku si womese egɔme o la hã. Esi ameawo se nya sia la, vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo wo, eye woɖe kuku na Yesu vevie be wòadzo le yewoƒe nutoa me. Eyata elɔ̃ woɖo ʋua. Amesi me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ tsã la ɖe kuku na Yesu be wòaɖe mɔ na ye yeayi kplii. Gake Yesu gblɔ nɛ be: “Heyi aƒewò me ɖe tɔwòwo gbɔ, eye naxlẽ nusianu, si [Yehowa] la wɔ na wò kple alesi wòkpɔ nublanui na wò la afia wo.”
Zi geɖe la, Yesu gblɔna na amesiwo ŋu wòda gbe le be womegagblɔe na ame aɖeke o, elabena medi be amewo natsɔ nyatakaka wɔnuku siwo wose la atsɔ aƒo nya tae o. Gake eɖe mɔ le esia ŋu le esia gome eye enye nusi sɔ elabena amesia si me gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔ tsã anɔ egblɔm le amesiwo gbɔ ɖewohĩ mɔnukpɔkpɔ masu Yesu si be woaɖo o la dome. Gawu la, amea ƒe anyinɔnɔ anye ɖaseɖiɖi tso ŋusẽ si le Yesu si be wòawɔ nyui la ŋu eye esia axe mɔ na nya vɔ̃ ɖesiaɖe si woakaka le eŋu le ha siwo tsrɔ̃ ŋu la hã.
Le wɔwɔ ɖe Yesu ƒe nufiamea dzi me la, amesia si me gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔ tsã la dzo. Edze gbeƒãɖeɖe nusiwo katã Yesu wɔ nɛ gɔme le Dekapoli la katã eye wòwɔ nuku na ameawo ale gbegbe. Mateo 8:28-34; Marko 5:1-20; Luka 8:26-39; Nyaɖeɖefia 20:1-3.
▪ Anye nukatae wohe susu yi ŋutsu siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la dometɔ ɖeka ko dzi togbɔ be wo ame evee gake?
▪ Nukae ɖee fia be gbɔgbɔ vɔ̃wo nya nu tso alesi woava de wo aʋli me le ɣeyiɣi si gbɔna me la ŋu?
▪ Anɔ eme be nukatae wòdzɔa dzi na gbɔgbɔ vɔ̃wo be yewoage ɖe amewo kple lãwo me ɖo?
▪ Nukatae Yesu ɖe mɔ na amesi me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ tsã eye wògblɔ be negblɔ nusi Yewɔ nɛ la na ame bubuwo?