Nɔnɔme Siwo Me Ƒe Alafa Gbãtɔ Me Kristotɔwo Nɔ Agbe Le
“Atikpala”
“Menye atikpala la ƒe vie nye esia oa?”—MATEO 13:55.
MENYE ‘atikpala la ƒe vi’ koe wonya na Yesu o, ke boŋ wonyae be enye “atikpala” hã. (Marko 6:3) Anɔ eme be Yosef si xɔe nyi la gbɔe wòsrɔ̃ dɔ sia le.
Aɖaŋu kawoe wòhiã be Yesu nasrɔ̃, eye dɔwɔnu kawo zazãe wòhiã be wòanya esime wònye atikpala alo kapita? Nu kawoe wòanya kpa alo dzra ɖo na Nazarettɔwo? Eye aleke atikpakpadɔ si wòsrɔ̃ le ɖevime la anya ɖe vi nɛ emegbe?
Ƒomea Ƒe Dɔe Le nɔnɔmetataa me le ete la, vifofo aɖe le ale si woazã nu si wotsɔna ɖea do ɖe ati me, si ŋu daka le la, fiam viaŋutsuvi tsitsitɔ. Viaŋutsuvi bubu hã le afi ma le to ɖom hele ŋku lém ɖe eŋu nyuie.
Zi geɖe la, ŋutsuviwo dzea atikpakpasɔsrɔ̃ gɔme ne woxɔ ƒe 12 va ɖo ƒe 15. Wo fofo koŋ gbɔe wosrɔ̃nɛ le. Dɔa sɔsrɔ̃ ate ŋu axɔ ƒe geɖe, eye ahiã be ɖeviawo naku kutri vevie ne wodi be yewoava zu atikpala bibi. Wò ya bu ale si dzi adzɔ Yosef be wòazã gaƒoƒo geɖe kple Yesu, awɔ dɔ kplii, aɖo dze kplii ahafia dɔe ŋu kpɔ. Eye ne Yosef kpɔe be Yesu le dɔa nyam nyuie la, ɖe manye dada gã aɖe nɛ oa?
Ebia Nunya, Ŋusẽ Kple Aɖaŋu Ehiã be atikpala nanya ati si ŋu dɔ wɔ ge wòle la nyuie. Ate ŋu azã ati siwo wodona le nutoa me abe kpomi, oɖumti, sederti, gboti alo amiti ene. Gake atidzeƒe alo atidzraƒe aɖeke meli le ƒe alafa gbãtɔ me, afi si atikpala natso ayi ko akpɔ ati si tututu ƒomevi dim wòle wòasɔ ɖe dzidzea nu nɛ pɛpɛpɛ o. Ke boŋ ele be wòayi ave me aɖakpɔ ati si ƒomevi dim wòle, amui ahatee segesege ava afi si wòle dɔ wɔ ge kplii le.
Nu kawoe atikpala wɔna kple ati siwo wòdi? Ðewohĩ azã gaƒoƒo geɖe le afi si wole xɔ tum le. Adze ati siwo woatsɔ agba xɔ, awɔ atrakpuiwo, akpa ʋɔtruwo, fesrewo, ʋɔtrutiwo kple fesretiwo.
Atikpala kpaa xɔmenuwo hã. Nu siawo dometɔ aɖewo dze le nɔnɔmetata siwo dze le axa siawo la me: tsitrenuɖaka si me wotso keŋ, eye ʋɔtruwo le eŋu (1); dzodoƒezikpui (2), atiklã (3), kple kplɔ̃ (4) siwo ƒe lolome kple nɔnɔme le vovovo; kpakple abati sue siwo me wodaa vidzĩwo ɖo. Ɣeaɖewoɣi la, efaa ati dzeani siwo ŋu wodo atsyã vovovowo ɖo la ɖe xɔmenuwo ŋu. Be nuawo nanya kpɔ alo woanɔ anyi eteƒe nadidi la, ate ŋu afa anyĩgba ɖe wo ŋu alo asi aŋɔ alo ami na wo.
Atikpala kpaa agbledenuwo hã: kɔkuti (5) si wotsɔa ati sesẽ kpanɛ, kple agblenu si le abe gaflo ene, gaxa kple sofi (6). Ele be kodziti (7) siwo wòakpa la nasẽ, elabena wozãa wo tsɔna dzoboa anyigba siwo me kpe le. Ekpaa agbatsɔkeke (8) kple tasiaɖam hã, eye wòkpaa afɔti sesẽ siwo ƒe afɔtimegawo tso ga wo nɔewo me, siwo dzi woazɔ ɖo. Dɔ siwo wòwɔna ƒe ɖewo hãe nye xɔmenu, dɔwɔnu alo keke siwo wòkpa, siwo gblẽ alo do xoxo la, dzadzra ɖo.
Èbu ale si atikpakpadɔ anya na Yesu ƒe dzedzeme nɔ ŋu kpɔa? Ðewohĩ ale si wònɔa ŋdɔkutsu dzi le Palestina nuto mawo me la na eƒe agbalẽ trɔ; dɔ sesẽ siwo wòwɔ ƒe geɖe la na wòva dzɔ atsu; eye ale si wòkɔa atikpo hezãa fía, zu kple saka la na eƒe asi me va tri.
Ezãe Tsɔ Wɔ Kpɔɖeŋuwo Yesu zãa nu siwo ame geɖe nya la aɖaŋutɔe tsɔ ɖe Mawu ƒe nya goglowo me. Ðe wòzã nu siwo wònya tso atikpakpa ŋu la le eƒe kpɔɖeŋu aɖewo mea? Bu kpɔɖeŋu siwo wòwɔ la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ. Egblɔ na ameha aɖe gbe ɖeka be: “Ekema nu ka tae nèkpɔa ati fefee si le nɔviwò ƒe ŋku dzi, gake mèbua atikpo si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi ya ŋu o?” Atikpala anya ale si atikpo lolonae godoo. (Mateo 7:3) Emegbe Yesu gblɔ na ameha bubu be: “Ame si tsɔ eƒe asi da ɖe kodzi dzi, gake wògale nu siwo le megbe kpɔm la, medze na Mawu fiaɖuƒe la o.” Ðewohĩ eya ŋutɔ hã kpa kodziti aɖewo kpɔ. (Luka 9:62) Yesu zã agbledenu si atikpalawo kpana la le nya vivi siwo wòtsɔ kpe amewo la dometɔ ɖeka me. Yesu gblɔ be: “Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye misrɔ̃ nu tso gbɔnye . . . Elabena nye kɔkuti la tsɔtsɔ le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.” (Mateo 11:29, 30) Edze ƒãa be Yesu nya ale si woakpa kɔkuti si mabebe kɔ o, si “tsɔtsɔ le bɔbɔe,” alo sɔ nyuie.
Ðewohĩ gbɔɖiame ƒe gbee ame siwo tsi tsitre ɖe Yesu ŋu la tsɔ yɔe be “atikpala la ƒe vi.” Gake Kristotɔ siwo li egbea ya bunɛ be bubu wònye na yewo be yewoanye ame sia, si nye atikpala tsɛ kpɔ la, yome dzelawo, abe ale si ko wònye bubu na Kristotɔwo le apostoloawo ŋɔli ke ene.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 26]
Dɔwɔnu Siwo Nɔa Atikpala Ƒe Aɖaka Me
Ehiã be ame si nye atikpala le ƒe alafa gbãtɔ me abe Yesu ene la nanya dɔwɔnu siwo le afi sia la zazã nyuie. Eƒe laxalaxa (1) alo saka nye ati si nu gaɖuwo le wòtsɔna dzea atii. Ezãa dzogoedzidzenu (2) tsɔna dzidzea nu si kpam wòle la ƒe dzogoe, eye wòzãa tsumikpe (3) tsɔna dzidzea eƒe dzɔdzɔme. Ezãa sɔsɔmedzidzenu (4), dzidzeti (5), atiƒlɔnu si ŋu ga ɖaɖɛ le be woatsɔ aƒlɔ ati ŋu (6), kple fía (7) si wòtsɔna lãa ati.
Atikpala zãa kaxatsanu si ŋu daka le (8) kple pɛ nugã (9) tsɔna lãa ɖeti alo xatsanɛ ɖe nɔnɔme si wòdi me. Àkpɔ atizu (10) le aɖaka si me dɔwɔnuawo le ƒe nutuvi dzi, eye eyae wòtsɔna ƒoa ati eve ɖe wo nɔewo ŋu alo tsɔna ƒoa pɛ tame. Nu bubu siwo le afi mae nye laxalaxa sue (11), atiŋuɖehɛ (12) si wòtsɔna ɖea ati ŋu, kple gatagbadzɛ (13) ʋɛ aɖewo. Zu (14) le aɖakaa ŋu, eye atiŋukpanu (15) si wòtsɔna kpaa atia ŋu hafi va dzenɛ hã le afi ma. Hɛ (16) kple pɛ (17) siwo ƒe lolome le vovovo hã le nutuvia dzi. Nu si wotsɔna ɖea do ɖe ati me, si ŋu daka le (18) la hã le aɖakaa ŋu.