Mawunyaŋununya me Nya Sesẽ Aɖe
“LUƲƆ makumaku ŋuti nukpɔsusu la kple ame kukuwo ƒe tsitretsitsi dzixɔxɔse . . . nye nufiafia vovovo eve, siwo dometɔ ɖeka wòle be woatia.” Philippe Menoud ƒe nya siawo gblɔ nya sesẽ si Protestant kple Katoliko mawunyaŋununyalawo dze ŋgɔe le nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu kpuie. Biblia ƒo nu tso tsitretsitsi mɔkpɔkpɔ aɖe si ava le “nuwuwuŋkeke” la dzi ŋu. (Yohanes 6:39, 40, 44, 54) Gake mawunyaŋununyala Gisbert Greshake gblɔ be xɔsetɔ geɖe ƒe mɔkpɔkpɔ “nɔ te ɖe luʋɔ makumaku, si dona le ŋutilã me le ku me yia Mawu gbɔ la dzi, eye tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ya bu keŋkeŋ.”
Bernard Sesboüé gblɔ be ne nya la le alea la, ke nya sesẽ aɖe fɔ ɖe te be: “Nɔnɔme ka mee ame kukuwo le le ‘ɣeyiɣi’ si le woƒe ŋutilã ƒe kuku kple tsitretsitsi mlɔetɔ dome?” Edze abe biabia sia va zu mawunyaŋununya me nyaʋiʋli sesẽ aɖe le ƒe ʋee siwo va yi me ene. Nukae hee vɛ? Eye vevietɔ wu la, mɔkpɔkpɔ ka tututue li na ame kukuwo?
Nya Sesẽ aɖe Dzɔtsoƒe Kple Eƒe Kaka
Kristotɔ gbãtɔwo se nya la gɔme nyuie. Wonya tso Ŋɔŋlɔawo me be kukuawo meganya naneke o, elabena Hebri Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o . . . Nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsiẽƒe, afisi yi ge nala o.” (Nyagblɔla 9:5, 10) Kristotɔ mawo kpɔ mɔ na tsitretsitsi aɖe be ava le “Aƒetɔ la ƒe vavagbe” le etsɔ me. (Tesalonikatɔwo I, 4:13-17) Womekpɔ mɔ be yewoanɔ agbe le afi aɖe anɔ ɣeyiɣi ma lalam o. Joseph Ratzinger si nye Vatican Xɔse Ŋuti Nufiaha ƒe nunɔla fifia gblɔ be: “Luʋɔ makumaku ƒe nufiafia ŋuti kpeɖodzi aɖeke menɔ blema Hame la me o.”
Gake Nuovo dizionario di teologia ɖe eme be ne míexlẽ Sɔlemeha ƒe Agbalẽnyalagãwo, abe Augustine alo Ambrose ene ƒe agbalẽwo la, “míekpɔa nu yeye aɖe le Biblia me dzixɔsewo ŋu—dzixɔse si le Helatɔwo si le ku ŋu, si to vovo na Yuda Kristotɔwo tɔ la doa mo ɖa.” “Luʋɔ makumaku, kple ʋɔnudɔdrɔ̃ amesiame be wòaxɔ teƒeɖoɖo alo tohehe le ku megbe teti” dzie wotu nufiafia yeye sia ɖo. Eyata biabia aɖe fɔ ɖe te le “dometsoɣi” la ŋuti be: Ne luʋɔ nɔa agbe le ŋutilã ƒe ku megbe la, nukae dzɔna ɖe edzi ne ele tsitretsitsi lalam le “nuwuwuŋkeke” la dzi? Esia nye nya sesẽ si gbɔ mawunyaŋununyalawo dze agbagba be yewoakpɔ.
Papa Gregory I ʋli nya le ƒe alafa adelia M.Ŋ. me be luʋɔwo yia afisi woɖo ɖi na wo enumake le ku me. Papa John XXII si nɔ anyi le ƒe 14 lia me xɔe se be kukuawo axɔ woƒe teƒeɖoɖo mamlea le Ʋɔnudrɔ̃gbe la dzi. Gake Papa Benedict XII gbe eƒe ŋgɔdola ƒe nya. Le papa ƒe lɛta Benedictus Deus (1336) me la, egblɔ be “ame kukuwo ƒe luʋɔ toa [ŋutiklɔdzo] alo fɔbubu [hell] me enumake le ku megbe yia dzidzɔ me le [dziƒo], va wɔa ɖeka kple woƒe ŋutilã siwo wofɔ ɖe tsitre le xexeame ƒe nuwuwu.”
Togbɔ be wohe nya heʋli nya le eŋu hã la, aleae Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo xɔ nya lae ƒe alafa geɖe, togbɔ be Protestant kple Orthodoks hawo katã mexɔ ŋutiklɔdzo ƒe nufiafia dzi se o hã. Gake tso ƒe alafa si va yi ƒe nuwuwu la, nunyalagã geɖe ɖee fia be luʋɔ makumaku ŋuti nufiafia metso Biblia me o, eye esia ta “wobua amegbetɔ le egbegbe mawunyaŋununya me be enye nu ɖeka si buna ɖe ku me gbidii.” (The Encyclopedia of Religion) Eyata Biblia me numeɖelawo mete ŋu ɖo kpe edzi be “dometsoɣi” aɖe li alo meli o. Ðe Biblia ƒo nu tso eŋua, alo ɖe wòna mɔkpɔkpɔ bubu aɖea?
Ðe Paulo Xɔ “Dometsoɣi” aɖe Dzi Sea?
Catechism of the Catholic Church gblɔ be: “Be míafɔ ɖe tsitre kple Kristo la, ele be míaku kple Kristo: ele be ‘míadzo le ŋutilã me, eye míanɔ aƒe le Aƒetɔ la gbɔ’. [Korintotɔwo II, 5:8] Le ‘dzodzo’ ma si nye ku me la, luʋɔ la dona le ŋutilã la me. [Filipitɔwo 1:23] Ava wɔ ɖeka kple ŋutilã la le ame kukuwo fɔgbe.” Gake le mawunyakpukpui si woyɔ ɖe afisia me la, ɖe Paulo gblɔ be luʋɔ nɔa agbe le ŋutilã ƒe ku megbe henɔa “Ʋɔnudɔdrɔ̃ Mamlea” lalam be wòawɔ ɖeka kple ŋutilãa?
Paulo fia asi eƒe ku le Korintotɔwo II, 5:1 heƒo nu tso “agbadɔxɔ, si nye anyigbadzitɔ” si “wogbã” ŋu. Luʋɔ makumaku ƒe dodo le ŋutilã me ye nɔ susu me nɛa? Ao. Paulo xɔe se be ame ye nye luʋɔ, ke menye be luʋɔ le eme o. (Mose I, 2:7; Korintotɔwo I, 15:45) Paulo nye Kristotɔ si wotsɔ gbɔgbɔ si ami na, si kple nɔvia ƒe alafa gbãtɔ me tɔwo ƒe mɔkpɔkpɔ ‘wodzra ɖo ɖe dziƒo.’ (Kolosetɔwo 1:5; Romatɔwo 8:14-18) Eyata eƒe ‘didi vevie’ nye be woafɔ ye ɖe tsitre le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi ayi dziƒo abe gbɔgbɔmenuwɔwɔ makumaku ene. (Korintotɔwo II, 5:2-4) Esi wònɔ nu ƒom tso mɔkpɔkpɔ sia ŋu la, eŋlɔ be: “Woatrɔ mí katã míaƒe nɔnɔme . . . le kpẽkuku mamlea me; elabena woaku kpẽ, eye woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre magblẽmagblẽ, eye míawo la woatrɔ míaƒe nɔnɔme.”—Korintotɔwo I, 15:51, 52.
Paulo gblɔ le Korintotɔwo II, 5:8 be: “Dzi le mía ƒo, eye wòdze mía ŋu wu be, míadzo le ŋutilã me, eye míanɔ aƒe le Aƒetɔ la gbɔ.” Ame aɖewo xɔe se be nya siawo fia dometsoɣi si me woalala le. Amesiawo fiaa asi ŋugbe si Yesu do na eyomedzela wɔnuteƒewo be yeava dzra teƒe ɖo ɖi na wo ‘eye yeaxɔ wo ɖe ye ŋutɔ gbɔ’ la hã. Gake ɣekaɣie mɔkpɔkpɔ siawo ava eme? Kristo gblɔ be ava eme ne ‘yegatrɔ va’ le yeƒe anyinɔɣi. (Yohanes 14:1-3) Nenema ke Paulo gblɔ le Korintotɔwo II, 5:1-10 be Kristotɔ amesiaminawo katã ƒe mɔkpɔkpɔe nye be yewoanyi dziƒo ƒe dome. Esia mava eme to luʋɔ makumaku si wogblɔ be eli dzi o, ke tsitretsitsia dzie wòato le Kristo ƒe anyinɔɣi. (Korintotɔwo I, 15:23, 42-44) Nyameɖela Charles Masson ƒo nya ta be Korintotɔwo II, 5:1-10 “gɔme anya se nyuie si mahiã be woatrɔ ɖe ‘dometsoɣi’ ŋuti nufiafia si ŋu kpeɖodzi mele o ŋu o.”
Paulo gblɔ le Filipitɔwo 1:21, 23 be: “Nye la Kristo enye agbe nam, eye ku enye viɖe nam. Elabena mexaxa ɖe nusiawo kpakple eve dome: Ele dzroyem be, madzo ayi aɖanɔ Kristo gbɔ, elabena esia nyo wu sã.” “Dometsoɣi” aɖe ŋu nya gblɔm Paulo nɔ le afisia? Ame aɖewo susui nenema. Gake Paulo gblɔ be yexaxa ɖe nu eve siwo ate ŋu adzɔ domee—agbe alo ku. Egagblɔ nu etɔ̃lia si ate ŋu adzɔ be: “Ele dzroyem be, madzo ayi aɖanɔ Kristo gbɔ.” ‘Dzodzo’ aɖanɔ Kristo gbɔ enumake le ku megbe wòwɔnɛa? Abe alesi míekpɔe xoxo ene la, Paulo xɔe se be woafɔ Kristotɔ amesiamina wɔnuteƒewo ɖe tsitre le Kristo ƒe anyinɔɣi. Eyata nusiwo adzɔ ɣemaɣi ŋue wònɔ nu ƒom le.
Míate ŋu akpɔ esia le eƒe nya siwo le Filipitɔwo 3:20, 21 kple Tesalonikatɔwo I, 4:16 me. ‘Dzodzo’ ma si ava le Kristo Yesu ƒe anyinɔɣi la akpe ɖe Paulo ŋu wòaxɔ teƒeɖoɖo si Mawu dzra ɖo ɖi nɛ. Nya siwo wòŋlɔ na ɖekakpui Timoteo ɖee fia be esiae nye eƒe mɔkpɔkpɔ: “Tso ekema dzi la wodzra dzɔdzɔenyenye ƒe dziɖuɖukuku la ɖo ɖi nam, si Aƒetɔ, ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe la, lanam le ŋkeke ma dzi; ke menye nye ɖeɖekoe o, ke boŋ amesiwo katã lɔ̃ eƒe ɖeɖefia la hãe.”—Timoteo II, 4:8.
Tsitretsitsi La—Biblia me Nyateƒe Tɔxɛe Wònye
Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo bu tsitretsitsia be enye nudzɔdzɔ si adze egɔme le Kristo ƒe anyinɔɣi, eye Biblia me nyateƒe tɔxɛ sia do ŋusẽ wo hefa akɔ na wo. (Mateo 24:3; Yohanes 5:28, 29; 11:24, 25; Korintotɔwo I, 15:19, 20; Tesalonikatɔwo I, 4:13) Wolala dzidzɔ ma si woava kpɔ la nuteƒewɔwɔtɔe, eye wogbe xɔsegbelawo ƒe luʋɔ makumaku ŋuti nufiafia la.—Dɔwɔwɔwo 20:28-30; Timoteo II, 4:3, 4; Petro II, 2:1-3.
Nyateƒee, menye Kristotɔ siwo si dziƒomɔkpɔkpɔ le koe woafɔ ɖe tsitre o. (Petro I, 1:3-5) Blemafofowo kple blema Mawu subɔla bubuwo xɔe se be ŋutete le Yehowa ŋu be wòafɔ ame kukuwo ɖe tsitre le anyigba dzi. (Hiob 14:14, 15; Daniel 12:2; Luka 20:37, 38; Hebritɔwo 11:19, 35) Mɔnukpɔkpɔ asu ame biliɔn geɖe siwo menya Mawu kura le ƒe alafawo me o gɔ̃ hã si be woaganɔ agbe le paradisonyigba dzi, elabena “tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” (Dɔwɔwɔwo 24:15; Luka 23:42, 43) Ðe esia menye mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname oa?
Le esi teƒe be Yehowa nana míaxɔe ase be fukpekpe kple ku anɔ anyi ɖaa la, ehe míaƒe susu yi ɣeyiɣi si me woaɖe “futɔ mamletɔ . . . ku” ɖa tegbee eye amegbetɔƒome wɔnuteƒewo anɔ anyigba si wowɔ Paradisoe dzi tegbee la dzi. (Korintotɔwo I, 15:26; Yohanes 3:16; Petro II, 3:13) Aleke gbegbe wòahawɔ nuku enye si ne míaƒe lɔlɔ̃tɔwo gagbɔ agbe! Aleke gbegbe mɔkpɔkpɔ sia si ŋu kakaɖedzi le nyo wu amegbetɔ ƒe luʋɔ makumaku ŋuti nufiafia si ŋu kpeɖodzi mele o enye si—nufiafia si wotu ɖe Helatɔwo ƒe xexemenunya dzi, ke menye ɖe Mawu ƒe Nya dzi o! Ne ètu wò mɔkpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe ŋugbedodo si ava eme godoo dzi la, wò hã àte ŋu aka ɖe edzi be eteƒe madidi o la, “ku maganɔ anyi akpɔ o”!—Nyaɖeɖefia 21:3-5.
[Nɔnɔmetata si le axa 31]
Tsitretsitsia nye Biblia me nyateƒenya tɔxɛ