Ale Si Míawɔ Aɖo Ame Siwo Míefiaa Nui La Ƒe Dzi Gbɔ
1. Ŋusẽ kae Yesu ƒe nufiafia kpɔ ɖe eƒe nyaselawo ƒe dzi dzi?
1 Yesu Kristo ɖo ame siwo wòfia nui la ƒe dzi gbɔ. Zi ɖeka ya teti eƒe nusrɔ̃lawo ƒe ‘dzi lé dzo’ le wo me esi wòɖe Ŋɔŋlɔawo me na wo nyuie vɔ megbe. (Luka 24:32) Esi wònye dzi mee toɖoɖo Mawu tsona ta la, aleke míawɔ aɖo ame siwo míefiaa nui la ƒe dzi gbɔ be wòaʋã wo woawɔ tɔtrɔwo le woƒe agbe me?—Rom. 6:17.
2. Aleke ŋuɖɔɖɔɖo kple nuŋububu nyuie akpe ɖe mía ŋu míaɖo amewo ƒe dzi gbɔ?
2 Ðɔ Ŋu Ðo Eye Nàbu Nuwo Ŋu Nyuie: Le ame geɖe gome la, ne ègblɔ nu si nyo alo nu si menyo o na wo kã la maʋã wo woaɖe afɔ si sɔ o. Le nyateƒe me la, ne èzã ŋɔŋlɔ geɖe tsɔ ɖee fia ame aɖe be eƒe dzixɔsewo mesɔ o la mawɔ dɔ aɖeke ɖe edzi o. Hafi míaɖo ame aɖe ƒe dzi gbɔ la, ele be míanya susu siwo ta wòxɔ nanewo dzi se kple nu si tae wòwɔa nanewo ɖo. Nya siwo míatia nyuie ahabia le ŋuɖɔɖo me akpe ɖe eŋu wòagblɔ nu siwo le dzi me nɛ. (Lod. 20:5) Ne míenya susu siwo ta wòxɔ nanewo dzi se hewɔa nanewo ɖo la, esia akpe ɖe mía ŋu míanya mawunyakpukpui siwo míazã wòaɖo eƒe dzi gbɔ. Eya ta ele be míatsɔ ɖe le eme na nusrɔ̃via ahagbɔ dzi ɖi nɛ. (Lod. 25:15) Ðo ŋku edzi be ale si amewo wɔa gbɔgbɔmeŋgɔyiyi la mele ɖeka o. Ðe mɔ be Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nakpɔ ŋusẽ ɖe wò nusrɔ̃via ƒe nuŋububu kple nuwɔnawo dzi.—Marko 4:26-29.
3. Aleke míate ŋu akpe ɖe ame siwo míefiaa nui ŋu be woatu nɔnɔme nyuiwo ɖo?
3 Kpe Ðe Wo Ŋu Woatu Nɔnɔme Nyuiwo Ðo: Mawunyakpukpui siwo ƒo nu tso Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ kple lɔlɔ̃ ŋu ate ŋu akpe ɖe ame siwo míefiaa nui ŋu woatu nɔnɔme nyuiwo ɖo. Míate ŋu azã mawunyakpukpuiwo abe Psalmo 139:1-4 alo Luka 12:6, 7 ene atsɔ aɖe ale si gbegbe Yehowa tsɔa ɖe le mía dometɔ ɖe sia ɖe me la me. Ne míaƒe Biblia nusrɔ̃vi aɖe ɖee fia tso dzi me be yekpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe amenuveve ŋu la, eƒe lɔlɔ̃ kple ɖokuitsɔtsɔna Mawu atsi ɖe edzi. (Rom. 5:6-8; 1 Yoh. 4:19) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne eva se egɔme be agbe si yenɔna ate ŋu ado dzidzɔ na Yehowa loo alo ado dziku nɛ la, esiae aʋãe be wòanɔ agbe si ade bubu Yehowa ŋu, eye esia anye dzidzɔ na Yehowa.—Ps. 78:40, 41; Lod. 23:15.
4. Ne míele nu fiam ame aɖe le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la, aleke míate ŋu ade bubu eƒe tiatiawɔblɔɖe ŋu?
4 Yehowa mezia ame aɖeke dzi be wòawɔ yeƒe sewo dzi o. Ke boŋ eƒoa koko na mía dometɔ ɖe sia ɖe be míakpɔ vi siwo wɔwɔ ɖe yeƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi aɖe na mí. (Yes. 48:17, 18) Míesrɔ̃a Yehowa ne míefiaa nu amewo le mɔ si ana woawo ŋutɔwo nakpɔ vi siwo Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ aɖe na wo. Nu nyui geɖe dona tsoa eme ne ame si míele nu fiamee ŋutɔ de dzesi susu siwo ta wòle be wòawɔ tɔtrɔwo le eƒe agbe me. (Rom. 12:2) Enana hã be wòtena ɖe Yehowa ame si “dzroa dziwo me kpɔna” la ŋu.—Lod. 17:3.