INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • rq nusɔsrɔ̃ 11 axa 22-23
  • Dzixɔse Kple Kɔnu Siwo Medzea Mawu Ŋu O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzixɔse Kple Kɔnu Siwo Medzea Mawu Ŋu O
  • Nukae Mawu Di tso Mía Si?
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Easter alo Ŋkuɖodzi Kae Wòle Be Nàɖu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tiae Be Yeasubɔ Mawu
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Meɖua Easter (Pâques) O?
    Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
  • Ðe Azãɖuɖuwo Katã Dzea Mawu Ŋua?
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
Kpɔ Bubuwo
Nukae Mawu Di tso Mía Si?
rq nusɔsrɔ̃ 11 axa 22-23

Nusɔsrɔ̃ 11

Dzixɔse Kple Kɔnu Siwo Medzea Mawu Ŋu O

Dzixɔse kple kɔnu kawo ƒomeviwoe menyo o? (1)

Ðe wòle be Kristotɔ naxɔe se be Mawuɖekaetɔ̃e Mawu nyea? (2)

Nukata Kristotɔ vavãwo meɖua Kristmas, Easter, alo dzigbezãwo o? (3, 4)

Ðe ame kukuwo ate ŋu awɔ nuvevi ame gbagbewoa? (5)

Atitsoga ŋue Yesu ku ɖoa? (6)

Aleke gbegbee wòle vevie be míadze Mawu ŋui? (7)

1. Menye dzixɔse kple kɔnuwo katãe gblẽ o. Gake ne alakpasubɔsubɔ mee wotso alo wotsi tre ɖe Biblia ƒe nufiafiawo ŋu la, Mawu medaa asi ɖe wo dzi o.—Mateo 15:6.

2. Mawuɖekaetɔ̃: Ðe Yehowa nye Mawuɖekaetɔ̃—ame etɔ̃ le Mawu ɖeka mea? Ao! Yehowa, Fofo la, ye nye “Mawu vavã ɖeka la.” (Yohanes 17:3; Marko 12:29) Yesue nye Eƒe Ŋgɔgbevi, eye Mawu tee wòle. (Korintotɔwo I, 11:3) Fofo la lolo wu Vi la. (Yohanes 14:28) Menye amee gbɔgbɔ kɔkɔea nye o; Mawu ƒe dɔwɔŋusẽe.—Mose I, 1:2; Dɔwɔwɔwo 2:18.

3. Kristmas kple Easter: Menye December 25 dzie wodzi Yesu o. Wodzii le October 1 lɔƒo, si nye ɣeyiɣi si me alẽkplɔlawo kplɔa woƒe lãhawo yia gbedzii le zã me. (Luka 2:8-12) Yesu mede se na Kristotɔwo gbeɖe be woaɖu yeƒe dzigbezã o. Ke boŋ egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woanɔ yeƒe ku ƒe ŋkuɖodzinu wɔm, alo woaɖo ŋku edzi. (Luka 22:19, 20) Blema alakpasubɔsubɔwo mee Kristmas kple eŋuti kɔnuwo dzɔ tso. Nenema ke nye Easter-kɔnuwo, abe koklozi kple fɔmizi zazã ene hã. Kristotɔ gbãtɔwo meɖu Kristmas alo Easter o, eye nyateƒe Kristotɔ siwo li egbea hã meɖunɛ o.

4. Dzigbezãwo: Amesiwo mesubɔa Yehowa o ye ɖu dzigbezã eve siwo ŋu ko Biblia ƒo nu tsoe. (Mose I, 40:20-22; Marko 6:21, 22, 24-27) Kristotɔ gbãtɔwo meɖu dzigbezãwo o. Blema alakpasubɔsubɔwo mee dzigbezãɖuɖu ƒe kɔnua dzɔ tso. Nyateƒe Kristotɔwo naa nu amewo eye woƒoa ƒu kpɔa dzidzɔ le ƒea ƒe ɣeyiɣi bubuwo me.

5. Vɔvɔ̃ na Ame Kukuwo: Ame kukuwo mate ŋu awɔ naneke alo ase naneke le wo ɖokui me o. Míate ŋu akpe ɖe wo ŋu o, eye womate ŋu awɔ nuvevi mí o. (Psalmo 146:4; Nyagblɔla 9:5, 10) Luʋɔ la kuna; meyia edzi nɔa agbe le ku megbe o. (Xezekiel 18:4) Gake ɣeaɖewoɣi dɔla vɔ̃ɖi, siwo woyɔna be gbɔgbɔ vɔ̃wo, wɔa wo ɖokui abe ame kukuwo ƒe gbɔgbɔ ene. Kɔnu siwo katã do ƒome kple vɔvɔ̃ na ame kukuwo alo wo subɔsubɔ la menyo o.—Yesaya 8:19.

6. Atitsoga: Menye atitsoga ŋue Yesu ku ɖo o. Ati tsrala, alo ati dzɔdzɔe ŋue wòku ɖo. Helagbe me nya si gɔme woɖe be “atitsoga” le Biblia geɖe me la fia ati dzɔdzɔe ko. Blema alakpasubɔsubɔwo mee atitsoga ƒe dzesia dzɔ tso. Kristotɔ gbãtɔwo mezã atitsoga alo de ta agu nɛ o. Eyata èbu be asɔ be míazã atitsoga le tadedeagu mea?—Mose V, 7:26; Korintotɔwo I, 10:14.

7. Ðewohĩ asiɖeɖe le dzixɔse kple kɔnu siawo dometɔ aɖewo ŋu asesẽ ŋutɔ. Ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo adze agbagba be yewoana nagbe wò dzixɔsewo tɔtrɔ. Gake ele vevie be nàdze Mawu ŋu wu be nàdze amegbetɔwo ŋu.—Lododowo 29:25; Mateo 10:36, 37.

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Menye Mawuɖekaetɔ̃e Mawu nye o

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Blema alakpasubɔsubɔwo mee Kristmas kple Easter dzɔ tso

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Susu aɖeke meli si ta míasubɔ ame kukuwo alo avɔ̃ wo o

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe