AKPA 9
Ɣekaɣie Paradiso Ava?
Xaxa siwo le anyigba dzi fia be Mawu Fiaɖuƒea aɖɔ nuwo ɖo kpuie. Luka 21:10, 11; 2 Timoteo 3:1-5
Biblia gblɔ nu siwo le dzɔdzɔm egbea la dometɔ geɖe ɖi xoxo. Egblɔ be amewo anye galɔ̃lawo, ame maɖoto dzilawo, ame wɔadãwo, kple ame siwo lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ vivivo.
Biblia gblɔ be anyigbaʋuʋu gãwo adzɔ, aʋawo adzɔ, nuɖuɖu ave, eye dɔléle akaka aɖo teƒeteƒewo. Nu siawo tututue le dzɔdzɔm egbea.
Gawu la, Yesu gblɔ be woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyuia le anyigba katã dzi.—Mateo 24:14.
Fiaɖuƒea aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖe sia ɖe ɖa. 2 Petro 3:13
Eteƒe madidi o Yehowa atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo katã.
Woahe to na Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo.
Ame siwo ɖoa to Mawu atsi agbe ayi dzɔdzɔenyenye xexe yeyea me, afi si vɔvɔ̃ maganɔ o; afi si amewo aka ɖe wo nɔewo dzi ahalɔ̃ wo nɔewo le.