KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ
Dɔ Nyui Siwo Womaŋlɔ Be O
Yehowa subɔlawo katã ate ŋu awɔ dɔ nyuiwo le subɔsubɔdɔ kɔkɔe siwo wowɔna na Mawu la me. Abe ale si ko dzila lɔ̃ame dea asixɔxɔ nu si viawo te ŋu wɔ ŋu ene la, nenema kee Yehowa maŋlɔ míaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ si míeɖe fia le eƒe ŋkɔ la ta be o. (Mt 6:20; Heb 6:10) Le nyateƒe me la, míaƒe ŋutetewo kple nɔnɔmewo to vovo. Ke hã, ne míewɔ míaƒe ŋutete katã le Yehowa subɔsubɔ me la, ana míakpɔ dzidzɔ. (Ga 6:4; Kol 3:23) Ƒe geɖe nye esia si nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu akpe geɖe tsɔ wo ɖokuiwo na le dɔ wɔm le Betel. Ðe nàte ŋu atsɔ ɖokuiwò ana faa awɔ dɔ le Betel-a? Ne wò nɔnɔme maɖe mɔ o la, ɖe nàte ŋu ade dzi ƒo na ame aɖe be wòawɔe alo akpe ɖe ame aɖe si le subɔsubɔdɔ tɔxɛ sia wɔm le Betel la ŋu be wòayi edzi awɔea?
MIKPƆ VIDEO SI NYE NU SIWO NÀWƆ BE NÀTE ŊU ASUBƆ LE BETEL, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:
Nu kae aʋã ame aɖe wòadi be yeasubɔ le Betel?
Nya kawoe ame aɖewo gblɔ tso yayra siwo wokpɔ esi wole subɔsubɔm le Betel?
Nudidi kawo gbɔe wòle be ame naɖo hafi asubɔ le Betel?
Aleke nàwɔ ade asi agbalẽ te be yeasubɔ le Betel?