NUSƆSRƆ̃ 14
Nuwɔwɔ Ðe Wò Dzɔdzɔme Nuwɔna Nu
NUƑOƑO wòasɔ ɖe alesi nèƒoa nui le dzɔdzɔme nu awɔe be amewo naka ɖe dziwò. Ðe nàka ɖe amesi tsɔ amemo tsyɔ ŋkume tsɔ ɣla eɖokui hafi le nu ƒom na wò la dzia? Ke ne amemo si amea ɖɔ la nya kpɔ wu nuƒolaa ŋutɔ ƒe mo ɖe, ɖe esia awɔe be nàka ɖe edzia? Anɔ eme be màka ɖe edzi o. Ekema le esi nànɔ nu wɔm abe ame bubu aɖe ene teƒe la, wɔ nu wòasɔ ɖe wò dzɔdzɔme nuwɔna nu boŋ.
Nuwɔwɔ wòasɔ ɖe wò dzɔdzɔme nuwɔna nu mefia be woawɔ nu ɖekematsɔlemetɔe o. Gbeŋutise mazamazã nyuie, nyawo mayɔmayɔ pɛpɛpɛ, kple nuƒoƒo si me nyawo maɖi nyuie o la mesɔ o. Ele hã be woatsri nya siwo gɔme ame hatsotso aɖewo ko ase la zazã. Míedi be míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔna siaa naɖe bubu si sɔ afia ɣesiaɣi. Amesi wɔa nu wòsɔna ɖe eƒe dzɔdzɔme nu meƒoa nu be wòasɔ ɖe ɖoɖo deŋgɔ aɖe koŋ nu alo tsia dzi ɖe alesi wòawɔ nu axɔ kafukafu tso amewo gbɔe ŋu o.
Le Gbeadzi. Ne èle gegem ɖe aƒewo me alo nèyi amewo gbɔ be nàɖi ɖase la, ɖe vɔvɔ̃ ɖoa wòa? Esia ɖea fu na mía dometɔ akpa gãtɔ, gake eɖea fu na ame aɖewo wu ame bubuwo. Dzitsitsi ate ŋu ana míaƒe gbe me nadi be yeaxe alo wòanɔ ƒoƒom, alo vɔvɔ̃ ate ŋu awɔe be míaƒe asiwo alo ta nanɔ ƒoƒom.
Gbeƒãɖela ate ŋu ado go kuxi sia le susu vovovowo ta. Ðewohĩ etsi dzi ɖe alesi amewo abu ɖe eŋu ŋuti alo ele eŋu bum nenye be ɖe yeƒe ɖaseɖiɖi anya se hã. Nusiawo te ŋu dzɔna ɖe amesiame dzi, gake ne wotsi dzi fũ akpa ɖe nusiawo ŋue wòva zua kuxi. Ne vɔvɔ̃ ɖoa wò esime nèdi be yeaɖi ɖase la, ke nukae akpe ɖe ŋuwò? Eyae nye dzadzraɖo nyuie do ŋgɔ kpakple gbedodoɖa vevie na Yehowa. (Dɔw. 4:29) Bu nublanuikpɔkpɔ gã si Yehowa ɖe fia esi wòle amewo kpem be woava se vivi le agbe mavɔ nɔnɔ me le lãmesẽ blibo me le Paradiso me ŋu kpɔ. Gabu amesiwo ŋu nèle agbagba dzem be yeakpe ɖo kple alesi wòhiã be woase nyanyuiae hã ŋu kpɔ.
Ðo ŋku edzi hã be tiatiawɔwɔblɔɖe le amewo si, eyata woate ŋu axɔ gbedasia loo alo agbee. Alea ke wònɔ esime Yesu ɖi ɖase le blema Israel. Dɔ si wode asi na wò koe nye be nàɖe gbeƒã. (Mat. 24:14) Ne amewo meɖe mɔ na wò be nàƒo nu o gɔ̃ hã la, wo gbɔ yiyi ɖeɖe dzaa nyea ɖaseɖiɖi. Èkpɔ dzidzedze elabena èna Yehowa zã wò tsɔ wɔ eƒe lɔlɔ̃nui. Le ɣeyiɣi siwo me mɔnukpɔkpɔ asu asiwò be nàƒo nu la, aleke nàƒo nui? Ne èsrɔ̃ alesi nàda susu ɖe amewo ƒe nuhiahiãwo dzi la, wò nuƒoa anya se eye wòasɔ ɖe alesi nèƒoa nui le dzɔdzɔme nu.
Ne wò nuwɔna kple nuƒoƒo le ɖaseɖiɖi me sɔ ɖe alesi nèle le dzɔdzɔme nu la, ana wò nyaselawo naɖe dzi ɖi. Anɔ eme be woalɔ̃ aɖo to Ŋɔŋlɔawo me nufiame siwo nèdi be yeagblɔ na wo la nyuie wu. Le esi nàƒo nu na amewo tẽ abe mawunya gblɔm nèle na wo ene teƒe la, ɖo dze kpli wo boŋ. Ðe xɔlɔ̃wɔwɔ fia. Tsɔ ɖe le amewo me, eye nàɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe nya si wogblɔ ŋu. Le afisi gbegbɔgblɔ alo dekɔnu bia be nàwɔ nu ɖe mɔ aɖe nu atsɔ aɖe bubu afia le nuƒoƒo na amesiwo mènya o me la, asɔ be nàwɔ ɖe edzi. Gake ele be nàɖe dzi ɖi ɣesiaɣi ahaɖo nukomo.
Ne Èle Nuƒolanɔƒea. Ne èle nu ƒom na ƒuƒoƒo aɖe la, nuƒoƒo alesi nèƒoa nui wòanɔ dzeɖoɖo ƒe nɔnɔme me ye nye nyuitɔ. Nyateƒe wònye be ne nyaselawo sɔ gbɔ la, ahiã be nàkɔ gbe dzi vie wu ya. Ne èdze agbagba be yealé nuƒoa ɖe susu me alo be yeaŋlɔ nya sia nya ɖi la, ke ɖewohĩ esia fia be nètsi dzi akpa ɖe alesi tututu wòle be nàgblɔ nya lae ŋu. Nya siwo sɔ zazã le vevie, gake ne èda susu ɖe esiawo dzi fũ akpa la, nuƒoa ava to mɔ ɖeka eye wòanɔ abe agbalẽ mee nèle exlẽm tsoe ene. Masɔ ɖe alesi nèƒoa nui gbesiagbe nu o. Ele be nàbu susu veviawo ŋu nyuie do ŋgɔ, gake lé fɔ ɖe susuawo koŋ ŋu, menye ɖe nya siwo tututu nàzã atsɔ agblɔ woe ŋu o.
Nenema ke wòle ne wole gbe biam wò le kpekpeawo me. Dzra ɖo nyuie, gake mègaxlẽ ŋuɖoɖoa tso agbalẽ me alo alé nya siwo tututu nàzã ɖe susu me o. Ƒo nu alesi nèƒoa nui kple gbetɔtrɔ vovovo le afisiwo wòahiã le eye nàna nyawo nado faa le wo ɖokui si ne wòanya se.
Nuƒoƒo ƒe nudidi nyuiwo gɔ̃ hã zazã si gbɔ eme ana nyaselawo nakpɔe be mèle nu wɔm ɖe wò dzɔdzɔme nuwɔna nu o. Le kpɔɖeŋu me, ele be nàƒo nu eme nakɔ eye nàyɔ nyawo pɛpɛpɛ gake esia mefia be nàɖoe koŋ awɔe wòagbɔ eme wòanye nuƒoƒo le mɔ tɔxɛ aɖe koŋ nu si menye wò dzɔdzɔme nuƒoƒo o. Ne èzã asi kple ŋutinu bubuwo tsɔ te gbe ɖe nya dzi alo tsɔ ɖɔ nane ƒe nɔnɔmee wòsɔ la, ate ŋu ana wò nuƒoa nalé vi wu, gake ŋutinuwo zazã kple ŋusẽ ɖe ƒomevii alo wo zazã wòagbɔ eme ahe amewo ƒe susu ɖa le nya si gblɔm nèle ŋu. Na wò gbe nayi dzi alesi sɔ, gake mègado aƒa o. Asɔ be ɣeaɖewoɣi nàde dzo wò nuƒoa me, gake tsri nugbɔmewɔwɔ. Ele be nàwɔ gbetɔtrɔ vovovowo, dzonɔameme, kple seselelãme siaa ŋudɔ alesi mahe susu ava ɖokuiwò dzi loo alo be wòana wò nyaselawo natsi mavomavo le wo ɖokui me o.
Ame aɖewo te ŋu gblɔa nya wòsɔna ɖe edzi pɛpɛpɛ tso dzɔdzɔme, ne menye dutoƒonuƒo ƒom wole o gɔ̃ hã. Dze nya ɖona na ame bubuwo hã ŋutɔ. Nusi le vevie enye be nàƒo nu nyuie alesi sɔ gbesiagbe eye nàwɔ nu alesi dze Kristotɔe. Ekema ne èva ɖo nuƒolanɔƒea la, àƒo nu ahawɔ nu wòasɔ ɖe wò dzɔdzɔme nuwɔna nu wòadze ame ŋu.
Ne Èle Nu Xlẽm le Dutoƒo. Nuxexlẽ le dutoƒo wòasɔ ɖe wò dzɔdzɔme nuƒoƒo nu bia agbagbadzedze. Be nàte ŋu awɔ esia nyuie la, de dzesi susu vevi siwo le nyati si xlẽ ge nàla me, eye nàkpɔ alesi wotrɔ asi le wo ŋui. Na nusiawo me nakɔ ɖe susu me na wò nyuie; ne menye nenema o la, ɖeko nànɔ nyawo xlẽm ko. Di nya siwo yɔyɔ mènya nyuie o la ƒe yɔyɔ pɛpɛpɛ. Srɔ̃ alesi nàkɔ gbe dzi axlẽ nuae bene nàse alesi wò gbe atrɔ ɖe nyawo ƒe ɖiɖi ŋui eye be nàxlẽ nyawo atsiã ɖe enu le mɔ si ana egɔme nanya se nyuie nu. Kɔ gbe dzi nàxlẽe ato eme zi gbɔ zi geɖe vaseɖe esime nuxexlẽa katã nazɔ nyuie. Se nuxexlẽa gɔme nyuie ale be ne èkɔ gbe dzi le exlẽm la, wò nuxexlẽ nanɔ abe dzeɖoɖo lédziname aɖe ene. Esiae nye nuwɔwɔ ɖe wò dzɔdzɔme nuwɔna nu.
Nyateƒee, nusiwo míexlẽna le gaglãgbe ƒe akpa gãtɔ tsoa míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo me. Le nuxexlẽ ƒe dɔdasi si wonana le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me megbe la, míexlẽa mawunyakpukpuiwo le gbeadzi kpakple ne míele nuƒo ƒom le nuƒolanɔƒea. Wodea dɔ asi na nɔviŋutsuwo be woaxlẽ nu le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ me kpakple le Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ me. Wodea dɔ asi na nɔviŋutsu bibi aɖewo hã be woaxlẽ nuƒo si me nya woŋlɔ ɖi tẽ na nyaselawo le nutome gã takpekpewo me. Eɖanye Biblia alo nu bubu aɖe xlẽm nèle o, xlẽ eƒe akpa siwo nye amewo ƒe nyagbɔgblɔwo le mɔ si ana nuxexlẽa nadze abe ameawo ŋutɔ ƒe numegbe sem wole ene nu. Ne ame vovovowo ƒe nyawo dze la, trɔ wò gbe vovovoe le mɔ si asɔ na wo dometɔ ɖesiaɖe nu. Nuxlɔ̃amenya aɖee nye si: Mègawɔ nu wòagbɔ eme le esia wɔwɔ me o, gake na agbe nanɔ nuxexlẽa me wòasɔ.
Nuxexlẽ si sɔ la nɔa dzeɖoɖo ƒe nɔnɔme me. Nuxexlẽa meɖina abe ame aɖe tɔ sɔsrɔ̃ ene o ke boŋ eɖea kakaɖedzi si le mewò fiana.