INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • gf nusɔsrɔ̃ 14 axa 22-23
  • Mawu Xɔlɔ̃wo Tsria Nu Gbegblẽ Wɔwɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu Xɔlɔ̃wo Tsria Nu Gbegblẽ Wɔwɔ
  • Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃!
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nuwɔna Siwo Mawu Lé Fui
    Nukae Mawu Di tso Mía Si?
  • Aleke Míawɔ Míaƒe Nu Nadze Mawu Ŋu?
    Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee
  • Akpa 13
    Ðo To Mawu
  • Ðe Mawu agatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo akea?
    Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee!
Kpɔ Bubuwo
Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃!
gf nusɔsrɔ̃ 14 axa 22-23

NUSƆSRƆ̃ 14

Mawu Xɔlɔ̃wo Tsria Nugbegblẽwɔwɔ

Satana tea amewo kpɔna be woawɔ nugbegblẽ. Ele be amesi di be yeanye Mawu xɔlɔ̃ nalé fu nusi Yehowa lé fui. (Psalmo 97:10) Nusiwo Mawu xɔlɔ̃wo tsrina dometɔ aɖewoe nye si:

Nu siwo Yehowa lé fui dometɔ aɖewoe nye gbɔdɔdɔ manɔsenu, ahamumu, fuɖeɖe, fififi, aʋatsokaka, dzikudodo helĩhelĩ kple tsatsadada

Gbɔdɔdɔ me nuvɔ̃wo. “Megawɔ ahasi o.” (Mose II, 20:14) Gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe hã menyo o.—Korintotɔwo I, 6:18.

Ahamumu. “Ahamulawo . . . [manyi] mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.”—Korintotɔwo I, 6:10.

Amewuwu, Fuɖeɖe. “Megawu ame o.”—Mose II, 20:13.

Fififi. “Megafi fi o.”—Mose II, 20:15.

Aʋatsokaka. Yehowa lé fu “aʋatsoɖe.”—Lododowo 6:17.

Ŋutasesẽ Kple Dziku Helĩhelĩ. ‘Yehowa léa fu amesi lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ.’ (Psalmo 11:5) ‘Ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo dometɔ aɖee nye dɔmedzoedodo.’—Galatiatɔwo 5:19, 20.

Tsatsadada. ‘Migade ha kple amesi nye ŋubiãla o.’—Korintotɔwo I, 5:11.

Ameƒomeviwo Kple Gbevovovodolawo Dome Fulélewo. “Milɔ̃ miaƒe ketɔwo; . . . eye mido gbe ɖa ɖe amesiwo le mia yome tim la ta.”—Mateo 5:43, 44.

Nusiwo Mawu gblɔna na mí la nyo na mía ŋutɔwo. Mele bɔbɔe ɣesiaɣi be woatsri nugbegblẽwɔwɔ o. Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu kple eƒe Ðasefowo ƒe kpekpeɖeŋu me la, àte ŋu aƒo asa na nusiwo medzea Mawu ŋu o la wɔwɔ.—Yesaya 48:17; Filipitɔwo 4:13; Hebritɔwo 10:24, 25.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe