INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/04 axa 3
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gamedzinɔnɔ Pɛpɛpɛ, Le Akpa Ðesiaɖe
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Ale Si Míadzra Ðo Ðe Subɔsubɔ Kpekpea Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Mɔfiamewo Na Ame Siwo Wɔa Dɔdeasiwo Le Subɔsubɔ Kpekpea Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Nuƒo Dzadzraɖo Hena Hamea
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
km 1/04 axa 3

Nyabiaɖaka

◼ Aleke míawɔ akpɔ egbɔ be hamea ƒe kpekpewo nɔa game dzi?

Ɣeyiɣi va yina kabakaba ŋutɔ ne míele dze ɖom tso nya tuameɖo aɖe ŋu kple mía xɔlɔ̃wo. Le esia ta ate ŋu anye nu sesẽ be woawɔ kpekpeawo ƒe akpa ɖesiaɖe ɖe ɣeyiɣi si wona la dzi. Nukawoe akpe ɖe mía ŋu míanɔ game dzi?

Midze egɔme ɖe game dzi. Ne hame bliboa va ƒo ƒu la, anyo be míakpe nyaselawo be woanɔ anyi miniti ɖeka alo eve do ŋgɔ na kpekpea gɔmedzedze ale be míate ŋu adze kpekpea gɔme ɖe game dzi le ɖoɖo nyui nu. (Nyagb. 3:1) Mele be woahe kpekpe siwo me ƒuƒoƒoa le sue wu, abe kpekpe hena gbeadziyiyi ene, ɖe megbe le esi wole amesiwo anya tsi megbe la lalam ta o.

Midzra ɖo nyuie. Dzadzraɖo nyuie do ŋgɔ wɔa akpa vevi aɖe le gamedzinɔnɔ me. Na taɖodzinu si le dɔdasia ŋu nanɔ susu me na wò. De dzesi nyati veviawo, eye nàte gbe ɖe wo dzi. Mègana nya bubu siwo mele vevie o gbɔgblɔ nana nàtrɔ ɖa tso wò taɖodzinua gbɔ o. Gblɔ nyawo le mɔ si nu woase wo gɔme le bɔbɔe nu. Ne wɔwɔfiawo alo gbebiamewo le wò dɔa me la, mito wo me nyuie do ŋgɔ. Dze agbagba alesi nàte ŋui be ne èle dɔdasia me tom kple gbe si kɔ dzi la, nàkpɔ game ahatrɔ asi le eŋu wòasɔ ɖe ɣeyiɣi si wona nu.

Ma nyatia ɖe akpa vovovowo me. Eɖanye nuƒo alo numedzodzro kple nyaselawoe wò dɔdasia nye o, àkpɔe be ade ye dzi be yeama nyatia ɖe akpa vovovowo me. Tia ɣeyiɣi si nàzã ɖe akpa ɖesiaɖe ŋu, eye ŋlɔ esia ɖe wò nuƒogbalẽa ƒe axa dzi. Azɔ ne èle dɔdasia wɔm la, kpɔ egbɔ be yewɔ ɖe ɣeyiɣi si yena akpa ɖesiaɖe la dzi. Ne dɔdasia nye numedzodzro kple nyaselawo la, ƒo asa na nya geɖe akpa gbɔgblɔ le wò ŋgɔdonyaa me bene madzɔ be nàƒu du ato nya vevi siwo dze emegbe la me dzradzradzra o. Ele be Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo nagblẽ ɣeyiɣi agbɔsɔsɔ si hiã la ɖi na numetotoɖakaa me dzodzro le nusɔsrɔ̃a ƒe nuwuwu. Ele be woanɔ ŋudzɔ hã be woagazã ɣeyiɣi si woɖo ɖi na hadzidzi kple gbedodoɖa hena kpakpã o.

Ƒo nya ta ɖe game dzi. Le kpekpe siwo me nuƒola vovovo akpɔ gome le, abe Subɔsubɔ Kpekpea ene gome la, ele be nuƒola ɖesiaɖe nanya ɣeyiɣi si me wòle be wòadze eƒe nuƒoa gɔme kple ɣeyiɣi si wòle be wòawu enu. Nukae woate ŋu awɔ ne edze ƒã be kpekpea agbɔ game dzi? Nɔviŋutsu siwo le akpa siwo kplɔe ɖo wɔm la ate ŋu awɔ ɣeyiɣi si kpɔtɔ ŋudɔ le mɔ sia nu be woate gbe ɖe nya vevi siwo le woƒe nuƒoa me dzi ko aɖe asi le nya siwo mehiã boo o ŋu. Esia wɔwɔ nye dzesiawo dometɔ ɖeka si fiana be ame nye nufiala bibi.

Mí nyaselawo hã míate ŋu akpe ɖe nɔvi si le kpekpea dzi kpɔm ŋu ne míena ŋuɖoɖo siwo le kpuie heyi nyaa gbɔ tẽ. Eyata mí katã míate ŋu akpe asi ɖe kpekpeawo ŋu ale be woawɔe “alesi dze ɖe eteƒeteƒe.”—Kor. I, 14:40.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe