Nusɔsrɔ̃ 10
Nuwɔna Siwo Mawu Lé Fui
Aleke wòle be nàbu nusiwo Mawu gblɔ be womenyo o lae? (1)
Gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔna ka ƒomeviwoe menyo o? (2)
Aleke wòle be Kristotɔ nabu aʋatsokakae? (3) akɔdadae? (3) fififii? (3) adãwɔwɔe? (4) gbɔgbɔyɔyɔe? (5) ahamumui? (6)
Aleke woawɔ adzudzɔ nuwɔna gbegblẽwo? (7)
1. Mawu subɔlawo lɔ̃a nu nyui. Gake ele be woasrɔ̃ alesi woalé fu nuvɔ̃e hã. (Psalmo 97:10) Ema fia be woatsri nuwɔna aɖewo siwo Mawu lé fui. Nukawoe nye nuwɔna mawo dometɔ aɖewo?
2. Matrewɔwɔ: Gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe, ahasiwɔwɔ, lãwo gbɔ dɔdɔ, ƒometɔ kplikplikpli gbɔ dɔdɔ, kple ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ katã nye nuvɔ̃ gãwo ɖe Mawu ŋu. (Mose III, 18:6; Romatɔwo 1:26, 27; Korintotɔwo I, 6:9, 10) Ne ŋutsu kple nyɔnu meɖe wo nɔewo o gake wole wo nɔewo gbɔ la, ke ele be woaklã alo woaɖe srɔ̃ le se nu.—Hebritɔwo 13:4.
3. Aʋatsokaka, Akɔdada, Fififi: Yehowa Mawu mate ŋu aka aʋatso o. (Tito 1:2) Ele be amesiwo di be yewoadze eŋu la natsri aʋatsokaka. (Lododowo 6:16-19; Kolosetɔwo 3:9, 10) Ŋukeklẽ dze le akɔdada ƒomevi ɖesiaɖe me. Eyata Kristotɔwo mekpɔa gome le akɔdada ƒomevi aɖeke me o, abe lotodada, gbetsotso ɖe sɔwo ƒe duɖimekeke dzi, kple bingo ene. (Efesotɔwo 5:3-5) Eye Kristotɔwo mefia fi o. Womeƒlea nusi wonya be enye finu alo tsɔa nuwo ne womebia nua tɔ o.—Mose II, 20:15; Efesotɔwo 4:28.
4. Dɔmedzoe helĩhelĩ dodo, Adãwɔwɔ: Dziku si nu womelé o ate ŋu ana ame nawɔ nu adãtɔe. (Mose I, 4:5-8) Adãwɔla mate ŋu anye Mawu xɔlɔ̃ o. (Psalmo 11:5; Lododowo 22:24, 25) Menyo be míabia hlɔ̃ alo atsɔ vɔ̃ aɖo vɔ̃ siwo ame bubuwo wɔ ɖe mía ŋu teƒe o.—Lododowo 24:29; Romatɔwo 12:17-21.
5. Dzosasa kple gbɔgbɔyɔyɔ: Ame aɖewo biaa gbɔgbɔwo ƒe ŋusẽ tsɔ tenɛ kpɔna be yewoada dɔ na amewo. Ame aɖewo ɖua dzo woƒe futɔwo tsɔ dea dɔ wo ŋu alo tsɔ wua woe gɔ̃ hã. Satana ye nye ŋusẽ si le megbe na nuwɔna siawo katã. Eyata mele be Kristotɔ nakpɔ gome le ɖeke me o. (Mose V, 18:9-13) Yehowa ŋu nɔnɔ kplikplikplie nye ametakpɔkpɔ nyuitɔ kekeake ne ɖewohĩ ame bubuwo sa gbe de mí.—Lododowo 18:10.
6. Ahamumu: Menye nu gbegblẽ wònye be nàno wein, beer, alo aha sesẽ bubu aɖe ƒe sue aɖe o. (Psalmo 104:15; Timoteo I, 5:23) Gake ahatsunono kple ahamumu nye nu gbegblẽ le Mawu ŋkume. (Korintotɔwo I, 5:11-13; Timoteo I, 3:8) Ahatsunono ate ŋu agblẽ nu le wò lãmesẽ ŋu eye wòahe tɔtɔ ava wò ƒomea me. Ate ŋu ana hã be nàge ɖe tetekpɔ bubuwo me bɔbɔe.—Lododowo 23:20, 21, 29-35.
7. Amesiwo wɔa nusiwo Mawu gblɔ be womenyo o la “manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.” (Galatiatɔwo 5:19-21) Ne èlɔ̃ Mawu nyateƒe eye nèdi be yeadze eŋu la, àte ŋu adzudzɔ nusiawo wɔwɔ. (Yohanes I, 5:3) Srɔ̃ alesi nàlé fu nusi Mawu gblɔ be menyo o. (Romatɔwo 12:9) De ha kple amesiwo si mawumenɔnɔmewo le. (Lododowo 13:20) Zɔhɛ siwo nye Kristotɔ tsitsiwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. (Yakobo 5:14) Ƒo wo katã ta la, ɖo ŋu ɖe Mawu ƒe kpekpeɖeŋu ŋu to gbedodoɖa me.—Filipitɔwo 4:6, 7, 13.
[Nɔnɔmetata si le axa 20]
Mawu lé fu ahamumu, fififi, akɔdada, kple adãwɔwɔ