Agbenɔnɔ si Nyo Wu—Ava Kpuie!
DE ŊUGBLE le yamenɔnɔmewo gblɔɖila aɖe ƒe nya siwo vaa eme ɣesiaɣi kloe ŋu kpɔ. Ne egblɔ le fiẽ ƒe nyatakakawo me be tsi le dzadza ge ŋufɔke la, màgbe wò xexi tsɔtsɔ ne èle dodom ŋufɔkea ƒe ŋdi o. Eƒe nya siwo wògblɔ va yi wova eme lae na kakaɖedzi wò. Èwɔa nu wòsɔna ɖe nya si wògblɔ la nu.
Ke kakaɖedzi kae le agbenɔnɔ si nyo wu le paradisonyigba dzi si ƒe ŋugbe Yehowa do la ŋu? Enyo, nukae nuŋlɔɖi siwo le eŋu la fia? Biblia me nyagblɔɖiwo ƒe emevava ɖo kpe Yehowa ƒe nya siwo wògblɔ la dzi. Enye Mawu si ƒe nyawo de pɛpɛpɛ eye eƒe nyateƒetɔnyenye medoa kpo nu o. (Yosua 23:14; Yesaya 55:11) Kakaɖedzi le Yehowa Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu ale gbegbe be ɣeaɖewoɣi ne ele nu ƒom tso etsɔme nudzɔdzɔ siwo ƒe ŋugbe wòdo ŋu la, egblɔa wo abe ɖe nuawo dzɔ vɔ xoxo ene. Le kpɔɖeŋu me, míexlẽ nu tso xexe yeye si me ku kple konyifafa maganɔ o si ƒe ŋugbe wòdo la ŋu be: “Eva [yayra siwo ƒe ŋugbe wòdo] ve me!” Wogagblɔe bubu be, “Nyateƒenya wonye!”—Nyaɖeɖefia 21:5, 6, NW, etenuŋɔŋlɔ.
Ẽ, Yehowa ƒe tsã ŋugbedodowo mevava na míeka ɖe edzi be agbenɔnɔ si nyo wu si ƒe ŋugbe wòdo na ameƒomea ava eme. Gake ɣekaɣie agbenɔnɔ sia si nyo wu la ava?
Agbenɔnɔ si Nyo Wu—Ɣekaɣie?
Agbenɔnɔ si nyo wu sã ava kpuie! Míate ŋu aka ɖe edzi, elabena Biblia gblɔ be nu gbegblẽ geɖe adzɔ le anyigba dzi do ŋgɔ teti na Paradiso si me agbenɔnɔ si nyo wu la nava. Nu gbegblẽ mawoe le dzɔdzɔm egbea.
Le kpɔɖeŋu me, Yesu Kristo gblɔ ɖi be aʋa gãwo adzɔ. Egblɔ be: “Dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti.” (Mateo 24:7) Nyagblɔɖi siawo va eme nyateƒe. Tso ƒe 1914 vaseɖe ƒe 1945 me la, wowɔ xexemeʋa eve, eye wogawɔ aʋa gbogbo bubu siwo me dukɔwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu le. “Le mamã dedie nu la, amesiwo kuna le aʋa me ƒe sia ƒe le ɣeyiɣi sia me [tso Xexemeʋa II dzi] sɔ gbɔ wu amesiwo ku le ƒe alafa 19 lia me ƒe teƒe eve, eye amesiwo ku le ƒe alafa 18 lia me ƒe teƒe adre sɔŋ.”—World Military and Social Expenditures 1993.
Dɔléame ƒe agbɔsɔsɔ hã nye kpeɖodzi bubu be agbe si nyo wu nɔnɔ le Paradiso me tu aƒe. Yesu gblɔ ɖi be “dɔvɔ̃wo lava teƒeteƒewo.” (Luka 21:11) Ðe nyagblɔɖi siawo va emea? Ẽ. Le xexemeʋa gbãtɔ megbe la, Spaniatɔwo ƒe dzamezã wu amesiwo wu miliɔn 20. Tso ema dzi la, cancer, dzidɔ, asrã, AIDS, kple dɔ bubuwo wu ame miliɔn geɖe. Le dukɔ siwo le ŋgɔ yim me la, dɔléle siwo tso tsi manyomanyo zazã gbɔ (kpe ɖe mitsinyenye kple vɔkluiwo ŋu) wua ame miliɔn geɖe ƒe sia ƒe.
Yesu gagblɔ be: “Dɔwuame . . . ava.” (Mateo 24:7) Abe alesi míegblɔe le nyati si do ŋgɔ me ene la, xexeame ƒe ame dahewo mekpɔa nuɖuɖu sinu asu na wo la ɖuna o. Esia ganye ɖaseɖiɖia ƒe akpa bubu si fia be agbe si nyo wu sã nɔnɔ le Paradiso me gbɔna kpuie.
Yesu gblɔ be: ‘Anyigbaʋuʋu gãwo ava.’ (Luka 21:11) Esia hã va eme le míaƒe ɣeyiɣia me. Tso 1914 me la, anyigbaʋuʋu gblẽnuwo tsrɔ̃ ame akpe alafa geɖe.
Biblia yi edzi gblɔ be amewo ƒe nɔnɔme atrɔ le “ŋkeke mamleawo” me. Woanye “ɖokuilɔ̃lawo” kple “galɔ̃lawo” kple ɖevi “maɖoto dzilawo.” Ame akpa gãtɔ anye “amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu.” (Timoteo II, 3:1-5) Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be aleae wòle na ame geɖe oa?
Zi alesi nugbegblẽwɔlawo le agbɔ sɔm ɖe edzi la, zi nenemae sedzimawɔmawɔ hã le dzidzim ɖe edzii. Wogblɔ esia hã ɖi. Yesu gblɔ “sedzimawɔmawɔ ƒe agbɔsɔsɔ” ŋu nya le Mateo 24:12. Àlɔ̃ ɖe edzi be nuvlowɔwɔ le fievo dom ɖe edzi fifia wu alesi wònɔ le ƒe siwo va yi me. Eyata le teƒe ɖesiaɖe la, ele be amewo nanɔ ŋudzɔ be woagafi yewo, aba yewo, alo awɔ nuvevi yewo le mɔ aɖe nu o.
Aʋawɔwɔwo, dɔlélewo ƒe kakaɖi, nuɖuɖu ƒe veve, anyigbaʋuʋuwo, nuvlowɔwɔ ƒe agbɔsɔsɔ, kple amewo dome kadodo ƒe gbegblẽ si le vovlom ɖe dzi—nusiawo katã va eme egbea abe alesi Biblia gblɔe ɖi ene. Ðewohĩ àbia be: ‘Gake ɖe nusiawo medzɔna le amegbetɔ ƒe ŋutinya katã me oa?’ ‘Nukae to vovo le míaƒe ɣeyiɣia ŋuti?’
Nu geɖe ɖe dzesi ŋutɔ le nusiwo le dzɔdzɔm egbea ŋuti. Biblia megblɔ be dzesi ɖeka ko abe nuɖuɖuveve ene anye kpeɖodzi be míele nuwuɣia me eye agbenɔnɔ si nyo wu la tu aƒe o. Biblia me nyagblɔɖi siwo ku ɖe ŋkeke mamleawo ŋu ava eme ɖe mawumavɔ̃lawo ƒe dzidzime dzi.—Mateo 24:34-39; Luka 17:26, 27.
Hekpe ɖe eŋu la, ewɔ nuku be Yesu ƒe nyagblɔɖi ƒe akpa geɖe—vevietɔ esiwo ku ɖe nuɖuɖuveve kple dɔvɔ̃wo ƒe kaka ŋu—le eme vam egbea. Nukatae? Nusitae nye be dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe nutovɛwo de ŋgɔ fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe tɔ. Atikeŋutinunya kple dɔdamɔnuwo va de ŋgɔ fifia eye wobɔ fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe. Mawu ɖeka koe ate ŋu agblɔe ɖi le eƒe Nya, Biblia, me be le ɣeyiɣi sia me la, dɔvɔ̃wo kple dɔwuame avlo ɖe edzi ke menye be woanyo ɖe edzi o.
Esi wònye be Biblia me nyagblɔɖi siwo ku ɖe nuwuɣi alo “ŋkeke mamleawo” ŋu le eme vam ta la, nya kae míagblɔ? Eyae nye be agbenɔnɔ si nyo wu la tu aƒe! Gake aleke wòava emee?
Agbenɔnɔ si Nyo Wu—Alekee?
Èsusu be amegbetɔwo ate ŋu ahe Paradiso vɛa? Le ŋutinya katã me vaseɖe egbea la, amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu ƒomevi vovovowo nɔ anyi. Wo dometɔ aɖewo dze agbagba vevie be yewoakpɔ amewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Gake ɖeko kuxi geɖe nu le sesẽm ɖe edzi. Le dukɔ deŋgɔwo kple dukɔ dahewo siaa me la, dziɖuɖuwo ho aʋa ɖe atikevɔ̃ɖizazã, aƒe dahewo, ahedada, nuvlowɔwɔ, dɔmakpɔwɔe, kple aʋawɔwɔ ŋuti.
Ne dziɖuɖuwo ate ŋu akpɔ kuxi siawo dometɔ aɖewo gbɔ hã la, womate ŋu ana lãmesẽ blibo amewo gbeɖe o; nenema ke womate ŋu aɖe amegãkuku kple ku hã ɖa o. Eme kɔ ƒãa be amegbetɔ mate ŋu ahe Paradiso ava anyigba sia dzi gbeɖe o.
Biblia gblɔ nunyatɔe be: “Migaɖo ŋu ɖe amegãwo, amegbetɔvi, siwo mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o.” Ke ameka ŋue míaɖo ŋu ɖo? Biblia ɖo eŋu be: “Woayra amesi Yakob ƒe Mawu la nye xɔname na, amesi ƒe mɔkpɔkpɔ le Yehowa, eƒe Mawu la dzi.” (Psalmo 146:3, 5) Ne míeda míaƒe mɔkpɔkpɔ ɖe Yehowa Mawu dzi la, mado ŋukpe mí gbeɖe o.
Kakaɖedzitɔe la, Amesi tsɔ nunya kple ŋusẽ wɔ anyigba, ɣe, kple ɣletiviwo ate ŋu atrɔ anyigba hã wòazu paradiso. Ate ŋu ana amewo nase vivi le agbenɔnɔ si nyo wu me. Nusianu si Yehowa Mawu ɖo be yeawɔ la, ate ŋui eye awɔe hã. Eƒe Nya gblɔ be: “Naneke mesẽ na Mawu o.” (Luka 1:37) Gake aleke Mawu ahe agbenɔnɔ si nyo wu la vɛ?
Yehowa ato eƒe Fiaɖuƒe dzi ahe agbenɔnɔ si nyo wu sã vɛ na ameƒomea. Eye nukae nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea? Enye dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ si ƒe Dziɖula, Yesu Kristo, Mawu ŋutɔ tia. Mawu ƒe Fiaɖuƒea anɔ dziƒo gake ahe yayra wɔnukuwo kple agbenɔnɔ si nyo wu sã vɛ na Paradisonyigba dzi nɔlawo kpuie.—Yesaya 9:5, 6.
Ðewohĩ ènya Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖa si le Biblia me le Mateo 6:9-13 la xoxo. Gbedodoɖa ma na Mawu ƒe akpa aɖe gblɔ be: “Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene.” Le ɖekawɔwɔ me kple gbedodoɖa ma la, Mawu ƒe Fiaɖuƒea le ‘vava’ ge hena Yehowa Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba ƒe emevava. Eye eƒe tameɖoɖo wònye be anyigba la nazu paradiso.
Nyabiabia mamle aɖe fɔ ɖe tsitre: Nukae wòle be nàwɔ anɔ agbe si nyo wu le dzidzɔ me la Paradiso si gbɔna la me?
Nusi Wòhiã be Nàwɔ
Yehowa Mawu ʋu agbenɔnɔ si nyo wu le Paradiso me ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖi lɔlɔ̃tɔe na amesiwo katã wɔa eƒe lɔlɔ̃nu. Biblia gblɔ na mí be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Psalmo 37:29) Gake nukae wɔa ame dzɔdzɔetɔe le Mawu ŋkume?
Hafi míadze Yehowa ŋu la, ehiã be míasrɔ̃ nu geɖe wu tso nusiwo wòdi be míawɔ la ŋu. Ne míewɔ ɖe nusi míesrɔ̃ tso Mawu ŋu dzi la, míate ŋu anɔ agbe tegbee. Yesu gblɔ le gbedodoɖa na Mawu me be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.”—Yohanes 17:3.
Agbalẽ si ƒo nu na mí tso Yehowa Mawu kple Yesu Kristo ŋu lae nye Mawu ƒe Nya Biblia. Enye Yehowa ƒe nunana xɔasitɔwo dometɔ ɖeka. Biblia le abe lɛta si tso fofo lɔlɔ̃ aɖe gbɔ na viawo ene. Egblɔ ŋugbe si Mawu do be yeahe agbenɔnɔ si nyo wu vɛ na ameƒomea eye wòfia alesi míawɔ wòasu mía si la mí. Biblia gafia nusiwo Mawu wɔ va yi kple esiwo wòle wɔwɔ ge le etsɔme la mí. Egaɖo aɖaŋu siwo míatsɔ akpɔ míaƒe kuxiwo gbɔ dzidzedzetɔe mí. Nyateƒee, Mawu ƒe Nya hã fia alesi míawɔ akpɔ dzidzɔ vaseɖe afi aɖe le xexe si me xaxawo bɔ ɖo me la mí.—Timoteo II, 3:16, 17.
Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoawɔ aƒeme Biblia-nusɔsrɔ̃ femaxee kpli wò. Srɔ̃ alesi nànɔ agbe si me dzidzɔ le wu fifia ahanɔ mɔ kpɔm na agbenɔnɔ si nyo wu sã ƒe vava kpuie.
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
Biblia ƒe nyagblɔɖiwo fia be agbenɔnɔ si nyo wu la tu aƒe
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Mawu ƒe Fiaɖuƒea ahe agbenɔnɔ si nyo wu vɛ na ameƒomea