NUSƆSRƆ̃ 31
Bubudede Amewo Ŋu
ŊƆŊLƆAWO gblɔ na mí be ‘míabu amewo katã’ eye be ‘míagagblɔ busunya ɖe ame aɖeke ŋu o.’ (Pet. I, 2:17; Tito 3:2) Le nyateƒe me la, amesiame si míedoa goe la nye ‘amesi wowɔ le Mawu ƒe nɔnɔme nu.’ (Yak. 3:9) Kristo ku ɖe ame ɖesiaɖe ta. (Yoh. 3:16) Eye edze be amewo katã nase nyanyuia bene woawɔ ɖe edzi hena xɔxɔ. (Pet. II, 3:9) Nɔnɔme alo ɖoƒe aɖewo le ame aɖewo si si dze na bubu tɔxɛ dede wo ŋu.
Nukatae wòate ŋu adzɔ be ame aɖewo nagbe bubu si ƒomevi ƒe dzi Biblia de ƒo la dede amewo ŋu? Dekɔnuwo ate ŋu afia amesiwo ŋu wòle be woade bubu tɔxɛe eye ate ŋu aku ɖe ƒome si me wodzɔ ɖo, ŋutigbalẽ ƒe amadede, amea ƒe ŋutsu alo nyɔnu nyenye, eƒe lãmesẽ, ƒexɔxɔ, gakpɔkpɔ, alo ɖoƒe si le amea si ŋu. Nufitifitiwɔwɔ si xɔ aƒe ɖe dziɖuɖumegãwo me wɔe be amewo megadea bubu ŋusẽtɔwo ŋu o. Le dukɔ aɖewo me la, nuwo mede amewo dzi kura o eye wòtena ɖe wo dzi vevie, ɖewohĩ wowɔa dɔ gaƒoƒo geɖe bene woakpɔ nuhiahiã sue aɖewo ko, eye wole amesiwo medea bubu ame ŋu o la dome. Sɔhɛwo doa go hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu be woaƒo wo ɖokui ɖe aglãdzedze ɖe nufiala siwo ƒe nya womelɔ̃na o alo amegã bubuwo ŋu me. Alesi woɖea ɖevi aɖewo le television dzi wòdzena abe ɖe wodze aye wu wo dzilawo alo woɖua wo dzilawo dzii ene la kpɔ ŋusẽ ɖe wo dometɔ geɖe dzi. Ebia agbagbadzedze bene xexeame ƒe nukpɔsusu siawo nagatrɔ alesi míebua amewoe o. Gake ne míede bubu amewo ŋu la, eʋua mɔ ɖi na dzeɖoɖo kpli wo bɔbɔe.
Tete Ðe Amewo Ŋu Bubutɔe. Wokpɔa mɔ be amesi le mawusubɔsubɔdɔ wɔm naɖe bubu afia to eƒe awudodo si sɔ kple nudzeamewɔwɔ siaa me. Nusi woabu be enye nudodo alo nuwɔna si sɔ la toa vovo tso teƒe yi teƒe. Woabui bubumademade ame ŋui le teƒe aɖewo be woaɖɔ kuku alo aƒo asi ɖe kotoku me anɔ nu ƒom na ame. Le teƒe bubu aɖewo la, naneke magblẽ le nusiawo ŋu o. Bu nuwɔna siwo sɔ le nutoa me ŋu bene màgaɖia ame aɖeke nu o. Esia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be naneke mado kplamatse wò nyanyuigbɔgblɔdɔa o.
Nenema ke wòle le nuƒoƒo na amewo, vevietɔ amesiwo tsi wu mí, hã me. Zi geɖe la, wobunɛ amemabumabui be ɖeviwo nayɔ ame tsitsiwo ƒe ŋkɔ tẽ ne wometsɔ bubuŋkɔ aɖeke kpe ɖe eŋu o. Le teƒe aɖewo la, mesɔ be ame tsitsiwo hã nayɔ amesiwo womedze sii nyuie o ƒe ŋkɔ tẽ o. Gakpe ɖe eŋu la, wozãa “mi” alo nyagbɔgblɔmɔnu bubu aɖe le gbegbɔgblɔ aɖewo me ne wole nu ƒom na ame tsitsi alo ŋusẽtɔ aɖe.
Gbedodoname Bubutɔe. Le kɔƒe nutowo me la, wokpɔa mɔ be nàɖe bubu afia amesi nèdo goe le mɔ dzi loo alo le aƒeme. Wote ŋu wɔa esia to gbedoname, alɔgbɔnukoko, talɔlɔ̃, alo adzugo kɔkɔ yi dzi ko me. Wobua numademade ame ŋu be enye amemabumabu.
Ke hã ame aɖewo li siwo abui be womedo vivi ɖe yewo ŋu o ne ède nu wo ŋu gɔ̃ hã. Aleke? Le esi wokpɔe be mètsɔ ɖeke le eme na yewo ŋutɔŋutɔ o ta. Enye nusi bɔ be wotsɔa ame aɖewo ƒe nɔnɔme le ŋutilã me bua wo dea hatsotso aɖe me. Zi geɖe la, amewo gbea nuwɔametɔwo kple dɔnɔwo. Gake Mawu ƒe Nya fia alesi wòle be míawɔ nu ɖe amesiawo ŋui le lɔlɔ̃ kple bubu me la mí. (Mat. 8:2, 3) Adam ƒe nuvɔ̃ si ƒe dome míenyi la gblẽ nu le mí katã ŋu le mɔ aɖe nu. Ðe nàbui be wode bubu ye ŋu ne amewo tsɔa wò gbagbãƒewo ɖɔa wòe ɣesiaɣia? Ðe màdi be woayɔ nɔnɔme nyui gbogbo siwo le asiwò boŋ ɖe ŋuwò oa?
Bubudede amewo ŋu bia hã be woalɔ̃ ɖe tanyenye dzi. Le teƒe aɖewo la, ne èyi aƒe aɖe me la, ehiã be nàƒo nu na aƒea ƒe tatɔ gbã hafi aɖe gbeƒã na aƒea me nɔlawo. Togbɔ be Yehowae de dɔ asi na mí be míaɖe gbeƒã ahafia nu hã la, míenyae be dzilawo sie Mawu tsɔ agbanɔamedzia de be woana nufiame, amehehe, kple mɔfiame wo viwo. (Ef. 6:1-4) Eyata ne míege ɖe aƒe aɖe me la, zi geɖe asɔ be míaƒo nu kple dzilawo gbã hafi anɔ dze ɖom kple ɖeviawo ɣeyiɣi didi.
Tsitsi hã naa nuteƒekpɔkpɔ sua ame si le agbe me si bia bubudedeameŋu. (Hiob 32:6, 7) Esia nyanya kpe ɖe ɖetugbi mɔɖela aɖe si le Sri Lanka ŋu esi wòdo go ŋutsu tsitsi aɖe. Gbã ŋutsua melɔ̃ ɖe eƒe sasrãkpɔa dzi o, hegblɔ be: “Aleke wò nyɔnuvi sue sia nàte ŋu afia Bibliam?” Gake ɖetugbia ɖo eŋu nɛ be: “Le nyateƒe me la, menye ɖe meva be mafia nu wò o ke boŋ ɖe medi be magblɔ nusi nye boŋ mesrɔ̃ si do dzidzɔ nam vevie la na ame bubuwo.” Mɔɖelaa ƒe ŋuɖoɖo bubutɔe nyɔ ŋutsua ƒe ɖetsɔleme. Ebia be: “Gblɔe nam, nukae nèsrɔ̃?” Nɔvinyɔnua gblɔ be: “Mesrɔ̃ alesi mawɔ anɔ agbe tegbee.” Ŋutsu tsitsi sia va dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Yehowa Ðasefowo. Menye ame tsitsiwo katãe aɖee gblɔ alea be yewodi be woade bubu yewo ŋu o, ke hã wo dometɔ akpa gãtɔ akpɔ ŋudzedze ɖe eŋu.
Gake ate ŋu adzɔ be woaɖe bubudeameŋu si gbɔ eme afia. Le Pacific-ƒukpowo dzi kple teƒe bubuwo la, ne Ðasefowo te ɖe fiagãwo kple dufiawo ŋu ƒo nu na wo bubutɔe alesi sɔ le dekɔnu nu la, ete ŋu kpena ɖe wo ŋu be woɖea mɔ na wo be woaƒo nu na fiaawo kple wo teviwo siaa. Ke hã kesekukuɖɔɖɔname mehiã o eye mesɔ hã o. (Lod. 29:5) Nenema ke bubudeameŋuŋkɔ aɖewo li le gbegbɔgblɔ aɖewo me woyɔna na ame, ke hã Kristotɔwo ƒe bubudedeameŋu mebia be woayɔ wo wòagbɔ eme o.
Nuƒoƒo Bubutɔe. Biblia de dzi ƒo na mí be míaɖe mɔkpɔkpɔ si le mía si la me ‘le dɔmefafa kpakple bubu deto’ me. (Pet. I, 3:15) Eyata togbɔ be míate ŋu afia asi vodada si le ame aɖe ƒe nukpɔsusu me enumake hã la, ɖe nunya anɔ eme be míawɔe le mɔ si ada amea ɖe anyi nua? Ðe masɔ wu be míaɖo to amea dzigbɔɖitɔe, ɖewohĩ abiae nusita wòse le eɖokui me nenema, eye eyome míabu eƒe seselelãmewo ŋu esime míele ŋugble dem kplii tso Ŋɔŋlɔawo me oa?
Ele be bubu si ƒomevi míaɖe afia ame ɖekaɖekawo nagadze ne míele nuƒolanɔƒea le nu ƒom na nyaselawo hã. Nuƒola si dea bubu eƒe nyaselawo ŋu mahe nya ɖe wo ŋu vevie alo awɔ nu wòafia be, “Mele be miagbe nya siawo dzi wɔwɔ hafi o.” Ðeko nuƒoƒo alea ɖea dzi le amewo ƒo. Aleke gbegbe wòanyo wu be woabu nyaselawo be wonye ƒuƒoƒo si lɔ̃ Yehowa eye wodi be yewoasubɔe enye si! Le Yesu sɔsrɔ̃ me la, ele be míaɖe nugɔmesese afia ne míele nu wɔm kple amesiwo gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me, amesiwo si nuteƒekpɔkpɔ boo mesu o, alo amesiwo nɔa blewu le asitɔtrɔ le woƒe agbenɔnɔ ŋu be wòasɔ kple Biblia ƒe nuxlɔ̃amewo.
Nyaselawo akpɔ nuƒolaa ƒe bubudedeameŋu nenye be ebua eɖokui dea amesiwo wòhiã be woawɔ ɖe Mawu ƒe Nya la dzi bliboe wu la dome. Le esia ta nunya anɔ eme be woatsri ŋkɔnyateƒenɔnya “mi” zazã ne wole alesi woawɔ mawunyakpukpuiwo ŋudɔe fiam. Le kpɔɖeŋu me, de dzesi vovototo si le nyabiase sia, “Ðe miele miaƒe ŋutete ɖesiaɖe wɔma?” kple esia, “Asɔ be mía dometɔ ɖesiaɖe nabia eɖokui be: ‘Ðe mele nye ŋutete ɖesiaɖe wɔma?’” la dome. Taɖodzinu ɖekae le nyabiase eveawo ŋu, gake gbãtɔ fia be nuƒolaa mebu eɖokui be ye kple yeƒe nyaselawo yewole ka ɖeka dzi o. Evelia le dzi dem ƒo na amesiame, nuƒolaa ŋutɔ hã le eme, be wòabu eƒe nɔnɔme kple taɖodzinuwo ŋu.
Tsri didi be yeagblɔ nukokoedonamenyawo kple susu be nyaselawo nako nu dzro ko. Esia ɖea bubu si le Biblia ƒe gbedasia ŋu dzi kpɔtɔna. Nyateƒee, ele be míado vivi ɖe míaƒe Mawu la subɔsubɔ ŋu. Anɔ eme be míaƒe dɔdasia ƒe akpa aɖewo ate ŋu aɖi kokoe gɔ̃ hã. Ke hã be míanɔ vivi dom ɖe nya siwo nye ŋkubiãnya ŋu wòazu nukokoedonamenya nye bubumademade nyaselawo kple Mawu siaa ŋu.
Neva eme be alesi míetena ɖe amewo ŋui, nɔnɔme si míeɖena fiana, kple alesi míeƒoa nui nafia ɣesiaɣi be míebua amewo abe alesi Yehowa fia mí be míabu woe ene.