INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • fg nusɔsrɔ̃ 15 biabiawo 1-4
  • Nu Ka Tae Wòle Be Nàyi Nusɔsrɔ̃a Dzi?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Ka Tae Wòle Be Nàyi Nusɔsrɔ̃a Dzi?
  • Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aleke Nàwɔ Ate Ðe Mawu Ŋu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Agbenɔnɔmɔ Bubu Aɖeke Megali Si Nyo Wu Esia O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Aleke Tututue Wò Kple Yehowa Dome Le?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • ‘Enyo Na Mí Be Míate Ðe Mawu Ŋu’!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
Kpɔ Bubuwo
Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
fg nusɔsrɔ̃ 15 biabiawo 1-4

NUSƆSRƆ̃ 15

Nu Ka Tae Wòle Be Nàyi Nusɔsrɔ̃a Dzi?

1. Aleke Biblia sɔsrɔ̃ dzi yiyi aɖe vi na wòe?

Nyɔnu eve aɖewo le Biblia srɔ̃m le woƒe ɖiɖiɖemeɣi

Ðikeke mele eme o be Biblia me nufiafia vevi mawo sɔsrɔ̃ na wò lɔlɔ̃ na Yehowa me gasẽ ɖe edzi. Ehiã be nànɔ lɔlɔ̃ ma tum ɖo ɣesiaɣi. (1 Petro 2:2) Be agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔa nasu asiwò la, anɔ te ɖe ale si nàyi edzi anɔ tetem ɖe Mawu ŋu to eƒe Nya la sɔsrɔ̃ me dzi.​—Xlẽ Yohanes 17:3; Yuda 21.

Ne wò sidzedze Mawu dzi ɖe edzi la, wò xɔse agasẽ ɖe edzi. Xɔse ana wò nu nadze Mawu ŋu. (Hebritɔwo 11:1, 6) Aʋã wò nàtrɔ dzi me, eye wòana nàwɔ tɔtrɔ siwo aɖe vi na wò le agbenɔnɔ me.​—Xlẽ Dɔwɔwɔwo 3:19.

2. Aleke nàwɔ Mawu ŋuti sidzedze si su asiwò la naɖe vi na ame bubuwo?

Nyɔnu aɖe le gbe dom ɖa na Mawu

Àte ŋu ava nɔ ƒomedodo tɔxɛ me kple Yehowa

Àdi godoo be yeagblɔ nu siwo srɔ̃m yele la na ame bubuwo—nya nyuiwo gbɔgblɔ na ame bubuwo dzɔa dzi na mí katã. Ne èyi Biblia sɔsrɔ̃ dzi la, àva srɔ̃ ale si nàzã Biblia atsɔ aɖe ale si nèxɔ Yehowa kple nya nyuia dzi see la me na amewo.​—Xlẽ Romatɔwo 10:13-15.

Ame akpa gãtɔ dzea egɔme kple nya nyuia gbɔgblɔ na wo xɔlɔ̃wo kple woƒe ƒometɔwo. Ðɔ ŋu ɖo. Mègada woƒe subɔsubɔhawo ɖe anyi o, ke boŋ ƒo nu tso Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu na wo. Ðo ŋku edzi be zi geɖe la, wò nuwɔwɔ ɖe amewo ŋu nyuie wɔa dɔ ɖe wo dzi wu wò nyagbɔgblɔwo.​—Xlẽ 2 Timoteo 2:24, 25.

3. Ƒomedodo kae ate ŋu ava nɔ mia kple Mawu dome?

Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ akpe ɖe ŋuwò nàwɔ ŋgɔyiyi le mawusubɔsubɔ me. Eye mlɔeba ƒomedodo tɔxɛ aɖe ava nɔ mia kple Yehowa dome. Le nyateƒe me la, àte ŋu azu Mawu tɔ ahanye eƒe ƒomea me tɔ.​—Xlẽ 2 Korintotɔwo 6:18.

4. Aleke nàwɔ anɔ ŋgɔyiyi wɔm?

Àte ŋu ayi edzi anɔ ŋgɔyiyi wɔm le mawusubɔsubɔ me ne èyi Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ dzi. (Hebritɔwo 5:13, 14) Bia tso Yehowa Ðasefo aɖe si be wòazã agbalẽ si nye Nu Kae Biblia Fia Mí? atsɔ asrɔ̃ Biblia kpli wò. Zi geɖe ale si nèyi edzi le Mawu ƒe Nya srɔ̃m la, zi geɖe ma kee nàkpɔ dzidzedze le agbe me.​—Xlẽ Psalmo 1:1-3; 73:27, 28.

Yehowa Ðasefowo le Biblia-nusɔsrɔ̃ dom ɖe ame aɖe gbɔ

Yehowa, Mawu dzidzɔtɔ la, gbɔe nya nyui la tso. Àte ŋu ate ɖe eŋu kplikplikpli ne ètena ɖe eƒe amewo ŋu kplikplikpli. (Hebritɔwo 10:24, 25) Ne èyi agbagba si dzem nèle be yeadze Yehowa ŋu dzi la, wò asi asu agbe vavã, si nye agbe mavɔ, la dzi. Le nyateƒe me la, tete ɖe Mawu ŋue nye nu nyuitɔ kekeake si nàte ŋu awɔ.​—Xlẽ 1 Timoteo 1:11; 6:19.

Ne èdi numekɔkɔ bubuwo la, kpɔ agbalẽ si nye Nu Kae Biblia Fia Mí? ƒe ta 18 lia.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe