INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • be nusɔsrɔ̃ 28 axa 179-axa 180 mm. 8
  • Nuƒoƒo Le Dzeɖoɖomɔ Nu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nuƒoƒo Le Dzeɖoɖomɔ Nu
  • Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nuwɔwɔ Ðe Wò Dzɔdzɔme Nuwɔna Nu
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Nuƒoƒo Le Dzeɖoɖomɔ Nu
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Nuƒoƒo Wòazɔ Tẽ
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Gblɔ Nya Siwo “Nyo Hena Tutuɖo”
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
Kpɔ Bubuwo
Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
be nusɔsrɔ̃ 28 axa 179-axa 180 mm. 8

Nusɔsrɔ̃a 28

Nuƒoƒo Le Dzeɖoɖomɔ Nu

Nukae wòle be nàwɔ?

Ƒo nu wòanɔ abe alesi nèɖoa dzee gbesiagbe ene gake nàtrɔ asi le eŋu wòasɔ na wò nyaselawo.

Nukata Wòle Vevie?

Nuƒoƒo le dzeɖoɖomɔ nu si sɔ nyuie me ana wò nyaselawo naɖe dzi ɖi eye wòakpe ɖe wo ŋu be woaxɔ nya si gblɔm nèle.

ZI GEÐE la, amewo ɖea dzi ɖi ne wole dze ɖom kple wo xɔlɔ̃wo. Wovona le wo ɖokui me ƒoa nu faa. Ame aɖewo doa vivi ɖe dzeɖoɖo ŋu; ame bubuwo meƒoa nu fũ o. Ke hã nya si wogblɔ wònye alesi tututu woƒoa nui la nya sena.

Gake ne míedo go amesi míenya tsã o la, masɔ be míaƒo nu abe míaƒe zɔhɛe wònye ene o. Le nyateƒe me, le dukɔ aɖewo me la, ele be woaƒo nu na amedzrowo kple bubu tɔxɛ. Ne wode bubu amea ŋu alesi dze vɔ megbe la, ate ŋu asɔ be woatsɔ ayedzedze kple nuŋububu aƒo nu nɛ abe ame nyanyɛ ene le dzeɖoɖo ƒe nɔnɔme me.

Ne èle nu ƒom le nuƒolanɔƒea la, ele be wò hã nàɖɔ ŋu ɖo. Nuƒoƒo abe míaƒe zɔhɛwoe ameawo nye ene aɖe bubu si le míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpea ŋu dzi akpɔtɔ eye mafia be nya si gblɔm míele nye nya vevi o. Le gbegbɔgblɔ aɖewo me la, ehiã be woazã nya aɖewo le nuƒoƒo me na ame tsitsi, nufiala, dɔnunɔla, alo dzila. (De dzesi nya siwo wozã le Dɔwɔwɔwo 7:2 kple 13:16.) Wozãa nya bubuwo ne wole nu ƒom na ame srɔ̃ alo xɔlɔ̃ vevi aɖe. Togbɔ be míaƒe nuƒo le nuƒolanɔƒea manye bubudedeameŋu si gbɔ eme o hã la, ele kokoko be wòadze be ele bubumɔ nu.

Gake nanewo ate ŋu ana nya siwo wogblɔ le ame ƒe nuƒo me nasẽ kplalaa alo nyawo nakɔ akpa. Nusiawo dometɔ ɖekae nye alesi woɖo nyawoe le nyagbea tutuɖo me, alo ɖoɖo si nu wole le nyagbɔgblɔa me. Eɖea fu ne nuƒola di be yeagblɔ nyawo abe alesi tututu woŋlɔe ɖe agbalẽa mee ene. Zi geɖe nya si woŋlɔ ɖi toa vovo na alesi míeƒoa nui. Enye nyateƒe be agbalẽ siwo wota mee míewɔa numekuku le ne míele dzadzram ɖo ɖe nuƒo ŋu ya. Anɔ eme be nuƒogbalẽ si wota dzi nya veviwo zãmee nèle na nuƒoa. Gake ne ègblɔ nyawo abe alesi wotae ɖe agbalẽa dzi pɛpɛpɛ ene alo xlẽ edzinyawo tẽ le nuƒoa me la, anɔ eme be wò nuƒoa manɔ dzeɖoɖo ƒe nɔnɔme o. Be nuƒoa nanɔ dzeɖoɖo ƒe nɔnɔme me la, ƒo nu abe alesi ko wò ŋutɔ nèƒoa nui ene eye wò nyagbewo megadidi legbee wo gɔmesese nasẽ o.

Nu bubu hãe nye wò nyawo ƒe tsɔtsɔme tɔtrɔ. Zi geɖe la, nuƒo si me nyagbɔgblɔwo sẽ kplalaa alo kɔ akpa nyea esi me dometsotso ɖeka tɔgbe nɔa nyaawo dome ɣesiaɣi eye eƒe tsɔtsɔme nyea ɖeka ŋugbe akpa. Le míaƒe gbesiagbe dzeɖoɖo me la, nyawo ƒe tsɔtsɔme menɔa ɖeka o, míegbɔna ɖe eme kabakaba wu eye gbɔɖemea ƒe didime menyea ɖeka o.

Ne èle nu ƒom na ƒuƒoƒo gã la, ele be nàna gbea ƒe dziyiyi, ŋusẽ si nètsɔ ƒoa nui, kple dzonɔameme ɖeɖe fia siaa nawɔ ɖeka kple dzeɖoɖo ƒe nɔnɔmea bene wòana nyaselawo ƒe susu nanɔ nyaa ŋu.

Be nàwɔ dzeɖoɖo ƒe nɔnɔme si sɔ ŋudɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la, ahiã be wòanye numame na wò be nàƒo nu nyuie alesi dze gbesiagbe. Mefia be ele be nànye agbalẽnyalagã hafi o. Gake enyo be nàsrɔ̃ nuƒoƒomɔnu nyui siwo ana amewo naɖo to nya si gblɔm nèle la bubutɔe. Esia nenɔ susu me na wò nàbu eŋu kpɔ be ehiã be yeawɔ dɔ tso nusiwo gbɔna ŋu le wò gbesiagbe dzeɖoɖowo me hã.

  1. Tsri nyagbɔgblɔ siwo mesɔ ɖe gbeŋutise nyui nu o alo nya siwo ana woabu wò ade amesiwo menɔa agbe ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo nu o la dome. Le ɖekawɔwɔ me kple Kolosetɔwo 3:8 la, tsri nyagbɔgblɔ siwo kloa bubu le ame ŋu alo esiwo medze to o. Gake nya siwo dzi woda asi ɖo siwo wozãna le gbesiagbe nuƒoƒo me la megblẽ o. Nya nyui siwo wozãna le gbesiagbe nuƒoƒo me le abe nuƒoƒo na ame nyanyɛ ene, ke hã esɔna ɖe nuƒoƒo si dzi woda asi ɖo nu.

  2. Tsri nyagbɔgblɔ alo nyagbe ɖeka ma ke gbugbɔgagblɔ edziedzi le susu bubu ɖesiaɖe si nèdi be yeado ɖa me. Srɔ̃ alesi nàzã nya siwo aɖe nusi fiam nèle me nyuie eme nakɔ.

  3. Na nya si nèdi be yeagblɔ la me nakɔ na wò nyuie le susu me hafi nàdze nuƒoƒo gɔme bene màgagbugbɔ ayi megbe agbugbɔ nya si nègblɔ va yi xoxo la agblɔ o.

  4. Mègaƒo nu taŋtaŋ atsɔ atsyɔ susu nyui siwo nèdi be yeagblɔ dzii o. Na wòazu numame na wò be nàgblɔ nya vevi siwo dzi nèdi be woaɖo ŋkui la le nyagbe siwo gɔme anya se bɔbɔe me.

  5. Ƒo nu le mɔ si ade bubu ame ŋu nu.

ALESI NÀTU NƆNƆME SIA ÐOE

  • Dze egɔme tso nukpɔsusu si anɔ asiwò ɖe wò nyaselawo ŋu dzi. Bu wo be wonye xɔlɔ̃wo, gake mègatsɔ wo ba hae o. De bubu wo ŋu.

  • Ƒo nu faa tso susu me. Mègadze agbagba be yeagblɔ nyawo abe alesi wotae ɖe agbalẽ dzi tututu ene o. Gblɔ susuawo le wò ŋutɔ wò nyagbɔgblɔ me. Zã nyagbe kpuiwo eye nyawo ƒe tsɔtsɔme meganɔ ɖeka o.

  • Wò susu nenɔ didi si le mewò be yeaƒo nu na amewo dzi. Ƒo nu tso dzi me faa. Nusi le vevie enye gbedasi si le asiwò, menye alesi amewo akpɔ wòe o.

  • Nɔ ŋgɔyiyi wɔm ɖaa le wò gbesiagbe dzeɖoɖo me. Wɔ ɖe aɖaŋu siwo woɖo le axa sia la dzi ɖekaɖekae.

DƆDASI: Lé ŋku ɖe wò ŋutɔ wò dzeɖoɖo ƒe nɔnɔme ŋu. Wɔ dɔ tso nya vevi atɔ̃ siwo le etame ŋu, eye nàtsɔ ɖeka ɖesiaɖe awɔ dɔ tso eŋu ŋkeke bliboa. Ɣesiaɣi si nàwɔ vodada la, gbugbɔ gblɔ wò susuawo ake, le wò susu me ya teti, eye nàgblɔe wòasɔ nyuie.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe