Nyabiaɖaka
◼ Nukae wòle be wòanɔ susu me na mí ku ɖe nusɔsrɔ̃nyati ƒe memamãwo xexlẽ le kpekpewo me ŋu?
Wotsɔa ɣeyiɣi siwo woɖo ɖe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a kple Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃a wɔwɔ ŋu ƒe akpa gãtɔ xleã memamãwoe. Esia fia be agba gã aɖe le nɔviŋutsu si wode nuxexlẽdɔa asi na dzi be wòanye nufiala. Ele be wòaxlẽ nua le mɔ si nu awɔe be nyatia ‘gɔme nanya se’ ale be menye ɖeko nyaselawo ase egɔme ko o ke aʋã wo hã be woawɔ eŋuti dɔ. (Nex. 8:8) Eyata ehiã be nuxlẽla la nadzra ɖo nyuie ɖe eƒe dɔdasia ŋu. (Tim. I, 4:13; kpɔ School Guidebook ƒe nusɔsrɔ̃ 6.) Nuxexlẽ le dutoƒo ŋuti ɖaŋuɖoɖo vevi aɖewoe nye siwo gbɔna.
Te Gbe ɖe Gɔmesesea dzi Nyuie: De dzesi nya alo nyagbe siwo dzi wòahiã be nàte gbe ɖo la do ŋgɔ bena nàna gɔmesese nyuitɔ nadze.
Yɔ Nyawo Nyuie: Nyawo yɔyɔ wòasɔ kple wo yɔyɔ woaɖi nyuie le vevie ne nyaselawo ase nyagbe siwo dze le agbalẽa me la gɔme. Di nya yeyewo kple esiwo womezãna edziedzi o la le nyadigbalẽwo me alo ɖo to Habɔbɔa ƒe nya siwo wolé ɖe kasɛtwo dzi.
Kɔ Gbe Dzi Naxlẽ Nua Kple Dzonɔameme: Nuxexlẽ kple dzonɔameme nyɔa ɖetsɔleme, ewɔa dɔ ɖe ame dzi, eye wòʋãa nyasela la.
Do Vivi ɖe Exexlẽ ŋu eye Nàwɔe le Dzeɖoɖo Mɔ Nu: Nyawo yɔyɔ nyuie wɔnɛ be nuxexlẽ yina tẽ. Ne nuxlẽlaa dzra ɖo eye wòsrɔ̃ nua la, ate ŋu aɖe dzi ɖi eye nuxexlẽa avivi ame nu le esi teƒe be wòatsɔ gbeɖiɖi ɖeka axlẽe eye wòati ame.—Xab. 2:2.
Xlẽ Nusi Tututu Le Agbalẽa Dzi: Ne etenuŋɔŋlɔwo kple esiwo le kpɔtɔtɔwo me na numekɔkɔ le nyatia ŋu la, woxlẽa wo wòɖina. Nya siwo fiaa asi nyatsoƒewo koe womexlẽna o. Ele be woaxlẽ etenuŋɔŋlɔa le afisi wofia asii le memamã me le, ahadze egɔme kple nya siawo: “Etenuŋɔŋlɔa xlẽ be . . .” Yi memamã susɔeawo dzi ne èxlẽe vɔ.
Ne míexlẽ nu le dutoƒo nyuie la, enyea mɔ veviwo dometɔ ɖeka si dzi míate ŋu ato ‘afia ame bubuwo be woawɔ ɖe nusiwo katã ƒe se’ míaƒe Nufiala Gã ‘de’ la dzi.—Mat. 28:20.