INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • jl nusɔsrɔ̃ 21
  • Teƒe Kae Nye Betel?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Teƒe Kae Nye Betel?
  • Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Esia Ate Ŋu Anye Agbemedɔ Nyuitɔ Kekeake na Wòa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Wole Ame Sia Ame Kpem!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Dɔ Nyui Siwo Womaŋlɔ Be O
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2019
  • Betel—Du si Xɔ Ŋkɔ Nyui Kple Ŋkɔ Vɔ̃
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Kpɔ Bubuwo
Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
jl nusɔsrɔ̃ 21

NUSƆSRƆ̃ 21

Teƒe Kae Nye Betel?

Yehowa Ðasefowo dometɔ eve siwo le dɔ wɔm le Nutata Dɔwɔƒea le Betel

Nutata Dɔwɔƒe, U.S.A.

Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka si le dɔ wɔm le Germany Betel ƒe agbalẽtaƒe

Germany

Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka si le dɔ wɔm le Kenya Betel ƒe nunyaƒe

Kenya

Kplɔ̃ɖolawo le kplɔ̃ ɖom le Betel si le Colombia la ƒe nuɖuxɔ me

Colombia

Betel nye Hebrigbe me nya si gɔmee nye “Mawu ƒe aƒe.” (1 Mose 28:17, 19) Ŋkɔ sia sɔ na dɔwɔƒe siwo Yehowa Ðasefowo ɖo ɖe dukɔ vovovowo me le xexea me katã, eye teƒe mawoe wofiaa mɔ gbeƒãɖeɖedɔa hekpɔa edzi le. Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha la le míaƒe xexea me katã ƒe dɔwɔƒegã si le New York State, U.S.A., eye afi mae wokpɔa dɔ si wowɔna le alɔdzedɔwɔƒe siwo le dukɔ vovovowo me la dzi le. Woyɔa ame siwo le subɔsubɔm le alɔdzedɔwɔƒeawo be Betel-ƒomea me tɔwo. Wowɔa nu sia nu ɖekae abe ƒome ene—wole teƒe ɖeka, wowɔa dɔ aduadu, woɖua nu ɖekae, eye wosrɔ̃a Biblia ɖekae.—Psalmo 133:1.

Enye teƒe tɔxɛ aɖe, afi si ame siwo tsɔ wo ɖokuiwo na faa la wɔa dɔ le. Le Betel-ƒe ɖe sia ɖe me la, míakpɔ Kristotɔ ŋutsu kple nyɔnu siwo tsɔ wo ɖokuiwo ɖo anyi na Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ, eye wotsɔ woƒe ɣeyiɣiwo katã ɖo anyi be yewoatsɔ ado Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ. (Mateo 6:33) Wo dometɔ aɖeke mexɔa fetu o, ke boŋ wonaa xɔdɔme, nuɖuɖu, kple gakpekpeɖeŋu sue aɖe wo be woatsɔ akpɔ woƒe hiahiã aɖewo gbɔe. Wodea dɔ aɖe koŋ asi na Betel ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe, abe ɔfisdɔ, nuɖaɖa, kple kplɔ̃ɖoɖo ene. Wo dometɔ aɖewo nye xɔmedzraɖolawo, eye bubuwo hã wɔa dɔ le agbalẽtaƒe, nunyaƒe, nuwo dzraɖoƒe, kple dɔwɔƒe bubuawo.

Enye teƒe si wowɔa dɔ veviedodotɔe le tsɔ doa alɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa. Susu si koŋ ta woɖoa Betel-ƒewoe nye be, woakpɔ egbɔ be Biblia me nyateƒea ɖo ame geɖe alesinu woate ŋui gbɔ. Agbalẽ sia si wota wòsu asiwò la nye esia ƒe kpɔɖeŋu ɖeka. Woŋlɔe le Dɔdzikpɔha la ƒe mɔfiafia te, woɖoe ɖe míaƒe gbegɔmeɖela alafa geɖe siwo le xexea me godoo to kɔmpiuta dzi be woaɖe egɔme, wotae le míaƒe agbalẽtaƒe gã siwo le Betel, eye woɖoe ɖe hame siwo wu 110,000 sɔŋ le xexea me godoo. Le agbalẽtatadɔ sia ƒe akpa sia akpa la, Betel-ƒomea wɔa akpa vevi aɖe le asikpekpe ɖe nya nyui gbeƒãɖeɖedɔa ŋu me, eye gbeƒãɖeɖedɔ siae nye dɔ vevitɔ kekeake si hiã kpata.—Marko 13:10.

  • Ame kawoe subɔna le Betel, eye ɖoɖo kawoe wowɔ na wo?

  • Dɔ kae nye dɔ si hiã kpata, eye aleke dɔ siwo wowɔna le Betel la doa alɔ dɔ siae?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe