INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • be nusɔsrɔ̃ 46 axa 244-axa 245 mm. 4
  • Kpɔɖeŋuwo Nanye Nusiwo Ŋu Wonya Nu Tsoe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpɔɖeŋuwo Nanye Nusiwo Ŋu Wonya Nu Tsoe
  • Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusiwo Wokpɔna Zazã Nyuie
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Bubudede Amewo Ŋu
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • “Ne Menye To Lododowo Me O La, Megblɔa Nya Aɖeke Na Wo O”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Kpɔɖeŋu Siwo Me Nufiame Le
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
Kpɔ Bubuwo
Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
be nusɔsrɔ̃ 46 axa 244-axa 245 mm. 4

NUSƆSRƆ̃ 46

Kpɔɖeŋuwo Nanye Nusiwo Ŋu Wonya Nu Tsoe

Nukae wòle be nàwɔ?

Wɔ kpɔɖeŋu siwo ku ɖe nusiwo me wò nyaselawo kpɔa gome le alo nusiwo ŋu wonya nu tsoe nyuie xoxo ŋu.

Nukata Wòle Vevie?

Kpɔɖeŋu siwo ku ɖe nusiwo ŋu wò nyaselawo nya nu tsoe ŋu aɖo woƒe dzi gbɔ.

ELE vevie nyateƒe be kpɔɖeŋu ɖesiaɖe si nàzã la nasɔ ɖe nyati si me dzrom nèle nu. Gake be wòawɔ dɔ nyuie la, ele vevie hã be wòasɔ na wò nyaselawo.

Aleke amesiwo wò nyaselawo nye ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe kpɔɖeŋu siwo nàtia le nuƒoƒo na ƒuƒoƒo aɖe me dzii? Nukae Yesu Kristo wɔ? Eɖanye amehawo loo alo eya ŋutɔ ƒe nusrɔ̃lawoe Yesu nɔ nu ƒom na o, metsɔa amesiwo le anyigba didi aɖe dzi tso Israel gbɔ la dzi nɔlawo ƒe agbenɔnɔ wɔa kpɔɖeŋui o. Eƒe nyaselawo manya nu tso kpɔɖeŋu mawo ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, Yesu meƒo nu tso Egiptetɔwo ƒe fiasãmegbenɔnɔ ŋu loo alo Indiatɔwo ƒe subɔsubɔ nuwɔnawo ŋu o. Ke hã eƒe kpɔɖeŋuwo sɔ ɖe nusiwo amewo wɔna le anyigba ɖesiaɖe dzi la nu. Eƒo nu tso avɔtɔtɔ, asitsatsa, nu xɔasi aɖe ƒe bubu na ame, kple srɔ̃kpeƒewo dede ŋu. Ese alesi amewo wɔa nui le nɔnɔme vovovowo me la gɔme eye wòwɔ esia ŋudɔ. (Mar. 2:21; Luka 14:7-11; 15:8, 9; 19:15-23) Esi wònye be Israel-viwo dome koŋ ye Yesu ɖe gbeƒã le ta la, zi geɖe eƒe kpɔɖeŋuwo ku ɖe nusiwo wozãna kple dɔ siwo wowɔna le woƒe gbesiagbegbenɔnɔ me ŋu. Eyata eƒo nu tso nuwo abe agbledede, alesi alẽwo sea alẽkplɔla ƒe gbee, kple wein dede lãgbalẽgolo me ene ŋu. (Mar. 2:22; 4:2-9; Yoh. 10:1-5) Efia asi ŋutinya me nudzɔdzɔ ƒe kpɔɖeŋu nyanyɛwo hã—atsu kple asi gbãtɔawo wɔwɔ, Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔ, Sodom kple Gomora ƒe tsɔtsrɔ̃, Lot srɔ̃ ƒe ku, kple bubuawo. (Mat. 10:15; 19:4-6; 24:37-39; Luka 17:32) Wò hã ɖe nèbua nusiwo le nyanya na wò nyaselawo kple afisi wotso ŋu nyuie le wò kpɔɖeŋuwo tiatia mea?

Ke ne menye ƒuƒoƒo gãe nèle nu ƒom na o ke boŋ ame ɖeka aɖe alo ame ʋɛ aɖewo koe ɖe? Dze agbagba nàtia kpɔɖeŋu si asɔ nyuie na nyasela ʋɛ mawo. Esi Yesu nɔ ɖase ɖim na Samaria-nyɔnu aɖe le Sixar gbɔto vudo aɖe to la, eƒo nu tso “agbetsi,” ‘alesi tsikɔ magawu ame akpɔ o,’ kple ‘tsivudo si anɔ dzidzim ayi ɖe agbe mavɔ me’ ŋu—siwo katã nye nuwo ɖɔɖɔ ƒe mɔnu siwo ku ɖe dɔ si wɔm nyɔnua nɔ ŋu tẽ. (Yoh. 4:7-15) Eye esi wòƒo nu na ŋutsu siwo nɔ woƒe ɖɔwo kpalam la, etia nuɖɔɖɔmɔnu si ku ɖe lãɖeɖedɔ ŋu. (Luka 5:2-11) Le nɔnɔme eve siawo dometɔ ɖesiaɖe me la, ate ŋu azã kpɔɖeŋu siwo ku ɖe agbledede ŋu hafi, elabena wodea agble le woƒe nutoa me, gake aleke gbegbe wòsɔ wu be ezã ameawo ŋutɔ ƒe dɔwɔna tsɔ ɖɔ nuwo wòdze nyuie le susu me na woe nye si! Ðe nèdzea agbagba be yeawɔe nenemaa?

Togbɔ be “Israel-ƒeme alẽ bubuwo” koŋ ŋue Yesu ƒe susu nɔ hã la, menye Israel-viwo ko gbɔe wodɔ apostolo Paulo ya ɖo o, ke wodɔe ɖe Trɔ̃subɔdukɔ me tɔwo hã gbɔ. (Mat. 15:24; Dɔw. 9:15) Ðe esia kpɔ ŋusẽ ɖe alesi Paulo ƒo nui dzia? Ẽ. Esi wònɔ agbalẽ ŋlɔm ɖo ɖe Kristotɔ siwo nɔ Korinto la, eƒo nu tso duɖimekeke ŋu, eƒo nu tso nuwɔna si nye trɔ̃wo ƒe vɔsanuwo ɖuɖu ŋu, eye wòfia asi aʋadziɖuɖu ƒe gbɔlɔlɔwo, siwo katã nɔ nyanya na Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ mawo nyuie.—Kor. I, 8:1-10; 9:24, 25; Kor. II, 2:14-16.

Ðe nèɖɔa ŋu ɖo nyuie abe Yesu kple Paulo ene le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ kple kpɔɖeŋuwo tiatia me le wò nufiafia mea? Èbua afisi wò nyaselawo tso kple woƒe gbesiagbe nuwɔnawo ŋua? Enye nyateƒe be nuwo trɔ le xexeame egbea ne míetsɔe sɔ kple alesi wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me. Ame geɖe te ŋu sea xexeame nyadzɔdzɔwo le television dzi. Nusiwo le edzi yim le anyigba didiwo dzi nɔa nyanya na wo zi geɖe. Le teƒe siwo wòle alea le la, naneke megblẽ le eŋu be woafia asi nyadzɔdzɔ mawo le kpɔɖeŋu wɔwɔ me o. Ke hã nusiwo wɔa dɔ ɖe amewo dzi vevie zi geɖe enye nusiwo ku ɖe woawo ŋutɔ ƒe agbenɔnɔ ŋu—woƒe aƒeme, woƒe ƒomea, woƒe dɔwɔɖui, woƒe nuɖuɖu, kple wo gbɔ ƒe yame ƒe nɔnɔme.

Ne wò kpɔɖeŋua bia numeɖeɖe geɖe la, ke anɔ eme be enye nusi mele nyanya na wò nyaselawo tututu o. Kpɔɖeŋu mawo tɔgbe ate ŋu ava tsyɔ nufiame si le nuƒoa me dzi bɔbɔe. Awɔe be amewo ate ŋu aɖo ŋku wò kpɔɖeŋua dzi gake woƒe susu adzo le Ŋɔŋlɔawo me nyateƒenya siwo dzi nèdi be yeate gbe ɖo la boŋ dzi.

Yesu mezã nuwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo siwo gɔmesese sesẽ o ke boŋ ezã nu nyanyɛ siwo gɔme nya se, nusiwo dzɔna gbesiagbe. Ezã nu tsɛwo tsɔ kɔ nu deŋgɔwo me eye wòtsɔ nu bɔbɔewo ɖe nu sesẽwo mee. To asi fiafia ɖekawɔwɔ si le gbesiagbe nuwɔnawo kple gbɔgbɔ me nyateƒenyawo dome dzi la, Yesu kpe ɖe amewo ŋu wose gbɔgbɔ me nyateƒenya siwo fiam wòle la gɔme eye woɖo ŋku wo dzi bɔbɔe. Kpɔɖeŋu nyui kae nye si wòle be míasrɔ̃!

ALESI NÀWƆ ŊUTETE SIA NASU ASIWÒ

  • Srɔ̃ alesi nàbu wò nyaselawo hã ŋu ke menye nya siwo nàgblɔ ŋu ko o.

  • Nɔ ŋku lém ɖe agbemenuwɔna siwo yia edzi le mia gbɔ ŋu.

  • Ðoe wò taɖodzinui be kwasiɖa ɖesiaɖe yeazã kpɔɖeŋu ɖeka ya teti si yemezã kpɔ o.

DƆDASI: De ŋugble le kpɔɖeŋu si wozã le Mateo 12:10-12 ŋu. Nukatae wòsɔ nyuie?

Kpɔɖeŋu siwo mate ŋu atsɔ akpe ɖe ƒewuivi ŋu be wòade ŋugble tso agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo ŋu

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

Kpɔɖeŋu siwo mate ŋu atsɔ akpe ɖe ame tsitsi ŋu be wòade ŋugble tso Biblia me nyateƒenya vevi aɖe ŋu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe