INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • be nusɔsrɔ̃ 47 axa 247-axa 250 mm. 1
  • Nusiwo Wokpɔna Zazã Nyuie

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nusiwo Wokpɔna Zazã Nyuie
  • Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpɔɖeŋuwo Nanye Nusiwo Ŋu Wonya Nu Tsoe
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Nu Siwo Wokpɔna Ŋu Dɔ Wɔwɔ Nyuie
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Bubudede Amewo Ŋu
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Zã Nusiwo Wokpɔna la Tsɔ Fia Nui
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
Kpɔ Bubuwo
Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
be nusɔsrɔ̃ 47 axa 247-axa 250 mm. 1

NUSƆSRƆ̃ 47

Nusiwo Wokpɔna Zazã Nyuie

Nukae wòle be nàwɔ?

Zã nɔnɔmetatawo, anyigbatatawo, nyaɖoɖowo, kple nu bubuwo be amewo nakpɔ nufiame veviawo le susu me nyuie.

Nukata Wòle Vevie?

Zi geɖe la, nusiwo wokpɔ kple ŋku me kɔna alo wote ŋu tsia susu me na ame ɣeyiɣi didi wu nya si wogblɔ ko.

NUKATA wòle be nàzã nɔnɔmetatawo kple nu bubu siwo wokpɔna la le wò nufiafia me? Elabena ate ŋu ana viɖe nado tso wò nufiafia me wu. Yehowa Mawu kple Yesu Kristo wɔ nusiwo ƒe nɔnɔme dze wokpɔna ŋudɔ eye míate ŋu asrɔ̃e tso wo gbɔ. Ne wotsɔ nusiwo wokpɔna kpe ɖe nya si wogblɔ ŋu la, nyatakaka la léna ɖe susu me le mɔ eve nu. Esia ate ŋu ana wò nyaselawo ƒe susu nakplɔ nuwo ɖo eye wòana wòatsi susu me na wo wu. Aleke nàwɔ azã nusiwo wokpɔna le wò nyanyuia gbɔgblɔ me? Aleke nàwɔ aka ɖe edzi be alesi nèle wo ŋudɔ wɔmee la sɔ?

Alesi Nufiala Gãtɔwo Zã Nusiwo Wokpɔnae. Yehowa zã nusiwo wokpɔna siwo dzi woaɖo ŋkui le nufiame vevi aɖewo fiafia me. Le zã aɖe me la, ena Abraham do yi xexe eye wògblɔ nɛ be: “Kpɔ dziƒo ɖa, eye naxlẽ ɣletiviwo, ne àte ŋu axlẽ wo . . . Nenema wò ƒome anɔ.” (Mose I, 15:5) Togbɔ be nusi ŋugbe wodo adze nusi mate ŋu ava eme o le amegbetɔ ƒe susu nu hã la, ewɔ dɔ ɖe Abraham dzi vevie eye wòxɔ Yehowa dzi se. Ɣebubuɣi la, Yehowa dɔ Yeremya ɖo ɖe zemela aɖe ƒeme eye wòna wòge ɖe zemelaa ƒe dɔwɔƒe be wòakpɔ alesi wòle tsu zãmee la ɖa. Ŋusẽ si Wɔla la kpɔ ɖe amegbetɔ dzi ŋuti nufiame si womate ŋu aŋlɔ be o kae nye si wòɖe fia! (Yer. 18:1-6) Eye aleke wòate ŋu adzɔe be Yona naŋlɔ nublanuikpɔkpɔ ŋuti nufiame si Yehowa to treklɔnua dzi ɖe fiae la be? (Yona 4:6-11) Yehowa gblɔ na eƒe nyagblɔɖilawo gɔ̃ hã be woazã nanewo atsɔ awɔ nyagblɔɖi gbedasi aɖewo ƒe kpɔɖeŋui woakpɔ. (Fia. I, 11:29-32; Yer. 27:1-8; Xez. 4:1-17) Avɔgbadɔa kpakple gbedoxɔa ƒe nɔnɔmewo ŋutɔ hã nye kpɔɖeŋunu siwo akpe ɖe mía ŋu míase dziƒonu ŋutɔŋutɔwo gɔme. (Heb. 9:9, 23, 24) Mawu zã ŋutega geɖe hã tsɔ ɖe nyatakaka vevi aɖewo fia.—Xez. 1:4-28; 8:2-18; Dɔw. 10:9-16; 16:9, 10; Nyaɖ. 1:1.

Aleke Yesu wɔ nusiwo wokpɔna ŋudɔe? Esime Farisitɔwo kple Herodes dzidelawo di be yewoalé Yesu le eƒe nyagbɔgblɔ me la, ebia be woatsɔ denario vɛ eye wòhe woƒe susu yi Kaisaro ƒe nɔnɔmetata si le gakua dzi la dzi. Eyome eɖe eme be ele be woatsɔ Kaisaro ƒe nuwo ana Kaisaro eye be woatsɔ Mawu ƒe nuwo ana Mawu. (Mat. 22:19-21) Esi Yesu di be yeafia nu tso alesi wòle be míatsɔ nusiwo katã le mía si ade bubu Mawu ŋui la, efia asi ahosi dahe aɖe le gbedoxɔa me, amesi ƒe nudzɔdzɔ—si nye gaku sue eve—nye nusiwo katã nɔ esi. (Luka 21:1-4) Ɣebubuɣi ezã ɖevi sue aɖe tsɔ wɔ alesi wòle be woabɔbɔ ame ɖokui eye woagadi ɖoƒe kɔkɔ o la ƒe kpɔɖeŋui. (Mat. 18:2-6) Eya ŋutɔ hã klɔ afɔ na eƒe nusrɔ̃lawo tsɔ wɔ nusi ɖokuibɔbɔ fia ƒe kpɔɖeŋui.—Yoh. 13:14.

Mɔ Siwo Nu Míazã Nusiwo Wokpɔna Le. Míate ŋu azã ŋutegawo atsɔ aɖe nuwo afia abe alesi Yehowa wɔe ene o. Ke hã nɔnɔmetata siwo wɔa dɔ ɖe ame ƒe susu dzi geɖe nɔa Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwo me. Zã wo nàtsɔ akpe ɖe ɖetsɔlemetɔwo ŋu ne woakpɔ alesi anyigba dzi Paradiso si ŋugbe wodo le Mawu ƒe Nya la me ava nɔe ɖa le woƒe susu me. Le aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ me la, àte ŋu ahe nusrɔ̃via ƒe susu ayi nɔnɔmetata si ku ɖe nusi me dzrom miele ŋu la dzi eye nàbia tso esi be wòagblɔ nusi wòkpɔ le eme. Esɔ be míade dzesii be esime Yehowa ɖe ŋutega aɖewo fia nyagblɔɖila Amos la, ebiae be: “Amos, nuka kpɔm nèle?” (Amos 7:7, 8; 8:1, 2) Àte ŋu abia biabia siawo tɔgbe ne èhe amewo ƒe susu yi nɔnɔmetata siwo ŋu wotrɔ asi le be woakpɔ atsɔ afia nui la dzi.

Ne èŋlɔ akɔntabubuwo ɖi alo nèzã ɣeyiɣiɖoɖo ƒe tata tsɔ fia alesi nudzɔdzɔ vevi aɖewo kplɔ wo nɔewo ɖoe la, ate ŋu akpe ɖe amewo ŋu woase nyagblɔɖiwo abe “azã adre” si le Daniel 4:13 kple “kwasiɖa blaadre” si le Daniel 9:24 ene gɔme bɔbɔe wu. Nutata siawo tɔgbewo dze le míaƒe nusrɔ̃gbalẽ geɖe me.

Le miaƒe ƒome Biblia nusɔsrɔ̃wo me la, numedzodzro siwo ku ɖe nuwo abe avɔgbadɔa, gbedoxɔ si nɔ Yerusalem, kple Xezekiel ƒe ŋutega me gbedoxɔa ene ŋu la gɔmesese anɔ bɔbɔe wu ne miezã woƒe tata. Miate ŋu akpɔ wo le Insight on the Scriptures, New World Translation of the Holy Scriptures—With References ƒe megbenyawo, kple Gbetakpɔxɔ ƒe tata vovovowo me.

Ne mia kple wò ƒomea miele Biblia xlẽm la, miwɔ anyigba ƒe nɔnɔmetatawo ŋudɔ bliboe. Mifia asi afisiwo Abraham zɔ mɔ toe tso Ur yi Xaran kaka va ɖo Betel. Milé ŋku ɖe afisiwo Israel-viwo to esi wodzo le Egipte yina Ŋugbedodonyigbaa dzi ŋu. Mide dzesi anyigba si woma na Israel-to ɖesiaɖe be wòanye woƒe domenyinu. Mikpɔ afisi gbegbe Salomo ƒe fiaɖuƒea keke ta ɖoe. Mido afɔ na mɔ si Eliya zɔ esime Izebel do ŋɔdzi nɛ wòsi tso Yezreel yi gbedzi kaka va do ɖe Beer-Seba megbe ke. (Fia. I, 18:46–19:4) Midi dugã kple duvi siwo me Yesu ɖe gbeƒã le. Mido afɔ na Paulo ƒe mɔzɔzɔ, abe alesi woŋlɔe ɖe Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me ene.

Nuwo kpɔkpɔ ŋutɔŋutɔ le vevie ne wole nusiwo yia edzi le hamea me la fiam Biblia-nusrɔ̃viwo. Àte ŋu atsɔ takpekpe ƒe ɖoɖowɔɖi aɖe afiae eye nàɖe nufiame siwo tɔgbe míexɔna le takpekpe suewo kple gãawo me la me nɛ. Ewɔ dɔ ɖe ame geɖe dzi esi wokplɔ wo ɖi tsae le Fiaɖuƒe Akpata me alo le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe aɖe. Esia ate ŋu anye mɔnu nyui aɖe si dzi míato aɖe nukpɔsusu totro siwo le amewo si ɖe míaƒe dɔa kple eƒe taɖodzinu ŋu la ɖa. Ne èkplɔ ame aɖe yi Fiaɖuƒe Akpata me zi gbãtɔ la, ɖe alesi wòto vovo na tadeaguƒe bubuwoe la me nɛ. Te gbe ɖe alesi wotui wòsɔ na nusɔsrɔ̃ ke menye sɔlemexɔ glodzo o la dzi nɛ. Fia asi nu vovovo siwo ŋu wotrɔ asi le koŋ na míaƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa wɔwɔ—agbalẽxɔƒewo, anyigbamama ƒe nɔnɔmetatawo, kple nudzɔɖakawo (si to vovo na nudzɔgbawo).

Ne video siwo wowɔ le Dziɖuha la ƒe mɔfiafia te li la, zã wo be wòatu nusrɔ̃viawo ƒe kaka ɖe Biblia dzi ɖo, wòana woanya nu tso Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwo ŋu, eye wòade dzi ƒo na ekpɔlawo be woanɔ agbe ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu.

Nusiwo Wokpɔna Zazã le Ƒuƒoƒo Gãwo Me. Ne wotrɔ asi le nusiwo wokpɔna ŋu nyuie eye wowɔ wo ŋudɔ nyuie la, woate ŋu atsɔ wo afia nu ƒuƒoƒo gãwo. Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha la na nusiwo wokpɔna siwo le nɔnɔme ƒomevi vovovowo me la mí.

Nusiwo wokpɔna nɔa Gbetakpɔxɔ ƒe nusɔsrɔ̃nyatiwo me zi geɖe wònyea nutata siwo ŋudɔ nusɔsrɔ̃dzikpɔla ate ŋu awɔ atsɔ ate gbe ɖe nya veviawo dzii. Nenema ke wòle le agbalẽ siwo míezãna le Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ me hã.

Adze abe ɖe dutoƒonuƒogbalẽvi aɖewo bia be woazã nusiwo wokpɔna atsɔ awɔ nufiame aɖe ƒe kpɔɖeŋui ene. Ke hã zi geɖe la, viɖe gbogbotɔ dona tsoa eme ne wohe susu yi Biblia si le asi me na nyaselawo dometɔ akpa gãtɔ dzi eye wole edzi kpɔm. Ne eva hiã ɣeaɖeɣi be woawɔ nɔnɔmetata alo nuŋlɔɖi vevi kpui aɖe ŋudɔ atsɔ akɔ nyati vevi aɖe me le nuƒo me la, kpɔ egbɔ nàka ɖe edzi do ŋgɔ be woate ŋu akpɔ (alo axlẽ) nusi nèdi be yeatsɔ afia la tso akpataa ƒe megbe ɖaa. Ƒã hafi wòahiã be woazã wo alea.

Menye taɖodzinu si le nusiwo wokpɔna zazã le nuƒo kple nufiafia me ŋue nye be míatsɔ aɖe modzakae na amewo o. Ne wowɔ nusiwo wokpɔna ŋudɔ le bubumɔ nu la, wo kpɔkpɔ ado ŋusẽ nya vevi siwo hiã gbeteteɖedzi tɔxɛ. Dɔwɔnu siawo wɔa akpa vevi aɖe ne wona nya si wogblɔ me kɔ ale be wote ŋu se egɔme bɔbɔe, alo ne wona kpeɖodzi sẽŋu va le nya si wogblɔ ƒe nyateƒenyenye ŋu. Ne wowɔ nusiwo wokpɔna si sɔ pɛpɛpɛ ŋudɔ nyuie la, awɔ dɔ ɖe amewo dzi nyuie bene woaɖo ŋku nusi wokpɔ la kpakple eŋuti nufiamea siaa dzi ƒe gbogbo aɖewo.

Nusese kple nukpɔkpɔ ƒe ŋutetewo siaa wɔa akpa vevi aɖe le nusɔsrɔ̃ me. Ðo ŋku alesi Nufiala gãtɔwo kekeake wɔ ŋutete siawo ŋudɔe la dzi eye nàdze agbagba asrɔ̃ wo le agbagba siwo nèdzena be yeafia nu amewo me.

NUSIWO WOKPƆNA SIWO SƆ . . .

  • Nawɔe be nusiwo hiã gbeteteɖedzi tɔxɛ nadze nyuie alo wo me nakɔ.

  • Nufiame si le wo me nanye woƒe taɖodzinu vevitɔ.

  • Nedze nyuie nyaselawo katã nate ŋu akpɔ ne wole ezãm le nuƒolanɔƒea.

DƆDASI: Ŋlɔ nusiwo wokpɔna siwo ƒomevi nàte ŋu azã ɖi . . .

Atsɔ atu ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu ɖoe

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

Atsɔ afia Biblia me nyateƒe aɖewo ɖevi sue

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe