INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • T-30 axa 1-4
  • Agbalẽ Ka Ƒomevie Biblia Nye

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbalẽ Ka Ƒomevie Biblia Nye
  • Agbalẽ Ka Ƒomevie Biblia Nye?
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyɔnuvi aɖe le ŋugble dem le ale si nu miemiewo tsinae ŋu Aleke Nuwo Ava Nɔ Le Etsɔme?
    Aleke Nuwo Ava Nɔ Le Etsɔme?
  • Ðe Ame Kukuwo Agava Nɔ Agbe Akea?
    Ðe Ame Kukuwo Agava Nɔ Agbe Akea?
  • Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La?
    Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La
  • Trakt si nye Ðe Fukpekpewo Nu Ava Yia?
    Ðe Fukpekpewo Nu Ava Yia?
Kpɔ Bubuwo
Agbalẽ Ka Ƒomevie Biblia Nye?
T-30 axa 1-4

Agbalẽ Ka Ƒomevie Biblia Nye

Ðe nàgblɔ be . . .

  • yevuwo ƒe agbalẽ yea?

  • nyakpakpawo kple glitotowoe le emea?

  • mawu ƒe nyawoe le emea?

NYA SI BIBLIA GBLƆ

“Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me.”—2 Timoteo 3:16, Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe.

VI KAE ESIA AÐE NA WÒ?

Ana nàkpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase siwo ɖea fu na ame geɖe le agbe me.—Lododowo 2:1-5.

Àkpɔ mɔfiame nyui siwo nu nànɔ agbe ɖo gbe sia gbe.—Psalmo 119:105.

Mɔkpɔkpɔ vavã anɔ asiwò ku ɖe etsɔme ŋu.—Romatɔwo 15:4.

Nyɔnu aɖe le Biblia xlẽm eye ŋutsu aɖe hã le Biblia xlẽm; ƒome kpɔdzidzɔ aɖe le modzaka ɖem le xexe dzidzɔtɔe

ÐE MÍATE ŊU AKA ÐE NYA SI BIBLIA GBLƆ DZIA?

Ɛ̃, míate ŋu aka ɖe edzi, le susu etɔ̃ ya teti ta:

  • Emenyawo wɔ ɖeka kple wo nɔewo. Ame vovovo 40 ye Mawu zã woŋlɔ Biblia le ɣeyiɣi ƒe didime si nye ƒe 1,600 me. Ame siawo dometɔ akpa gãtɔ mekpɔ wo nɔewo kpɔ o. Gake agbalẽ bliboa me nyawo wɔ ɖeka eye woƒo nu tso tanya vevi ɖeka ŋu!

  • Eŋlɔlawo to nyateƒe. Zi geɖe la, ŋutinyaŋlɔlawo meƒoa nu tso dukɔ si me wotso ƒe vodadawo ŋu o. Gake Biblia ŋlɔlawo ya to nyateƒe heƒo nu tso woawo ŋutɔwo kple woƒe dukɔa siaa ƒe vodadawo ŋu.—2 Kronika 36:15, 16; Psalmo 51:1-4.

  • Eme nyagblɔɖiwo vaa eme. Hafi woava tsrɔ̃ Babilon-du si nɔ anyi le blema la, Biblia gblɔe ɖi abe ƒe 200 ene do ŋgɔ. (Yesaya 13:17-22) Menye ale si woatsrɔ̃ dua koe Biblia gblɔ o, eyɔ aʋafia si axɔ ŋgɔ woava tsrɔ̃e hã ƒe ŋkɔ!—Yesaya 45:1-3.

    Biblia me nyagblɔɖi bubu geɖewo va eme pɛpɛpɛ. Ðe menye aleae míakpɔ mɔ be agbalẽ si tso Mawu gbɔ la nanɔ oa?—2 Petro 1:21.

BU NYA SIA ŊU KPƆ

Vifofo, vidada, kpakple wo viŋutsu kple wo vinyɔnu

Aleke agbenɔnɔ ɖe Mawu ƒe Nyaa nu aɖe vi na wòe?

Biblia ɖo nya sia ŋu le YESAYA 48:17, 18 kple 2 TIMOTEO 3:16, 17.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe