INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 9/1 axa 16-17
  • Aleke Nàwɔ Ate Ðe Mawu Ŋu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Nàwɔ Ate Ðe Mawu Ŋu?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aleke Nàwɔ Ate Ðe Mawu Ŋu?
    Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
  • Alesi Nàwɔ Ate Ðe Mawu Ŋu
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
  • Tete Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
    Nukae Mawu Di tso Mía Si?
  • Gbedodoɖa Ƒe Mɔnukpɔkpɔ Xɔasi La
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 9/1 axa 16-17

Srɔ̃ Nu Tso Mawu Ƒe Nya La Me

Aleke Nàwɔ Ate Ðe Mawu Ŋu?

Nyati sia adzro nyabiase siwo nànya bia kpɔ la me, eye afia wò afi si nàkpɔ ŋuɖoɖoawo le le wò Biblia me. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoadzro nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖowo me kpli wò.

1. Ðe Mawu ɖoa to gbedodoɖawo katã?

Yehowa le dukɔwo katã me tɔwo kpem be woate ɖe ye ŋu to gbedodoɖa dzi. (Psalmo 65:3) Ke hã, menye gbedodoɖawo katãe wòsena o. Le kpɔɖeŋu me, esi Israel viwo gbe dzimetɔtrɔ la, Mawu hã gbe be yemase woƒe gbedodoɖawo o. (Yesaya 1:15) Eye ne ŋutsu aɖe mewɔa nu ɖe srɔ̃a ŋu nyuie o la, esia ate ŋu axe mɔ na eƒe gbedodoɖawo. (1 Petro 3:7) Ke hã, ne ame siwo wɔ nu vɔ̃ gãwo gɔ̃ hã trɔ dzi me la, Mawu ase woƒe gbedodoɖawo.—Xlẽ 2 Kronika 33:9-13.

2. Aleke wòle be míado gbe ɖae?

Mɔnukpɔkpɔe gbedodoɖa nye, eye enye míaƒe tadedeagu ƒe akpa aɖe, eya ta Yehowa koe wòle be míado gbe ɖa na. (Mateo 4:10; 6:9) Esi míede blibo o ta la, ele be míado gbe ɖa le Yesu ƒe ŋkɔ me, elabena eyae nye “mɔ” la. (Yohanes 14:6) Yehowa di be míado gbe ɖa na ye tso dzi me, ke menye be míalé nyawo ɖe susu me anɔ gbɔgblɔm alo anɔ exlẽm tso agbalẽ me o.—Xlẽ Mateo 6:7; Filipitɔwo 4:6, 7.

Mía Wɔla la tea ŋu sea gbe siwo míedo ɖa le míaƒe dzi alo susu me gɔ̃ hã. (1 Samuel 1:12, 13) Ele mía kpem be míado gbe ɖa le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me, abe le ŋkekea ƒe gɔmedzedze kple nuwuwu, nuɖuɣiwo, kple xaxaɣiwo ene.—Xlẽ Psalmo 55:23; Mateo 15:36.

3. Nu ka tae Kristotɔwo ƒoa ƒu ɖo?

Mele bɔbɔe be míate ɖe Mawu ŋu o, elabena ame siwo mexɔ Mawu dzi se o siwo ɖea alɔme le ŋugbe si wòdo be yeahe ŋutifafa ava anyigba dzi ŋu la domee míele. (2 Timoteo 3:1, 4; 2 Petro 3:3, 13) Eya ta ele be míanɔ ha dem kple haxɔsetɔwo ahanɔ mía nɔewo tu ɖo.—Xlẽ Hebritɔwo 10:24, 25.

Ne èdze xɔ̃ ame siwo lɔ̃ Mawu la, esia ate ŋu ana mia kple Mawu dome nanɔ kplikplikpli. Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo dede aʋu mɔnukpɔkpɔwo ɖi be ame bubuwo ƒe xɔse natu wò ɖo.—Xlẽ Romatɔwo 1:11, 12.

4. Aleke nàwɔ ate ɖe Mawu ŋu?

Ne èdea ŋugble le nu siwo nèsrɔ̃ tso Yehowa ƒe Nyaa me ŋu la, esia ate ŋu ana nàte ɖe eŋu. Nɔ ŋugble dem le eƒe dɔwɔwɔwo, mɔfiamewo, kple ŋugbedodowo ŋu. Ŋugbledede kple gbedodoɖa nana míekpɔa ŋudzedze ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple nunya ŋu tso dzi me.—Xlẽ Yosua 1:8; Psalmo 1:1-3.

Ne èka ɖe Mawu dzi, eye nèxɔ edzi se ko hafi nàte ŋu ate ɖe eŋu. Míate ŋu atsɔ xɔse asɔ kple ale si nu gbagbewo hiã na nunyiame edziedzi la ene. Eya ta ele be nànɔ ŋugble dem le nu siwo dzi nètu wò dzixɔsewo ɖo la ŋu atsɔ nɔ ŋusẽ dom wò xɔse edziedzi.—Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 5:21; Hebritɔwo 11:1, 6.

5. Viɖe kawoe nàkpɔ ne ète ɖe Mawu ŋu?

Yehowa léa be na ame siwo lɔ̃e. Ekpɔa wo ta tso nu sia nu si ate ŋu agblẽ nu le woƒe xɔse alo agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ si le wo si ŋu la me. (Psalmo 91:1, 2, 7-10) Enaa mí nuxlɔ̃ame siwo kpɔa mía ta tso nu siwo ate ŋu agblẽ nu le míaƒe lãmesẽ alo dzidzɔkpɔkpɔ ŋu si me. Mɔ nyuitɔ si nu míanɔ agbe ɖo lae Yehowa fiaa mí.—Xlẽ Psalmo 73:27, 28; Yakobo 4:4, 8.

Kpɔ agbalẽ sia, Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? si Yehowa Ðasefowo ta la ƒe ta 17 lia, be nàsrɔ̃ nu geɖe wu tso nya sia ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe