TA 45
Nukae Nye Mawu Ƒe Fiaɖuƒea? Alesi Míaɖee Afia Be Míedinɛ
ÈNYA gbedodoɖa si Yesu fia eyomedzelawoa?— Ne mènyae o la, ke míate ŋu axlẽe le Biblia me, le Mateo 6:9-13. Gbedodoɖa ma, si ame geɖe yɔna be Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa, la me nya aɖewoe nye: “Wò fiaɖuƒe nava!” Ènya nusi Mawu ƒe Fiaɖuƒea nyea?—
Enyo, fiae nye amesi le dukɔ alo nuto aɖe dzi ɖum. Eye woyɔa eƒe dziɖuɖu be fiaɖuƒe. Le dukɔ aɖewo me la, woyɔa tatɔ si le dziɖuɖu nu be dukplɔla. Aleke woyɔna na Dziɖula si le Mawu ƒe dziɖuɖua nu?— Woyɔnɛ be Fia. Ema tae woyɔa Mawu ƒe dziɖuɖua be Fiaɖuƒe ɖo.
Ènya amesi Yehowa Mawu tia be wòanye Fia le Yeƒe dziɖuɖua mea?— Eyae nye Via Yesu Kristo. Nukata wònye dziɖula si nyo wu ame bubu ɖesiaɖe si amegbetɔwo atia?— Esi Yesu lɔ̃ Fofoa Yehowa vevie ŋutɔ tae. Le esia ta ewɔa nusi le dzɔdzɔe ɣesiaɣi.
Ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ hafi woava dzi Yesu le Betlexem la, Biblia ƒo nu tso eƒe dzidzi ŋu eye wògblɔ be ava zu Mawu ƒe Dziɖula si wòtia. Na míaxlẽ nu tso eŋu le Yesaya 9:5, 6. Egblɔ be: ‘Wodzi vi na mí, eye wona ŋutsuvi mí, dziɖuɖu le abɔta nɛ, eye wotsɔ ŋkɔ nɛ be Ŋutifafa Fiavi. Eƒe dziɖuɖu akeke ta, eye seɖoƒe manɔe na ŋutifafa o.’
Woyɔ Yesu, Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe Dziɖula, le afisia be “Fiavi.” Fiagã Yehowa ƒe Vie wònye. Gake Yehowa tsɔ Yesu ɖo Fiae le Eƒe dziɖuɖu si aɖu anyigba dzi ƒe akpe ɖeka la hã me. (Nyaɖeɖefia 20:6) Esi wonyrɔ Yesu ɖe tsi me vɔ la, ede asi “gbeƒãɖeɖe me le gbɔgblɔm bena: Mitrɔ le miaƒe dzi me, elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ!”—Mateo 4:17.
Èsusu be nukatae Yesu gblɔ be Fiaɖuƒea ɖo vɔ?— Elabena Fiaɖuƒea ƒe Fia si ava ɖu dzi emegbe tso dziƒo la nɔ wo dome ŋutɔŋutɔ! Ema tae Yesu gblɔ nya sia na amewo ɖo, be: “Mawufiaɖuƒe la le mia dome.” (Luka 17:21) Ðe madzɔ dzi na wò ne ɖe nènɔ anyi ɣemaɣi eye Yehowa ƒe Fia si wòtia la nanɔ gbɔwò tututu nàte ŋu aka asi eŋu gɔ̃ hã oa?—
Azɔ gblɔe nam, dɔ vevi kae Yesu va anyigba dzi va wɔ?— Yesu ŋutɔ ɖo biabia sia ŋu be: ‘Ele nam be, magblɔ mawufiaɖuƒe la ŋu nyanyui afia du bubuawo hã; elabena eyata wodɔm ɖo.’ (Luka 4:43) Yesu nya be ye ɖeka yemate ŋu awɔ gbeƒãɖeɖedɔa katã o. Eyata èbu be nukae wòwɔ?—
Dɔ kae Yesu va anyigba dzi va wɔ?
Yesu kplɔ amewo be woazɔ kpli ye bene yeafia alesi woawɔ gbeƒãɖeɖedɔae la wo. Ame gbãtɔ siwo wòna hehee enye ame 12 siwo wòtia wonye eƒe apostolowo. (Mateo 10:5, 7) Gake Yesu ƒe apostoloawo koe wòna hehea? Ao, Biblia gblɔ be Yesu na hehe ame bubu geɖewo hã be woava ɖe gbeƒã. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, edɔ nusrɔ̃la 70 bubuwo do ŋgɔ be woazɔ eveve ayi afisiwo eya ŋutɔ gbɔna toto ge. Eye nukae woyi va fia amewo?— Yesu gblɔ be: “Migblɔ na wo bena: Mawufiaɖuƒe la gogo mi vɔ!” (Luka 10:9) Esia na be amewo srɔ̃ nu tso Mawu ƒe dziɖuɖua ŋu.
Ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ le Israel la, fia yeyewo doa tedzivi toa dua me be woaɖe wo ɖokui afia amewo. Azɔ nusia tututue Yesu wɔ esi wòyi Yerusalem zi mamlɛtɔ. Èkpɔea, Yesue ava nye Dziɖula le Mawu ƒe Fiaɖuƒea me. Ðe amewo di be wòanye yewoƒe Fia?—
Enyo, esi wòdo tedzivia va yina la, amehawo dometɔ akpa gãtɔ tsɔ woƒe avɔwo ɖo ɖe mɔ dzi le eŋgɔ be wòato edzi. Ame bubuwo lã atilɔwo da ɖe mɔa dzi. To esia wɔwɔ me la, amewo ɖee fia be yewodi be Yesu nanye yewoƒe Fia. Wodo ɣli be: ‘Woayra Fia si gbɔna le Yehowa ƒe ŋkɔ me.’ Gake menye amesiamee wòdzɔ dzi na o. Le nyateƒe me la, subɔsubɔhakplɔla aɖewo gblɔ na Yesu gɔ̃ hã be, ‘Gblɔ na wò nusrɔ̃lawo be woazi ɖoɖoe.’—Luka 19:28-40.
Nukatae amewo trɔ susu be Yesu naganye yewoƒe Fia o?
Le nudzɔdzɔ sia ƒe ŋkeke atɔ̃ megbe la, wolé Yesu kplɔe yi ɖe mɔmefia Pontio Pilato ƒe fiasã me. Yesu ƒe futɔwo be Yesu le gbɔgblɔm be fiae yenye eye be etsi tre ɖe Roma dziɖuɖua ŋu. Eyata Pilato bia nya Yesu tso nya sia ŋu. Yesu ɖee fia be menye ɖe yele didim be yeaxɔ dziɖuɖua le wo si o. Egblɔ na Pilato be: “Nye fiaɖuƒe metso xexe sia me o.”—Yohanes 18:36.
Emegbe Pilato do go yi amehawo gbɔ va gblɔ na wo be yemekpɔ vodada aɖeke le Yesu ŋu o. Gake azɔ ameawo megadi be Yesu nanye yewoƒe Fia o. Womedi be wòaɖe asi le Yesu ŋu o. (Yohanes 18:37-40) Esi Pilato gaƒo nu kple Yesu ake vɔ la, ekpɔ kakaɖedzi be mewɔ nu gbegblẽ aɖeke o. Eyata mlɔeba esi Pilato kplɔ Yesu va gota zi mamlɛa la, egblɔ na amehawo be: “Mikpɔ miaƒe fia la ɖa!” Gake ameawo do ɣli be: “Kplɔe yii, kplɔe yii, klãe ɖe ati ŋuti!”
Pilato bia wo be: “Miaƒe fia lae maklã ɖe ati ŋutia?” Nunɔlagãwo ɖo eŋu be: “Fia aɖeke mele mía si o, negbe kaisaro ko.” Wò ya bu ema ŋu kpɔ ko! Nunɔla vɔ̃ɖi mawo te ŋu trɔ susu na dukɔa wogbe Yesu!—Yohanes 19:1-16.
Egbea hã ɖeko nuwo le abe alesi wònɔ ɣemaɣi ene. Ame akpa gãtɔ medi be Yesu nanye yewoƒe Fia o. Woate ŋu agblɔ be yewoxɔ Mawu dzi se ya, gake womedi be Mawu alo Kristo nagblɔ nusi wòle be yewoawɔ la na yewo o. Woawo ŋutɔ woƒe dziɖuɖu siwo le anyigba dzi afisia ko dim wole.
Ke míawo ya ɖe? Esi míesrɔ̃ nu tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea kple nu dodzidzɔname siwo katã wòava wɔ na mí ŋu la, aleke wòna míese le mía ɖokui me ɖe Mawu ŋu?— Ðe mena míelɔ̃e oa?— Ekema aleke míate ŋu aɖee afia Mawu be míelɔ̃e eye be eƒe Fiaɖuƒea dim míele be wòava ɖu mía dzi?—
Nukatae wonyrɔ Yesu ɖe tsi me, eye aleke Mawu ɖee fiae be yekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu?
Míate ŋu aɖe alesi míesena le mía ɖokui me afia Mawu to Yesu ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃ me. Eye nukae Yesu wɔ tsɔ ɖee fia be yelɔ̃ Yehowa?— Yesu ɖe eme be: “Mewɔa nusi dzea eŋu ɖaa.” (Yohanes 8:29) Ẽ, Yesu va anyigba dzi be ‘yeava wɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu’ eye be ‘yeawu eƒe dɔwɔwɔ la nu.’ (Hebritɔwo 10:7; Yohanes 4:34) Bu nusi Yesu wɔ hafi dze eƒe gbeƒãɖeɖedɔa gɔme ŋu kpɔ.
Yesu yi ɖe Yohanes Amenyrɔɖetsimela gbɔ le Yordan-tɔsisia me. Esi woge ɖe tsia me vɔ la, Yohanes nyrɔ Yesu ɖe tsia me wòbu ɖe eme keŋkeŋ eye eyome wògafɔe dzi ake tso tsia me. Ènya nusita Yohanes na nyɔnyrɔ Yesua?—
Afikawoe míate ŋu agblɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu nya na amewo le?
Yesu ŋutɔe bia Yohanes be wòanyrɔ ye. Gake aleke míewɔ nya be Mawu di be woanyrɔ Yesu ɖe tsi me?— Míenya be edii elabena esi Yesu do tso tsia me vɔ la, wose Mawu ƒe gbe tso dziƒo wògblɔ be: “Wòe nye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o; wò ŋu mekpɔa ŋudzedze lena.” Mawu ɖo eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ɖa gɔ̃ hã wòdze abe akpakpa ene ɖe Yesu dzi. Eyata esi Yesu xɔ nyɔnyrɔ la, eɖee fia be yedi be yeasubɔ Yehowa le yeƒe agbemeŋkekewo katã me, ẽ, be yeasubɔe tegbee.—Marko 1:9-11.
Fifia, ɖevie nènye. Gake nukae nàva wɔ ne ètsi vie?— Ðe nàdi be yeasrɔ̃ Yesu axɔ nyɔnyrɔa?— Ele be nàsrɔ̃e, elabena Biblia gblɔ be egblẽ “kpɔɖeŋu ɖi na mi, bene miadze eƒe afɔɖoƒewo yome.” (Petro I, 2:21) Ne èva xɔ nyɔnyrɔ la, àto ema me aɖee afia be yedi be yeanɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te ŋutɔŋutɔ. Gake mefia be ne èxɔ nyɔnyrɔ ko evɔ o.
Ehiã be míawɔ ɖe nusiwo katã Yesu fia la dzi. Yesu gblɔ be mele be ‘míanye xexeame ƒe akpa aɖeke o.’ Ne míeva ƒo mía ɖokui ɖe xexe sia me nuwɔnawo me la, ɖe wòafia be míele to ɖomeea? Yesu kple eƒe apostolowo tsri nuwɔna mawo ƒomevi. (Yohanes 17:14) Ke nuka boŋue wowɔ?— Woƒo nu tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu na amewo. Emae nye dɔ vevitɔ kekeake na wo le woƒe agbe me. Ðe míawo hã míate ŋu awɔea?— Ẽ, míate ŋui, eye míawɔe nenye be míetsɔa nya siwo míegblɔna le míaƒe gbedodoɖa me be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nava la nu vevii.
Taflatse xlẽ mawunyakpukpui bubu siawo siwo gblɔ nusi míate ŋu awɔ atsɔ aɖee afia be míedi be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nava la kpɔ: Mateo 6:24-33; 24:14; Yohanes I, 2:15-17; kple 5:3.