NUSƆSRƆ̃ 4
Nuƒoƒo Wòazɔ Tẽ
NE ÈKƆ gbe dzi le nu xlẽm la, ɖe nèkukɔna le nya dzia? Alo ne èle nyaselawo ŋkume be yeaƒo nu la, ɖe nya siwo nàgblɔ wòadze to la zua dɔ na wò zi geɖea? Ne nenemae la, ekema ɖewohĩ wò nuƒo mete ŋu zɔna tẽ o. Amesi ƒe nuxexlẽ kple nuƒo zɔna tẽ ƒe nyawo tsiãna ɖe enu nyuie. Esia mefia be eƒoa nukpoloe, alo be eƒoa nu kabakaba, alo be mebua nu ŋu hafi ƒoa nu o. Eƒe nuƒo dzea to eye wònya sena ale gbegbe. Nuƒoƒo wòazɔ tẽ nye nudidi vevi aɖe le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me.
Nu vovovowoe awɔe be nuƒo mazɔ tẽ o. Ahiã be nàkpɔ nyuie le nusiwo gbɔna la gomea? (1) Ne èle nu xlẽm na amewo la, àtsi yaa ne mènya nya aɖewo yɔyɔ alo se wo gɔme o. (2) Ne sẽ ko ètɔ evɔ tɔtɔ mehiã hafi o la, nyawo matsiã ɖe enu nyuie o. (3) Kuxia ate ŋu atso dzadzraɖo si womewɔ o hã gbɔ. (4) Gbɔdzɔgbɔdzɔ si le ame aɖewo ŋu si ta ne wole amewo ŋkume la, woƒe nuƒo mete ŋu zɔna tẽ o enye be womeɖo nyawo ɖe ɖoɖo nu wode nu wo nɔewo me o. (5) Tumaɖumaɖu na gbea hã ana amea maka ɖe eɖokui dzi o esi menya nya siwo tututu wòazã o ta. (6) Ne wole gbe tem ɖe nya ɖesiaɖe kloe dzi la, asesẽ be nuƒoa nazɔ tẽ. (7) Kuxia ƒe akpa aɖe hã ate ŋu anye gbeŋutisewo manyamanya nyuie.
Ne wò nuƒoa mezɔ tẽ o la, nyasela siwo le Fiaɖuƒe Akpata me la matso adzo ya o, gake woƒe susu anɔ tsatsam. Eyata nu geɖe ato wo ŋu le nuƒoa me.
Le go bubu me la, ele be woakpɔ nyuie be nuƒo si zɔ tẽ, si woƒo kakaɖedzitɔe la, nagazu tɔteteɖenudzi nuƒo si awɔe kura gɔ̃ hã be nyaselawo nade vovo ge le wo ɖokui me ado kpoe o. Nuƒoa ƒe taɖodzinu atsi akpo dzi ne eva eme be le vovototo si le nuwɔna le afisi nètso kple wò nyaselawo tɔ dome ta la, wobunɛ be mèɖɔa ŋu ɖo le nuƒo me o alo be mèƒoa nu tso dzime o. Míede dzesii be togbɔ be apostolo Paulo nye nuƒola bibi hã la, eyi Korintotɔwo gbɔ “le gbɔdzɔgbɔdzɔ kple vɔvɔ̃ kpakple dzodzo nyanyanya geɖe me” ale be wòagahe amewo ƒe susu ava eɖokui dzi wu alesi dze o.—Kor. I, 2:3.
Nuwɔna Siwo Woaƒo Asa Na. Ezu numame na ame geɖe be woanɔ “er . . . er” gblɔm ne wole nu ƒom. Ame aɖewo tɔe nye be ne wole nua ƒom la, woanɔ gbe me kɔm vivivoe, alo le nyagbe ɖesiaɖe kloe ƒe nuwuwu la, woagblɔ be “èkpɔea?” alo “èkpɔe ɖa ɖe.” Ðewohĩ wò ŋutɔ mènyae be esia zu numame na ye o. Anyo be nàna ame aɖe naɖo to wò nuƒo ale be ne nya tsiamesi siawo tɔgbe do le nuwò teti ko la, eya hã nagblɔe ɖe yowòme. Nusi wòade dzesii awɔ nuku na wò.
Ame aɖewo yia megbemegbee gayia ŋgɔ atraɖii ne wole nu xlẽm alo le nu ƒom. Efia ko be ne wodze nya aɖe gɔme la, wosẽnɛ kpo gagbugbɔ gblɔa nusi wogblɔ fifi laa la ƒe akpa aɖe.
Ame bubuwo ya ƒoa nu kabakaba tso, evɔ ne wodze nya aɖe gbɔgblɔ gɔme la, wotɔna ɖe domedomee afi aɖe ko ke wogadze nya bubu kura gbɔgblɔ gɔme. Togbɔ be nyawo le dodom tre ɖe enu hã la, nuƒoa mezɔna tẽ o, le edzitsotso kpuikpuikpui nenema ta.
Alesi Nàwɔ Ayi Ŋgɔ. Ne zi geɖe, nya siwo tututu nàzã ye sesẽna na wò la, ekema ele be nàwɔ wò ŋutete ɖesiaɖe asrɔ̃ nya yeye siwo nàzã. De dzesi nya siwo mèdo goe kpɔ o la nyuie ne èle Gbetakpɔxɔ, Nyɔ!, kple agbalẽ bubuwo xlẽm. Di wo le nyagɔmeɖegbalẽ me hena wo yɔyɔ kple wo gɔmesese, eye nàlé ɖewo ɖe tame hena zazã. Ne nyagɔmeɖegbalẽ meli o la, na amesi doa gbea nyuie la nakpe ɖe ŋuwò.
Gbekɔkɔdzi atsɔ axlẽ nui edziedzi akpe ɖe ŋuwò be nàyi ŋgɔ. De dzesi nya siwo sesẽ eye nàkɔ gbe dzi ayɔ wo zi alesi nàte ŋui.
Bene wò nuxexlẽ nazɔ tẽ la, ele vevie be nàse alesi nyawo wɔa dɔ aduadui le nyagbe me la gɔme. Zi geɖe la, be nuŋlɔlaa ƒe susu nadze le nuxexlẽa me nyuie la, ele be nàƒo nyawo nu ƒu axlẽ zi ɖeka tsɔ wu be nànɔ wo xlẽm ɖekaɖeka. Lé ŋku ɖe nyawo ƒe ƒuƒoƒo siawo ŋu nyuie. De dzesi wo, ne esia wɔwɔ aɖe vi na wò. Menye wò taɖodzinue nye be nàxlẽ nyawo nyuie ko evɔ o, ke ele vevie hã be woase nusi xlẽm nèle la gɔme nyuie. Ne èdzro nyagbe ɖeka me nyuie vɔ la, yi esi kplɔe ɖo la dzi vaseɖe esime nàlé ŋku ɖe memamaa katã ŋu vɔ alea. Dze agbagba nàŋɔ ɖe nusi gblɔm wole la me. Azɔ kɔ gbe dzi nàxlẽ nua zi alesi nàte ŋui. Nɔ memamaa xexlẽ dzi vaseɖe esime nàte ŋu axlẽe eye wò nu manɔ dadam alo anɔ tɔtɔm ɖe afisiwo mehiã be nàtɔ ɖo hafi o. Azɔ yi memama mamlɛawo dzi.
Fifia xlẽ nua wòatsɔ kabakaba wu. Ne èva kpɔ alesi nyawo wɔa dɔ aduadui le nyagbe me dze sii la, wò ŋku axlẽ nya geɖe zi ɖeka eye àte ŋu atsɔ susu akpɔ nusiwo akplɔe ɖo. Esia awɔe be wò nuxexlẽ nasɔ nyuie.
Hehe nyuie wònye nànɔ ɖokuiwò nam ne ète ŋu xlẽa nu edziedzi, ne wò ŋku nya kli nyaawo ko. Le kpɔɖeŋu me, kɔ gbe dzi nàxlẽ ŋkekea ƒe mawunyakpukpui kple emeɖeɖea esi mèkpɔ eme do ŋgɔ o; wɔe nenema edziedzi. Nezu numame na wò be wò ŋku naxlẽ nyawo ƒe ƒuƒoƒo siwo ana nuxexlẽa me nakɔ tsɔ wu be nànɔ nua xlẽm ɖekaɖeka.
Dzeɖoɖo ƒe zɔzɔ tẽ bia be nàbu nu ŋu hafi aƒo nu. Esia nezu numame na wò le wò gbesiagbe nuwɔnawo me. Gbã de ŋugble le nusiwo ŋu nèdi be yeaƒo nu le kple ɖoɖo si nu woanɔ la ŋu; emegbe hafi nàdze nuƒoa gɔme. Mègatsi dzi o. Dze agbagba nàgblɔ nya bliboa esi màtɔ alo atrɔ nya la le mɔta o. Ade dziwò ne wò nyagbewo le kpuie eye wo me kɔ.
Nyawo ŋutɔ dona le nu me na mí bɔbɔe ne míenya nusi tututu míedi be míagblɔ. Míagblɔ ko be mehiã be nàtia nya siwo tututu nèdi be yeazã la do ŋgɔ o. Le nyateƒe me la, enyo sã wu be gbã nànya nusi tututu le susu me na wò nèdi be yeagblɔ, ke le nuƒoa ƒoƒo me la, nàbu nya siwo nàzã la ŋu azɔ. Ne èwɔe alea eye wò susu hã le nusi koŋ nèdi be yeagblɔ dzi, ke menye nyakui vovovo siwo adze le dzeɖoɖoa me la dzi o la, nyaawo ŋutɔ ado le wo ɖokui si eye nusiwo nèdi be yeagblɔ la pɛpɛpɛ ye nàgblɔ. Gake ne èle nyakui ɖesiaɖe kloe si nàzã boŋ ŋu bum, ke menye susu si koŋ le nyaa me o la, wò nuƒoa mazɔ tẽ o. Nyawo ƒe zɔzɔ tẽ nye nu vevi aɖe le nuƒo kple nuxexlẽ si lé vi me eye àkpɔ dzidzedze ne èwɔa aɖaŋuɖoɖo siawo dzi ɣeawokatãɣi.
Esi Yehowa dɔ Mose be wòanɔ ye teƒe le Israel-viwo kple Egipte-fia Farao ŋkume la, Mose se le eɖokui me be yemedze o. Nukatae? Esi wònye be eƒe nuƒo mezɔna tẽ o tae; ate ŋu anɔ eme be eƒe aɖe metrɔna ɖe nya ŋuti o. (Mose II, 4:10; 6:12) Mose do taflatse siwo wòate ŋui gake Mawu melɔ̃ ɖe ɖeke dzi nɛ o. Togbɔ be Yehowa dɔ Aron be wòazɔ kple Mose abe nyanuɖela ene hã la, Eyama yi edzi kpe ɖe Mose ŋu wòte ŋu ƒo nu. Menye ame vovovowo kple ƒuƒoƒo sue vovovowo koe Mose ƒo nu na dzidzedzetɔe zi gbɔ zi nanewo o, ke eƒo nu na dukɔ blibo la hã. (Mose V, 1:1-3; 5:1; 29:1; 31:1, 2, 30; 33:1) Ne èwɔ wò ŋutete katã heɖo dzi ɖe Yehowa ŋu la, wò hã ate ŋu atsɔ wò nuƒo ade bubu Mawu ŋui.