NUSƆSRƆ̃ 51
Gamedzinɔnɔ Pɛpɛpɛ, Le Akpa Ðesiaɖe
TOGBƆ be wò nuƒoa ƒe nyonyomee nye nu vevitɔ si ŋu wòle be nàlé ŋku ɖo hã la, mele be nàŋe aɖaba aƒu nuƒoa ƒe gamedzinɔnɔ hã dzi kura o. Wowɔ ɖoɖo ɖe míaƒe kpekpewo ŋu be woadze egɔme ahawu nu ɖe ɣeyiɣi ɖoɖi aɖe koŋ dzi. Esia gbɔ ɖoɖo bia nuwɔwɔ aduadu tso amesiame si si dɔdasi le la gbɔ.
Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, alesi amewo bua agbenɔnɔe la to vovo na alesi wòle le teƒe geɖe egbea. Woyɔa gamewo gbadzaa ɖe nyawo abe “le gaƒoƒo etɔ̃lia me” alo “anɔ gaƒoƒo ewolia dzi” ene me. (Mat. 20:3-6; Yoh. 1:39) Wometsia dzi ɖe gamea yɔyɔ pɛpɛpɛ le gbesiagbe nuwɔnawo me ŋu boo o. Wogabua ɣeyiɣi le xexeame ƒe teƒe aɖewo egbea nenema ke.
Gake togbɔ be nuto si me wole me tɔwo ƒe nɔnɔme alo ame ŋutɔ ƒe didiwo ate ŋu awɔe be amewo matsi dzi ɖe game ŋu o hã la, aɖe vi na mí ne míesrɔ̃ alesi míalé ŋku ɖe eŋudɔwɔwɔ pɛpɛpɛ ŋui nyuie. Ne wode dɔ asi na ame vovovowo le kpekpea me la, ele be woalé ŋku ɖe ɣeyiɣi si wona ɖe akpa ɖesiaɖe ŋu nyuie. Míate ŋu awɔ gɔmeɖose si nye be “woawɔ nuwo katã, alesi dze ɖe eteƒeteƒe” ŋudɔ wòasɔ nyuie le míaƒe dɔdasiawo ƒe gamedzinɔnɔ me.—Kor. I, 14:40.
Alesi Woawɔ Anɔ Game Dzi. Dzadzraɖo nyuie enye nu vevitɔ. Zi geɖe la, nuƒola siwo menɔa game dzi o la nye amesiwo mete ŋu dzra ɖo nyuie o. Ðewohĩ woka ɖe wo ɖokui dzi akpa. Alo ɖewohĩ wohe dzadzraɖoa ɖe megbe ʋuu vaseɖe ɣeyiɣi mamlɛtɔ dzi hafi. Gamedzinɔnɔ pɛpɛpɛ dzea egɔme kple ŋudzɔnɔnɔ ɖe dɔdasia ŋu kpakple didi be woadzra ɖo ɖe eŋu nyuie.
Nuxexlẽe wode asi na wòa? Ke gbã la, to Nusɔsrɔ̃ 4 lia vaseɖe 7 lia me, siwo ku ɖe alesi nuƒoa nazɔ tẽ, gbɔɖeme si sɔ, gbetete ɖe nyakui veviawo dzi hena gɔmesese nyuitɔ kple gbetete ɖe susu veviawo dzi ŋu. Eyome wɔ ɖe mɔfiame mawo dzi esi nèle akpa si wode asi na wò la xlẽm wòaɖi sesĩe. De dzesi game si nèzã. Ðe wòhiã be nàxlẽe wòatsɔ wu bene nàwu enu ɖe game si wona wò dzia? Xlẽe wòatsɔ vie le akpa siwo nya veviawo medze le o, gake yi edzi nàwɔ gbɔɖeme si sɔ ŋudɔ eye nàgbɔ dzi ɖi ɖe akpa siwo nya veviawo hiã gbeteteɖedzi le ŋu. Gasrɔ̃e to eme zi geɖe. Ne nuxexlẽa va le zɔzɔm te nyuie wu la, anɔ bɔbɔe na wò be nàwɔe ɖe game dzi.
Ðe nànɔ nuŋlɔɖigbalẽ si me nya veviwo ko le dzi kpɔm le nuƒoa ƒoƒo mea? Mehiã be nàŋlɔ nyawo ɖi fũ—wòanye nuƒoa me nya sia nya ŋɔŋlɔ ɖi—bene nàte ŋu awu enu ɖe game dzi o. Le Nusrɔsrɔ̃ 25 lia me la, èsrɔ̃ mɔ nyui aɖe si dzi nàto awɔ nuŋlɔɖiwo. Na nya vevi atɔ̃ siawo nanɔ susu me na wò: (1) Dzra nyati nyuiwo ɖo nàtsɔ ade nuƒoa me, gake womegadidi fũ akpa o. (2) Na nyati veviawo nanɔ susu me na wò nyuie, gake mègalé nyagbe blibo siwo nàzã la ɖe susu me o. (3) Ŋlɔ ɣeyiɣi si nàzã ɖe nyati veviawo ƒe akpa ɖesiaɖe ŋu alo game si ava yi ne èɖo nya vevi aɖewo gbɔ la ɖe nuƒogbalẽa dzi. (4) Ne èle nuƒoa srɔ̃m la, kpɔe ɖa be akpa kawoe yeate ŋu aɖe le eme hã, ne èkpɔ be yele gamea dzi gbɔm. (5) Srɔ̃ alesi nàƒo nuƒoae nàto eme zi gbɔ zi geɖe.
Emetoto le vevie. Ne èle eme tom la, kpɔ game si nèzã ɖe akpa ɖesiaɖe ŋu. Gato nuƒoa me ake zi geɖe vaseɖe esime wò nuƒo bliboa sɔ ɖe game si wona wò dzi. Mègate kpɔ be yeade nya gbogbowo eme o. Gblẽ ɣeyiɣi ʋɛ aɖe ɖi le wò dzadzraɖoa me elabena nuƒoa ŋutɔ ƒoƒo le amehawo ŋkume xɔa ɣeyiɣi ʋɛ aɖewo ɖe edzi wu alesi wònɔna le emetoto le ɖokuiwò si me.
Ɣeyiɣia Mama ɖe Akpa Vovovoawo Ŋu. Gamedzinɔnɔ pɛpɛpɛ do ƒome kplikplikpli kple ɣeyiɣi si woazã ɖe nuƒoa ƒe akpa ɖesiaɖe ŋu. Ele be nuƒoa me nyatia ŋutɔ me dzodzro naxɔ ɣeyiɣia ƒe akpa gãtɔ. Akpa mae nufiame veviawo le. Ele be ŋgɔdonyaa ƒe didime nasɔ ɖe taɖodzinu etɔ̃ siwo wogblɔ le Nusrɔsrɔ̃ 38 lia me nu ko. Le ɖekawɔwɔ me kple Nusɔsrɔ̃ 39 lia la, mele be nuƒoa ŋutɔ me nyawo nasɔ gbɔ fũ akpa bene ɣeyiɣi maganɔ anyi na nyataƒoƒo si sɔ o.
Wò agbagbadzedze be nànɔ game dzi la ana nuƒoa nanyo ɖe edzi eye wòaɖe bubudede ame bubu siwo hã si dɔdasi le kpakple bubudede hame bliboa ŋu afia.