INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • T-32 axa 1-4
  • Nu Kae Ana Dzidzɔ Nanɔ Ƒomea Me?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Kae Ana Dzidzɔ Nanɔ Ƒomea Me?
  • Nu Kae Ana Dzidzɔ Nanɔ Ƒomea Me?
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyɔnuvi aɖe le ŋugble dem le ale si nu miemiewo tsinae ŋu Aleke Nuwo Ava Nɔ Le Etsɔme?
    Aleke Nuwo Ava Nɔ Le Etsɔme?
  • Trakt si nye Ðe Fukpekpewo Nu Ava Yia?
    Ðe Fukpekpewo Nu Ava Yia?
  • Ðe Ame Kukuwo Agava Nɔ Agbe Akea?
    Ðe Ame Kukuwo Agava Nɔ Agbe Akea?
  • Agbalẽ Ka Ƒomevie Biblia Nye
    Agbalẽ Ka Ƒomevie Biblia Nye?
Kpɔ Bubuwo
Nu Kae Ana Dzidzɔ Nanɔ Ƒomea Me?
T-32 axa 1-4

Nu Kae Ana Dzidzɔ Nanɔ Ƒomea Me?

Ðe nàgblɔ be . . .

  • lɔlɔ̃ yea?

  • ga yea?

  • nu bubu aɖe yea?

NYA SI BIBLIA GBLƆ

“Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo le Mawu ƒe nya la sem, eye wole edzi wɔm!”—Luka 11:28, Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe.

VI KAE ESIA AÐE NA WÒ?

Ana lɔlɔ̃ vavã nanɔ ƒomea me.—Efesotɔwo 5:28, 29.

Miade bubu deto mia nɔewo ŋu.—Efesotɔwo 5:33.

Miaka ɖe mia nɔewo dzi bliboe.—Marko 10:6-9.

Ƒome kpɔdzidzɔ aɖewo: Vidada aɖe kple vianyɔnuvi, atsu kple asi aɖe, dzila aɖewo kple wo viŋutsu

ÐE MÍATE ŊU AKA ÐE NYA SI BIBLIA GBLƆ DZIA?

Ɛ̃, míate ŋu aka ɖe edzi, le susu eve ya teti ta:

  • Mawue ɖo ƒomegbenɔnɔ anyi. Biblia gblɔ be Yehowa Mawu gbɔe ‘ƒome sia ƒome kpɔ eƒe ŋkɔ tsoe.’ (Efesotɔwo 3:14, 15) Esia fia be Yehowae ɖo ƒomegbenɔnɔ anyi. Nu ka tae nya sia le vevie?

    Bu eŋu kpɔ: Ne èle nuɖuɖu vivi aɖe ɖum eye nèdi be yeanya nu vovovo siwo wotsɔ ɖae la, ame kae nàbia? Nyuitɔae nye be nàbia ame si ɖa nua.

    Nenema kee ne míedi be míanya nu siwo ana dzidzɔ nanɔ ƒomea me la, anyo be míatrɔ ɖe Yehowa ŋu, elabena eyae ɖo ƒomegbenɔnɔ anyi.—1 Mose 2:18-24.

  • Mawu tsɔ ɖe le eme na wò. Nunya le eme be ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe nawɔ ɖe aɖaŋu nyui siwo Yehowa ɖo le eƒe Nya Biblia me la dzi. Nu ka tae? “Elabena eléa be na mi.” (1 Petro 5:6, 7) Yehowa di be nàkpɔ dzidzɔ, eye eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ aɖe vi na wò ɣesiaɣi.—Lododowo 3:5, 6; Yesaya 48:17, 18.

BU NYA SIA ŊU KPƆ

Atsu kple asi aɖe si ɖe srɔ̃ eteƒe medidi o le aɖaŋuɖoɖo xɔm tso Kristotɔ hamemetsitsi aɖe gbɔ; wole nya aɖewo xlẽm le Biblia me ɖekae

Aleke nàwɔ anye srɔ̃ŋutsu nyui, srɔ̃nyɔnu nyui, alo dzila nyui?

Biblia ɖo nya sia ŋu le EFESOTƆWO 5:1, 2 kple KOLOSETƆWO 3:18-21.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe