INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • T-36 axa 1-4
  • Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La?
  • Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyɔnuvi aɖe le ŋugble dem le ale si nu miemiewo tsinae ŋu Aleke Nuwo Ava Nɔ Le Etsɔme?
    Aleke Nuwo Ava Nɔ Le Etsɔme?
  • Ame Kae Le Xexea Dzi Ðum?
    Ame Ka Tututue Le Xexea Dzi Ðum?
  • Ðe Ame Kukuwo Agava Nɔ Agbe Akea?
    Ðe Ame Kukuwo Agava Nɔ Agbe Akea?
  • Trakt si nye Ðe Fukpekpewo Nu Ava Yia?
    Ðe Fukpekpewo Nu Ava Yia?
Kpɔ Bubuwo
Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La
T-36 axa 1-4
Amewo le dɔ wɔm le abɔ me hele dzidzɔ kpɔm le paradiso me le anyigba dzi le Mawu Fiaɖuƒea te

Nu kae nye Mawu Fiaɖuƒe la?

Ðe nàgblɔ be . . .

  • enye nane si le míaƒe dzi mea?

  • enye teƒe aɖe le dziƒoa?

  • dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ si le dziƒo yea?

NYA SI BIBLIA GBLƆ

“Dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o.”—Daniel 2:44, Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe.

‘Wona ŋutsuvi mí; dziɖuɖu anɔ abɔta nɛ.’—Yesaya 9:6.

VI KAE ESIA AÐE NA WÒ?

  • Dziɖuɖu dzɔdzɔe sia ahe nu nyui geɖe vɛ na wò.—Yesaya 48:17, 18.

  • Ahe xexe yeye si me lãmesẽ deblibo kple dzidzɔ geɖe le vɛ na wò.—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Amewo le dɔ wɔm le abɔ me hele dzidzɔ kpɔm le paradiso me le anyigba dzi le Mawu Fiaɖuƒea te

ÐE MÍATE ŊU AKA ÐE NYA SI BIBLIA GBLƆ DZIA?

Ɛ̃, míate ŋu aka ɖe edzi, le susu eve ya teti ta:

  • Yesu na míenya nu si Mawu Fiaɖuƒea awɔ na mí. Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa be Mawu ƒe Fiaɖuƒe la nava eye woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi. (Mateo 6:9, 10) Nu siwo Yesu wɔ la na míekpɔ ale si gbedodoɖa ma ava emee.

    Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, ena nuɖuɖu dɔwuitɔwo, eda dɔ na dɔnɔwo, eye wòfɔ ame kukuwo ɖe tsitre! (Mateo 15:29-38; Yohanes 11:38-44) Yesu si woɖo Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia la to esia dzi na míekpɔ nu nyui siwo Fiaɖuƒea ava wɔ na eteviwo le etsɔme.—Nyaɖeɖefia 11:15.

  • Nu siwo le dzɔdzɔm le xexea me ɖo kpe edzi be Mawu Fiaɖuƒea gogo. Yesu gblɔe ɖi be do ŋgɔ teti hafi Fiaɖuƒea nahe ŋutifafa ava xexea me la, aʋawɔwɔ, dɔwuame kple anyigbaʋuʋu abɔ ɖe anyigba dzi.—Mateo 24:3, 7.

    Míekpɔe be dzesiawo katã le eme vam egbea. Eya ta míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu Fiaɖuƒea ava ɖe fukpekpewo katã ɖa kpuie.

BU NYA SIA ŊU KPƆ

Anyigba nyui si dzi ɖum Mawu Fiaɖuƒea le

Aleke agbenɔnɔ anɔ le Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te?

Biblia ɖo nya sia ŋu le PSALMO 37:29 kple YESAYA 65:21-23.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe