INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • be nusɔsrɔ̃ 11 axa 118-axa 120 mm. 5
  • Vividodoɖeameŋu Kple Seselelãme

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Vividodoɖeameŋu Kple Seselelãme
  • Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Vividoɖeameŋu Kple Veveseɖeamenu
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Se Veve Ðe Ame Nu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Aleke Mawɔ Aɖu Nye Seselelãmewo Dzi?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Nuwɔwɔ Ðe Wò Dzɔdzɔme Nuwɔna Nu
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
Kpɔ Bubuwo
Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
be nusɔsrɔ̃ 11 axa 118-axa 120 mm. 5

NUSƆSRƆ̃ 11

Vividodoɖeameŋu Kple Seselelãme

Nukae wòle be nàwɔ?

Ƒo nu ale be wòaɖe seselelãme si le mewò afia eye wòawɔ ɖeka kple nya si gblɔm nèle.

Nukata Wòle Vevie?

Eɖeɖe fia le vevie bene nàte ŋu aɖo wò nyaselawo ƒe dzi gbɔ.

SESELELÃME nye nu vevi aɖe le amegbetɔ ƒe agbenɔnɔ me. Ne woɖe seselelãme fia la, enaa wonyaa nusi le ame ƒe dzi me, amesi ƒomevi wonye le ememe, kple alesi wosena le ame ɖokui me ɖe nɔnɔmewo kple amewo ŋu. Ame geɖe ɣlaa woƒe seselelãmewo le nɔnɔme sesẽ siwo me woto le agbe me ta—eye le go aɖewo me la, le alesi nɔnɔme siwo le afisi wotso kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzii ta. Gake Yehowa de dzi ƒo na mí be míatu nɔnɔme nyoameŋuwo ɖo le amesi míenye le ememe gome eye míaɖe nusi míesena le mía ɖokui me le ememe afia le mɔ si sɔ nu.—Rom. 12:10; Tes. I, 2:7, 8.

Ne míele nu ƒom la, ate ŋu anɔ eme be nya siwo míezãna ɖea míaƒe seselelãme fiana pɛpɛpɛ. Gake ne míegblɔe kple seselelãme si sɔ ɖe enu o la, nyaselawo maka ɖe míaƒe nyateƒetɔnyenye dzi o. Evɔ ne míeƒo nu kple seselelãme si sɔ la, míaƒe nuƒo alé vi eye wòanya se ale be wòate ŋu aɖo nyaselawo ƒe dzi gbɔ.

Vividodoɖeameŋu Ðeɖe Fia. Zi geɖe la, vividodoɖeameŋu doa ƒome kple nukpɔsusu si le mía si ɖe amewo ŋu. Eyata ne míele nu ƒom tso Yehowa ƒe nɔnɔme nyoameŋuwo ŋu eye ne míele ŋudzedzekpɔkpɔ ɖem fia ɖe Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ ŋu la, ele be míaƒe gbe naɖe vividodo ɖe nu ŋu afia. (Yes. 63:7-9) Eye ne míele nu ƒom na mía havi amegbetɔwo la, ele be vividodoɖeameŋu si ade dzi gbɔ na ame nadze le míaƒe nuƒo me.

Anyidzela aɖe va Yesu gbɔ va ɖe kuku nɛ be wòada gbe le ye ŋu. Bu gbe si Yesu atsɔ aƒo nui nɛ ŋu kpɔ esi wògblɔ nɛ be: “Melɔ̃, ŋutiwò nakɔ!” (Mar. 1:40, 41) Gakpɔ nusia hã le susu me esime nyɔnu aɖe si ŋu ʋu nɔ sisim le ƒe 12 sɔŋ la wɔ dzadzadza to Yesu megbe va ka asi eƒe awutoga ŋu. Esi nyɔnua kpɔ be nusi yewɔ menɔ ɣaɣla ɖe Yesu o la, eƒe lãme nɔ ƒoƒom kpakpakpa wòzɔ va ŋgɔgbe va dze klo ɖe Yesu ƒe afɔnu eye wògblɔ nusita wòka asi eƒe awu ŋu kple alesi wòkpɔ hayahayae la le ameha bliboa ŋkume. Bu alesi Yesu aƒo nui ŋu kpɔ esi wògblɔ nɛ be: “Vinyɔnuvi, wò xɔse la ɖe wò, yi [le] ŋutifafa me!” (Luka 8:42b-48) Vividodoɖeameŋu si Yesu ɖe fia le nɔnɔme mawo me la galéa dzi na mí vaseɖe egbea.

Ne míaƒe dɔme trɔna ɖe amewo ŋu eye wònye míaƒe didi be míakpe ɖe wo ŋu vavã la, adze le alesi míaƒo nui na wo me, abe alesi wònɔ le Yesu gome ene. Vividodoɖeameŋu sia anye akuakua, ke manye ameŋkumenuwɔwɔ o. Míaƒe vivi dodo ɖe amewo ŋu ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe le alesi woaxɔ míi me. Nya siwo míegblɔna le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la ƒe akpa gãtɔ bia be míado vivi ɖe amewo ŋu, vevietɔ ne míele ŋugble dem kpli wo, ne míele dzi dem ƒo na wo, ne míele nu xlɔ̃m wo, alo míele akɔ fam na wo.

Ne èle vivi dom ɖe amewo ŋu la, na wòadze le mo na wò. Ne èdo vivi ɖe amewo ŋu la, ate wò nyaselawo ɖe ŋuwò abe alesi amewo tena vaa dzo gbɔe le vuvɔŋɔli ene. Ne vividodoɖeameŋu medze le mo na wò o la, wò nyaselawo maka ɖe edzi be nètsɔ ɖe le eme na yewo ŋutɔŋutɔ o. Womate ŋu atsyɔ vividodoɖeameŋu mo abe amemo ene o—ele be wòanye nu ŋutɔŋutɔ.

Ele be vividodoɖeameŋu nadze le wò gbe me hã. Ne wò gbe sẽ, alo wòʋlona la, ate ŋu asesẽ be nàɖe vividodoɖeameŋu afia le nuƒo me. Gake ne ɣeyiɣiawo va le yiyim eye nèyi edzi le agbagba dzem le eŋu la, àte ŋu aɖee afia. Nusi ate ŋu akpe ɖe ŋuwò, vevietɔ le alesi nàƒo nui me, ye nye be nàɖo ŋku edzi be nyawo tsotso kpokpokpo menaa vividodoɖeameŋu dzena o. Srɔ̃ alesi nàhe nya mee le nyawo ƒe gbeɖiɖi siwo le bɔbɔe la me. Esia akpe ɖe ŋuwò be nàɖe vividodoɖeameŋu afia le wò nuƒoƒo me.

Gake nusi gale vevie wu kura enye nusi tututu me wòle be nàtsɔ ɖe le. Ne wò susu le amesiwo nèle nu ƒom na ŋu anukwaretɔe eye nèdi vevie be yeagblɔ nya si aɖe vi na wo ŋutɔŋutɔ la, awɔe be seselelãme ma nadze le alesi nàƒo nui me.

Nuƒo si me dzo le la ʋãa ame, gake seselelãme fatu ƒe amesinɔnɔ hã hiã vevie. Be míana amewo nase nu gɔme ɖeɖe mesɔ gbɔ o; ele be míaʋã woƒe dzi hã.

Seselelãme Bubuwo Ðeɖe Fia. Anɔ eme be amesi le nɔnɔme sesẽwo me tom la atsi dzimaɖi, wòanɔ vɔvɔ̃m, eye wòalé blanui. Nɔnɔme si wòle be wòadze koŋ le míaƒe agbe me kple esi wòle be míaɖe afia ɣesiaɣi ne míele nu ƒom na amewoe nye, dzidzɔ. Gake seselelãme aɖewo li siwo nu wòhiã be míatsi. Woawoe nye esiwo mewɔ ɖeka kple Kristotɔwo ƒe amenyenye o. (Ef. 4:31, 32; Fil. 4:4) Míate ŋu ato nya siwo míatia, alesi míaƒe gbe aɖii, alesi míaƒo nui, alesi míaƒe moɖoɖo anɔ, kple alesi míawɔ asi ɖe nya dzii la siaa dzi aɖe seselelãme vovovowo afia.

Biblia ƒo nu tso amegbetɔ ƒe seselelãme vovovoawo katã ŋu. Ɣeaɖewoɣi ɖeko wòyɔa seselelãme si amewo ɖe fia. Ɣebubuɣiwo egblɔa nudzɔdzɔawo alo gblɔa amewo ƒe nya siwo me seselelãme dze le. Ne èkɔ gbe dzi le nya siawo xlẽm eye nèna seselelãme mawo dze le wò gbe me la, awɔ dɔ ɖe mia kple wò nyaselawo dzi vevie. Be nàte ŋu awɔ esia la, ahiã be nàtsɔ ɖokuiwò be yee le nɔnɔme siwo me amesiwo ŋuti nya xlẽm nèle la le me. Gake nuƒo ƒoƒo menye fefewɔwɔ o, eyata kpɔ nyuie be màgawɔ nu wòagbɔ eme o. Na wò nuxexlẽa nawɔ dɔ ɖe ame dzi bene nyaselawo nate ŋu akpɔ nudzɔdzɔa le susu me.

Nesɔ na Nyatia. Vividodoɖeameŋu sia ɖeɖe fia le nuƒo me kple seselelãme bubu siwo adze la ƒe akpa gãtɔ nɔa te ɖe nya si gblɔm nèle dzi, abe alesi wòle le dzonɔameme ɖeɖe fia hã gomee ene.

Ʋu Mateo 11:28-30 eye nàde dzesi nya si wogblɔ le teƒe ma. Emegbe gaxlẽ Yesu ƒe fɔbuamenya siwo wògblɔ ɖe agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ŋu, si woŋlɔ ɖe Mateo ta 23. Míate ŋu abui be ɖe wògblɔ fɔbuamenya sẽŋu siawo dɔ̃ eye nyawo nɔ yɔɔ agbemanɔmee o.

Seselelãme kae nèbu be ehiã le nudzɔdzɔwo abe esi woŋlɔ ɖe Mose I, ta 44 me ene, esime Yuda nɔ kuku ɖem ɖe nɔvia Benyamin ta? De dzesi seselelãme si woɖe fia le kpukpui 13 lia me, alesi Yuda se le eɖokui me le nusi gbɔ dzɔgbevɔ̃e ma tso ŋu, si dze le kpukpui 16 lia me, kple alesi Yosef ŋutɔ hã wɔ nui, si dze le Mose I, 45:1.

Eyata eɖanye nu xlẽm míele loo alo nuƒo ƒom míele o, be míate ŋu awɔe nyuie la, menye nyawo kple susu veviawo ŋu koe wòle be míabu o ke ele be míabu seselelãme si wòle be wòadze le wo me hã ŋu.

ALESI MÍAÐEE AFIAE

  • Le esi nàtsi dzi fũ ɖe nya siwo zãm nèle ŋu teƒe la, na wò susu nanɔ didi si le mewò be nàkpe ɖe nyaselawo ŋu la koŋ ŋuti.

  • Ele be wò gbe kple wò moɖoɖo siaa naɖe seselelãme ɖesiaɖe si sɔ na wò nyatia afia.

  • Lé ŋku ɖe amesiwo ɖea seselelãme fiana le nuƒo me ŋu nyuie ne nàsrɔ̃ esia wɔwɔ.

DƆDASI: Kɔ gbe dzi nàxlẽ mawunyakpukpui siawo eye nàxlẽ wo kple seselelãme si sɔ na wo me nyawo: Mateo 20:29-34; Luka 15:11-32.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe