INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • T-34 axa 1-4
  • Trakt si nye Ðe Fukpekpewo Nu Ava Yia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Trakt si nye Ðe Fukpekpewo Nu Ava Yia?
  • Ðe Fukpekpewo Nu Ava Yia?
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyɔnuvi aɖe le ŋugble dem le ale si nu miemiewo tsinae ŋu Aleke Nuwo Ava Nɔ Le Etsɔme?
    Aleke Nuwo Ava Nɔ Le Etsɔme?
  • Ðe Ame Kukuwo Agava Nɔ Agbe Akea?
    Ðe Ame Kukuwo Agava Nɔ Agbe Akea?
  • Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La?
    Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La
  • Ame Kae Le Xexea Dzi Ðum?
    Ame Ka Tututue Le Xexea Dzi Ðum?
Kpɔ Bubuwo
Ðe Fukpekpewo Nu Ava Yia?
T-34 axa 1-4

Ðe Fukpekpewo Nu Ava Yia?

Ðe nàɖo eŋu be . . .

  • ɛ̃a?

  • aoa?

  • yemenya oa?

NYA SI BIBLIA GBLƆ

‘Mawu atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o.’—Nyaɖeɖefia 21:3, 4, Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe.

VI KAE ESIA AÐE NA WÒ?

Ana nàka ɖe edzi be menye Mawu gbɔe míaƒe kuxiwo tso o.—Yakobo 1:13.

Wò dzi adze eme le esi nènya be Mawu sea veve ɖe ame siwo le fu kpem nu ta.—Zaxarya 2:8.

Mɔkpɔkpɔ anɔ asiwò be fukpekpewo katã nu ava yi.—Psalmo 37:9-11.

Ŋutsu aɖe le Biblia xlẽm hele ale si fukpekpe kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ nu ayi le xexea me la kpɔm le susu me

ÐE MÍATE ŊU AKA ÐE NYA SI BIBLIA GBLƆ DZIA?

Ɛ̃, míate ŋu aka ɖe edzi, le susu eve ya teti ta:

  • Mawu mekpɔa dzidzɔ ɖe fukpekpe kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ŋu o. Bu ale si Yehowa Mawu se le eɖokui me esi amewo sẽ ŋuta le eƒe dukɔa ŋu le blema la ŋu kpɔ. Biblia gblɔ be ‘esi wosẽ ŋuta le eƒe amewo ŋu la,’ woƒe nu wɔ nublanui nɛ.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 2:18, Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe.

    Ame siwo sẽa ŋuta le ame bubuwo ŋu ƒe nu medzɔa dzi na Mawu o. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be Mawu lé fu ame “siwo kɔa ʋu maɖifɔ ɖi.”—Lododowo 6:16, 17.

  • Mawu tsɔ ɖe le eme na ame sia ame. Menye ame ŋutɔ ɖeɖe koe “nya vevesese si le dzi me nɛ” o, ke ele nyanya na Yehowa hã!—2 Kronika 6:29, 30.

    Eteƒe madidi o, Yehowa ato eƒe Fiaɖuƒea dzi aɖe míaƒe fukpekpewo katã ɖa. (Mateo 6:9, 10) Hafi ɣemaɣi naɖo la, ele akɔ fam na ame siwo katã dia kpekpeɖeŋu tso egbɔ.—Dɔwɔwɔwo 17:27; 2 Korintotɔwo 1:3, 4.

BU NYA SIA ŊU KPƆ

Nyɔnu eve le Biblia srɔ̃m

Nu ka tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li?

Biblia ɖo nya sia ŋu le ROMATƆWO 5:12 kple 2 PETRO 3:9.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe