Hehenana ƒe Ðoɖowo
Wonya Yehowa Ðasefowo ƒe Biblia-fiafiadɔ nyuie le xexeame katã.
ESI womefena le woƒe Biblia-fiafiadɔ ŋu o ta la, ɖewohĩ awɔ na ame aɖewo be wometsɔ ɖeke le sukunusɔsrɔ̃ me o. Gake menye nenemae o. Hafi nufiala nafia nu ame bubuwo la, ele be eya ŋutɔ nasrɔ̃ nua gbã, eye esia bia be wòaxɔ hehe kple nufiame nyuie. Eyata tsɔ kpe ɖe nusɔsrɔ̃ le suku nyuie ŋu la, hehenaɖoɖo vovovo kple suku siwo Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ɖo la kpe ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu ƒe geɖe. Nusiawo kpe ɖe Ðasefoawo kple ame bubuwo ŋu wotu woa ŋutɔwo ƒe susu, agbenɔnɔ, kple gbɔgbɔmemenyenye ɖo wònyo ɖe edzi.
Le kpɔɖeŋu me, Ðasefowo dzea ŋgɔ kuxi tɔxɛ aɖe le dukɔ geɖe me—alesi woafia nu amesiwo mekpɔ mɔnu de suku nyuie o alo amesiwo mede ɖeke kura o, si ta womenya nuxexlẽ alo nuŋɔŋlɔ o. Be woakpɔ hiahiã sia gbɔ la, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ɖo nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔsrɔ̃sukuwo.
To suku siawo dzi la, ame akpe geɖewo te ŋu srɔ̃ nuxexlẽ le Nigeria. Numekuku aɖe ɖee fia be Yehowa Ðasefo siwo le Nigeria dometɔ siwo wu 90 le alafa me nya agbalẽ, gake mede 50 le alafa me le dukɔa me tɔ mamleawo dome o. Le Mexico la, Yehowa Ðasefowo dze agbalẽsrɔ̃sukuwo ɖoɖo gɔme tso ƒe 1946 me ke. Le ƒe ɖeka aɖe ko me la, wofia nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ amesiwo wu 6,500 sɔŋ. Le nyateƒe me la, wokpe ɖe ame siwo wu 100,000 ŋu wozu agbalẽnyalawo. Esi ƒeawo va le yiyim la, woɖo agbalẽsrɔ̃sukuwo ɖe dukɔ bubu geɖewo hã me, abe Bolivia, Cameroon, Honduras, Nepal, kple Zambia ene. Yehowa Ðasefowo ta agbalẽ si nye Srɔ̃ Nuxexlẽ Kple Nuŋɔŋlɔ ƒe kɔpi miliɔn adre kple edzivɔwo ɖe gbegbɔgblɔ siwo awu 100 me.
Dukɔ siwo me woɖo agbalẽsrɔ̃suku siawo le ƒe agbalẽsrɔ̃nya dzi kpɔlawo daa asi ɖe wo dzi zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, dziɖuɖudɔwɔla aɖe ŋlɔ le Mexico be: “Meda akpe na mi ɖe miaƒe asikpekpe ɖe dɔ ŋu ta, eye mele dziɖuɖua teƒe le woƒe nyuidiname si tso dzi me ke biam na mi ɖe ŋgɔyidɔ nyui si wɔm miele le sidzedze ƒe kekeli tsɔtsɔ ʋu ŋku na agbalẽmanyalawoe ta. . . . Miaƒe hehenadɔa netsɔ afɔ nyuie.”
Teokrasi Subɔsubɔ Suku
Sukuviwo xɔa nuxexlẽ kple nuƒoƒo le dutoƒo ƒe hehe
Esi Yehowa Ðasefowo mefena le woƒe Biblia-fiafiadɔ ŋu o ta la, wodzea agbagba be yewoadzi yewoƒe Biblia me nyateƒea me ɖeɖe na ame bubuwo ƒe ŋutete ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, le hame siwo wu 119, 000 le xexea me katã la dometɔ ɖesiaɖe me la, wonaa hehe sukuviwo be woabi ɖe nuxexlẽ kple nuƒoƒo le dutoƒo me. Ne ɖevi suetɔwo ke hã nya nuxexlẽ ko la, woate ŋu aŋlɔ ŋkɔ axɔ hehe sia si akpe ɖe wo ŋu le woƒe sukudede me kple le go bubuwo hã me. Nufiala geɖe gblɔ be sukuvi siwo nye Ðasefowo te ŋu ɖea wo ɖokui nu nyuie ŋutɔ.
Wodea nuxexlẽ ƒe dzi ƒo vevie le woƒe hamewo me, eye nenema ke wodea dzi ƒo na ƒome ɖesiaɖe be woaɖo ƒomegbalẽdzraɖoƒe ahade agbalẽ vovovowo eme
Hekpe ɖe eŋu la, wode dzi ƒo na Yehowa Ðasefowo ƒe hame ɖesiaɖe be woaɖo agbalẽdzraɖoƒe si me Biblia-srɔ̃gbalẽwo, nyagɔmeɖegbalẽwo, kple nyadigbalẽ bubuwo anɔ la ɖe woƒe Fiaɖuƒe Akpata me alo takpeƒe. Amesiwo katã dea kpekpe le Fiaɖuƒe Akpataa me ate ŋu azã agbalẽdzraɖoƒe sia faa. Wodea nuxexlẽ ƒe dzi ƒo vevie le woƒe hamewo me, eye nenema ke wodea dzi ƒo na ƒome ɖesiaɖe be woaɖo ƒomegbalẽdzraɖoƒe ahade agbalẽ vovovowo eme be wòakpɔ ɖeviwo kple tsitsiawo siaa ƒe nuhiahiãwo gbɔ.
Hehexɔxɔ Si De Ŋgɔ
Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa gaɖo suku bubuwo be woana hehe ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa woazu dutanyanyuigblɔlawo, kple suku siwo me woana hehe ŋutsu siwo dzi subɔsubɔdɔ ƒe agbawo le le wo gbɔ hamewo me. Suku siawo gaɖo kpe edzi be sukudede le vevie na Yehowa Ðasefowo.