Agbalẽtala Ðedzesi Aɖe
EDZƆ ɖe dziwò kpɔ be nèdi nya aɖe le Biblia me gake mete ŋu ɖo ŋku afisi nèkpɔe le dzi oa? Gake esi nèɖo ŋku nya ɖeka ko dzi la, ète ŋu kpɔe to Biblia ƒe nyadigbalẽ aɖe zazã me. Alo ɖewohĩ ède Kristotɔwo ƒe kpekpe aɖe si me vavala alafa geɖe, alo akpe geɖe gɔ̃ hã, te ŋu ʋu woƒe Biblia xlẽ mawunyakpukpui aɖe le eyɔyɔ sɛkɛnd ʋee aɖewo ko megbe.
Ŋutsu aɖe si ɖewohĩ mènya o ye na nu eve mawo katã nya wɔna. Ena wò Biblia sɔsrɔ̃ le bɔbɔe, eye ewɔ akpa vevi aɖe tsɔ kpɔ egbɔ be Biblia akuakua le mía si egbea. Ekpɔ ŋusẽ ɖe alesi woɖo Biblia geɖe me nyawo ɖe ɖoɖo nu gɔ̃ hã dzi.
Ŋutsu lae nye Robert Estienne.a Agbalẽtalae wònye, eye enye agbalẽtala aɖe si nɔ Paris, France, le ƒe alafa 16 lia ƒe gɔmedzedze lɔƒo ƒe viŋutsu. Agbalẽsɔsrɔ̃ ƒe Tɔtrɔɣi kple Subɔsubɔhawo ƒe Ðɔɖɔɖoɣi mee. Nu eve mawo to agbalẽtamɔ̃ dzi kpɔ ŋgɔyiyi. Robert fofo, Henri Estienne, nye agbalẽtala xɔŋkɔ si ta agbalẽ nyuitɔwo dometɔ aɖewo siwo do le Agbalẽsɔsrɔ̃ ƒe Tɔtrɔɣi. Eta sukugbalẽwo kple Biblia ƒe agbalẽwo na Paris Yunivɛsiti, kple eƒe mawunyaŋutinunya suku—Sorbonne.
Gake mina míahe susu ayi via Robert Estienne dzi. Míenya nu gobii aɖeke le eƒe sukudede le ɖevime ŋu o. Ke hã la, enya Latingbe nyuie tso eƒe ɖevime ke eye eteƒe medidi o esrɔ̃ Hela kple Hebri gbe hã. Robert srɔ̃ agbalẽtata tso fofoa gbɔ. Esi Robert Estienne va nyi Henry ƒe agbalẽtaƒea dome le ƒe 1526 me la, wonyae nyuie xoxo be gbesela adodoe ye wònye. Togbɔ be eta Latingbe me gbalẽ siwo me wòtrɔ nyawo le kple agbalẽnyalagãwo ƒe agbalẽwo hã la, Bibliae do dzidzɔ nɛ wu ɖesiaɖe. Esi Estienne di vevie be yeawɔ Latingbe me Biblia abe alesi wowɔ Latingbe me blemagbalẽ veviwo ene ta la, edze egɔme be yeagbugbɔ Jerome ƒe ƒe alafa atɔ̃lia me Latingbe me Vulgate Biblia la awɔ wòaɖi xoxoa alesi yeate ŋui.
Vulgate si Ŋu Wotrɔ Asi Le
Hebri kple Hela gbe me Biblia xoxoa gɔmee Jerome ɖe, gake le Estienne ƒe ŋkekeawo me la, Vulgate la xɔ ƒe akpe ɖeka xoxo. Vulgate la gbugbɔgaŋlɔ le dzidzime geɖe me na vodada aɖewo ge ɖe eme eye wotrɔ nya aɖewo le eme. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, le Titinaɣeyiɣiawo me la, wotsɔ ɣeyiɣi mawo me gliwo tɔtɔ Biblia me nya siwo tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la, wogbugbɔ nya aɖewo gblɔ bubui, eye wode alakpanyawo eme. Esiawo tsaka kple Biblia me nyawo ale gbegbe be wova xɔ wo be wonye nya siwo tso gbɔgbɔ me.
Estienne zã nyawo ɖɔɖɔɖo ƒe mɔnu si wozãna le blemagbalẽwo sɔsrɔ̃ me tsɔ ɖe nya siwo katã metso xoxoa me o la le eme. Edi Biblia xoxotɔ siwo wotsɔ asi ŋlɔe eye wonyo wu siwo nɔ anyi la yomemɔ. Eke ɖe blema Biblia geɖe siwo wotsɔ asi ŋlɔe siwo ewɔ abe woŋlɔ wo dometɔ ɖeka le ƒe alafa adelia me ŋu le agbalẽdzraɖoƒe siwo le Paris kple eƒe nutowo me kpakple le teƒe aɖewo abe Évreux kple Soissons ene. Estienne gbɔ dzi ɖi tsɔ Latingbe me Bibliawo me nyawo sɔ kple wo nɔewo ɖekaɖekae hetia nyagbɔgblɔ siwo dze le wo dometɔ akpa gãtɔ me la le wo me. Eta agbalẽ si wòto ema me wɔ si nye Estienne ƒe Biblia la le ƒe 1528 me eye enye afɔɖeɖe ɖedzesi aɖe le Biblia me nyawo ɖɔɖɔɖo me. Estienne gata Biblia siwo ŋu wògatrɔ asi le wu ɖe eyome. Ame aɖewo siwo do ŋgɔ nɛ te kpɔ be yewoaɖɔ Vulgate la ɖo, gake eyae nye ame gbãtɔ si ta nya siwo woɖɔ ɖo. Estienne fia asi afisi wòɖe nya siwo ŋu kakaɖedzi mele o alo teƒe siwo woagate ŋu agblɔ nyawo wòanyo wu le la ɖe eƒe axawo dzi. Efia asi Biblia siwo wotsɔ asi ŋlɔ siwo dzi wònɔ te ɖo wɔ ɖɔɖɔɖo siawo la hã ɖe eme.
Estienne to nu bubu siwo nye nu yeyewo le ƒe alafa 16 lia me vɛ. Ede vovototo agbalẽ siwo me nyawo nye Nyakpakpawo kple Mawu ƒe Nya la dome. Eda Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa ɖe Nyanyuiawo yome eye wòdo ŋgɔ na Paulo ƒe lɛtawo. Eŋlɔ nya vevi kpui aɖewo siwo akpe ɖe exlẽlawo ŋu be woakpɔ afisi nya aɖewo le la ɖe axa ɖesiaɖe tame. Esiae nye nusi ame geɖe yɔna egbea be etamenya la ƒe kpɔɖeŋu gbãtɔ. Le esi teƒe be Estienne nazã Gothgbe me ŋɔŋlɔdzesi lolo, alo ŋɔŋlɔdzesi yibɔ, si to le Germania la, enye ame gbãtɔ siwo ta Biblia bliboa ɖe ŋɔŋlɔdzesi suesue siwo metri o siwo ame geɖe zãna egbea me la dometɔ ɖeka. Efia asi mawunyakpukpui geɖe siwo me nyawo sɔ kple wo nɔewo heŋlɔ nyamekɔnya siwo agbã nyagbɔgblɔ aɖewo me hã ɖe eme.
Ame xɔŋkɔ kple subɔsubɔnunɔla geɖe kpɔ ŋudzedze ɖe Estienne ƒe Biblia ŋu, elabena enyo wu Vulgate Biblia gɔmeɖeɖe ɖesiaɖe si wota. Le eƒe tataa ƒe anidzedze, aɖaŋu si wotsɔ tae, kple eƒe nyonyo ta la, eva zu kpɔdzidze na ame bubuwo eye eteƒe medidi o wonɔ etɔgbe tam le Europa katã.
Fia ƒe Agbalẽtala
Lododowo 22:29 gblɔ be: “Kpɔ amesi zã le eƒe dɔwɔwɔ me la ɖa, fiawoe wòasubɔ.” France-fia, Francis I, de dzesii be Estienne trɔa asi le agbalẽwo ŋu le aɖaŋu me eye wòse gbe hã nyuie. Estienne va zu fia ƒe agbalẽtala si taa agbalẽwo ɖe Latin, Hebri, kple Hela gbe me nɛ. Esi Estienne va zu dɔ sia wɔla la, ewɔ nusiwo gaɖe dzesi le Fransegbe me nuŋlɔŋlɔ me la dometɔ aɖewo. Le ƒe 1539 me la, edze Hebrigbe me Biblia blibo gbãtɔ si nyo wu ɖesiaɖe si wota le France la tata gɔme. Le ƒe 1540 me la, ede nɔnɔmetatawo eƒe Latingbe me Biblia me. Gake le esi teƒe be wòanye Biblia me nudzɔdzɔwo tata ɖewoɖewoe si bɔ le Titinaɣeyiɣiwo me la, Estienne ta nu siwo fiaa nu ame siwo nɔ te ɖe nusiwo dzi tomenukuku ɖo kpee alo alesi Biblia ŋutɔ ɖɔ nuwo ƒe lolome kple woƒe nɔnɔmewoe dzi. Atidzinutata siawo ɖe nyawo, abe nubablaɖaka la, nunɔlagã la ƒe awuwo, avɔgbadɔ la, kple Salomo ƒe gbedoxɔa fia nyuie.
Estienne zã Helagbe me nuŋɔŋlɔ siwo wòna wowɔ nɛ wòtsɔ ta fia la ƒe agbalẽwoe la tsɔ ta Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔ gbãtɔ siwo me wòtrɔ nuwo le. Togbɔ be ɖeko Estienne ƒe Helagbe me Biblia eve gbãtɔwo nyo wu Desiderius Erasmus tɔ vie hã la, Estienne de nya siwo wòfia asii tso blemagbalẽ 15 siwo wotsɔ asi ŋlɔe me, siwo dome ƒe alafa atɔ̃lia M.Ŋ. me Codex Bezae kple Septuagint Biblia hã nɔ la kpe ɖe etɔ̃lia si wòta le ƒe 1550 me la ŋu. Ame geɖe va da asi ɖe Estienne ƒe tata sia dzi ale gbegbe be eva zu nusi dzi wonɔ te ɖo ŋlɔ Textus Receptus, alo Ŋɔŋlɔ Siwo Woxɔ, si dzi wova tu Biblia-gɔmeɖeɖe geɖe, kple King James Version si wota le ƒe 1611 me hã, ɖo emegbe.
Sorbonne Kpe Ŋgo Kple Ðɔɖɔɖoa
Esi Luther kple Ðɔɖɔɖowɔla bubuwo ƒe susuwo nɔ ta kekem le Europa katã la, Katoliko Sɔlemeha la di be yeakpɔ ŋusẽ ɖe amewo ƒe susu dzi to agbalẽ siwo woxlẽna ɖoɖo na wo me. Le June 15, 1520 dzi la, Papa Leo X ŋlɔ lɛta tsɔ de se ɖe agbalẽ siwo me “tsitretsiɖeŋunyawo” le la tata, wo dzadzra, alo wo xexlẽ nu le Katoliko-dukɔ ɖesiaɖe me eye wòbia be dziɖuɖuwo nade lɛta la me sewo le woƒe dziɖuƒewo. Le England la, Fia Henry VIII tsɔ agbalẽmedzrodɔ sia de Katoliko-bisiɔp Cuthbert Tunstall si. Gake le Europa ƒe akpa gãtɔ la, amesiwo kpɔ ŋusẽ ɖe Biblia me nufiafia ƒe nyawo dzi le papa la yomee nye mawunyaŋutinunyafiaha siwo le Paris Yunivɛsiti—woyɔnɛ be Sorbonne.
Sorbonne la dzie Katoliko-ha la ƒoa nu tonɛ. Wobui ƒe alafa geɖe be enye Katoliko-xɔse la ta kpɔla. Sorbonne-nyamedzrolawo tsi tre ɖe agbalẽ siwo katã me wowɔ ɖɔɖɔɖo le kple Vulgate la gɔmeɖeɖe yi degbewo me ŋu, eye wobu esia be menye ɖeko “meɖea vi aɖeke na sɔlemeha la o, ke afɔkunuwoe wonye hã.” Esia mewɔ nuku o le ɣeyiɣi si me Ðɔɖɔɖowɔlawo nɔ ɖi kem sɔlemeha la ƒe nufiafiawo, azãɖuɖuwo, kple blemakɔnu siwo menɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi o. Gake mawunyaŋutinunyala siwo le Sorbonne dometɔ geɖe bu sɔlemeha la ƒe nufiafia siwo wobu nu kɔkɔewoe be wole vevie wu Biblia la ŋutɔ gɔmeɖeɖe nyuie. Mawuŋutinunyala aɖe gblɔ be: “Esi míenya xɔ nufiafiawo ko la, Ŋɔŋlɔawo va zu abe agba si dzi wotsia tre ɖo si woɖena ɖa ne woɖo gli vɔ ene.” Nufiaha la me tɔ akpa gãtɔ mese Hebri kple Hela gbe o, ke hã wodo vlo Estienne kple Agbalẽsrɔ̃ɣi me agbalẽnyalagã bubu siwo nɔ nya siwo wozã le Biblia me gɔmeɖeɖe ŋutɔŋutɔ me kum la ƒe nusɔsrɔ̃. Sorbonne-nufialagã aɖe do dzi gblɔ gɔ̃ hã be “Hela kple Hebri gbe sɔsrɔ̃ dodoɖeŋgɔ agblẽ mawusubɔsubɔ me keŋkeŋ.”
Sorbonne Tso Ðe Eŋu
Togbɔ be nufiaha la ƒe agbalẽmedzrolawo mekpɔ naneke le Estienne ƒe Vulgate la me o hã la, nyaʋiʋli nɔ eŋu. Le ƒe alafa 13 lia me ke la, wode asixɔxɔ Vulgate la ŋu be enye yunivɛsiti la ƒe Biblia vevi, eye ame geɖe bui be vodada mate ŋu anɔ emenyawo me o. Nufiaha la meda asi ɖe akpa si agbalẽnyalagã Erasmus si ŋu wodea bubui la wɔ le Vulgate la tata me gɔ̃ hã dzi o. Edzi ŋɔ na ame aɖewo be agbalẽtala si nye dumevi gbɔlo nado dzi awɔ ɖɔɖɔɖo le Biblia si dzi woda asi ɖo ŋu.
Ðewohĩ nusi ɖe fu na mawunyaŋutinunyalawo wue nye Estienne ƒe axadzinuŋɔŋlɔwo. Nuŋlɔɖiawo na ɖikeke va nɔ Vulgate la me nyawo ƒe nyateƒenyenye ŋu. Estienne ƒe didi be yeaɖe nya aɖewo me na wotso enu be ede nu mawunyaŋutinunya ƒe nyawo me. Egbe nutsotso la hegblɔ be nyawo totoɖeme kpui alo numeɖeɖe siwo akpe ɖe exlẽlawo ŋu ko yeƒe nuŋlɔɖiawo nye. Le kpɔɖeŋu me, eƒe nuŋlɔɖi le Mose I, 37:35 ŋu gblɔ be womate ŋu abu nya “hell” [Latingbe, infernum] si le afima be enye afisi wowɔa funyafunya ame vɔ̃ɖiwo le o. Nufiaha la tso enu be egbe luʋɔ makumaku ƒe nufiafia kple “ame kɔkɔewo” ƒe domenɔnɔŋusẽ la.
Gake fia la ve Estienne nu hekpɔ eta. Francis I tsɔ ɖe le Agbalẽsrɔ̃ɣi me nusɔsrɔ̃wo me vevie, vevietɔ eƒe fiaƒeme agbalẽtala ƒe agbalẽwo. Wogblɔ be Francis I yi ɖasrã Estienne kpɔ gɔ̃ hã eye wòlala dzigbɔɖitɔe esi Estienne nɔ ɖɔɖɔɖo mamle aɖewo wɔm le mawunyakpukpui aɖe ŋu. Fia la do alɔ Estienne wòte ŋu nɔ te ɖe Sorbonne me tɔwo nu.
Mawunyaŋutinunyalawo Ðo Asi Eƒe Bibliawo Dzi
Gake nusiwo dzɔ le ƒe 1545 me na Sorbonne-nufiaha la trɔ woƒe dziku katã ɖe Estienne ŋu. Esi Katoliko-yunivɛsiti siwo nɔ Cologne (Germania), Louvain (Belgium), kple Paris kpɔ vi si ɖekawɔwɔ adze ŋgɔ Ðɔɖɔɖowɔlawo aɖe la, gbã la wolɔ̃ be yewoawɔ dɔ ɖekae le nufiafia siwo tsi tre ɖe yewo tɔ ŋu me dzodzro me. Esi mawunyaŋutinunyala siwo nɔ Louvain Yunivɛsiti ŋlɔ agbalẽ na Sorbonne le alesi wòwɔ nuku na woe be Estienne ƒe Bibliawo menɔ agbalẽ siwo dzi woɖo asii le Paris me o ŋu la, Sorbonne me tɔwo ɖo eŋu alakpatɔe be ne ɖe yewoke ɖe wo ŋu la, anye ne yewoɖo asi edzi godoo o. Azɔ dzi ɖo Estienne ƒe futɔ siwo le nufiaha la me ƒo be nufiaha siwo le Louvain kple Paris siwo wɔ ɖeka ƒe nyawo ana Francis I nanya eƒe agbalẽtala la ƒe vodadawo kokoko.
Ɣemaɣi esi woxlɔ̃ nu Estienne le eƒe futɔwo ƒe tameɖoɖo ŋu la, edo ŋgɔ yi ɖe fia la gbɔ gbã. Estienne doe ɖa be ne mawunyaŋutinunyalawo ŋlɔ vodada ɖesiaɖe si wokpɔ vɛ la, yelɔ̃ be yeata wo kple mawunyaŋutinunyalawo ƒe ɖɔɖɔɖowo atsɔ akpe ɖe Biblia ɖesiaɖe si yedzra ŋu. Egbɔkpɔnu sia dze fia la ŋu. Fia la bia tso eƒe nuxlẽla Pierre du Chastel si be wòakpɔ nya la gbɔ. Le October 1546 me la, nufiaha la ŋlɔ agbalẽ na Du Chastel tsɔ gblɔ be Estienne ƒe Bibliawo nye “amesiwo gbe míaƒe Xɔse ƒe agbalẽ eye ede . . . tsitretsiɖeŋula siwo do fifia la dzi” eye vodadawo yɔe fũ si ta wòdze be “woaɖo asi wo katã dzi ahaɖe wo ɖa.” Esia mewɔ dɔ ɖe fia la dzi o eye fifia eya ŋutɔ ŋlɔ agbalẽ tsɔ bia tso nufiaha la si be woaŋlɔ vodadaawo vɛ ale be woata wo akpe ɖe Estienne ƒe Bibliawo ŋu. Wodo ŋugbe be yewoaŋlɔe, gake nusi dzɔe nye be wowɔ nusianu si woate ŋui be yewomaŋlɔ vodada siwo wogblɔ be yewokpɔ la katã o.
Francis I ku le March 1547 me, eye Estienne bu ame sesẽ si kpe ɖe eŋu wònɔ te ɖe Sorbonne ƒe ŋusẽ nu la. Esime Henry II va zia dzi la, egbugbɔ se si fofoa de be nufiaha la naŋlɔ vodada siwo wokpɔ vɛ la de. Gake esi Henry II kpɔ alesi Germania-fiawo nɔ Ðɔɖɔɖoa ŋudɔ wɔm ɖe dunyahehe me viɖewo ta la, megava tsi dzi ɖe fiaƒeme agbalẽtala la ƒe Bibliawo ƒe nyonyo alo manyomanyo si gblɔm wole la ŋu boo abe alesi wòtsɔ ɖe le nana be France nanye Katoliko-dukɔ kple emetɔwo nu ƒoƒo ƒu ɖe fia yeye te me ene o. Le December 10, 1547 dzi la, fia ƒe Aɖaŋudeha tso nya me be woadzudzɔ Estienne ƒe Bibliawo dzadzra vaseɖe esime mawuŋutinunyalawo naɖo vodada siwo wokpɔ le eme ɖa hafi.
Wotso Enu be Etsi Tre Ðe Xɔse Ŋu
Nufiaha la di mɔ si dzi wòato atsɔ Estienne ƒe nya la ayi ʋɔnudrɔ̃ƒe tɔxɛ yeye si woɖo be wòadrɔ̃ xɔsegbegbenyawo. Estienne nya afɔku si me wòɖo la nyuie. Tso esime woɖo ʋɔnudrɔ̃ƒe sia anyi ƒe eve me ko la, wova yɔe be chambre ardente, alo “dzotɔtɔamexɔ.” Woklã amesiwo ade 60 ɖe ati ŋu, eye wo dometɔ aɖewo nye agbalẽtalawo kple agbalẽdzrala siwo wotɔ dzoe agbagbee le Place Maubert si te ɖe Estienne ƒe aƒe gbɔ tututu. Woka Estienne ƒe aƒeme edziedzi be woakpɔ nu suetɔ kekeake si woatsɔ atso enui. Wobia gbe ɖasefo siwo wu 80. Wodo ŋugbe na eŋuzɔlawo be woana eƒe nunɔamesiwo ƒe akpa enelia amesi ate ŋu atso enu be enye aglãdzela. Gake nusi ko wogate ŋu kpɔe nye nya siwo Estienne ta ɖe eƒe Bibliawo me amesiame xlẽna.
Fia la gaɖe gbe be nufiaha la natsɔ vodada siwo wokpɔ la vɛ na yeƒe Aɖaŋudeha la. Nufiaha la tsɔ dzimesesẽ ɖo eŋu be ‘mawunyaŋutinunyalawo meŋlɔa nusita wobu fɔ nane be etsi tre ɖe xɔse ŋu o, ke boŋ woɖoa eŋu kple nu ko, si dzi wòle be nàxɔ se, ne menye nenema o la, agbalẽŋɔŋlɔ dzi ko míanɔ.’ Henry lɔ̃ ɖe edzi. Woɖo asi edzi keŋkeŋ mlɔeba. Wobu fɔ Biblia ɖesiaɖe kloe si Estienne ta. Togbɔ be wometɔ dzoe le Place Maubert o hã la, eɖoe be yeaʋu adzo le France le esi woɖo asi eƒe Bibliawo dzi keŋkeŋ kple alesi woate ŋu agava ɖe fu nɛ ta.
Agbalẽtala si Tsi Gbedzi
Le November 1550 me la, Estienne ʋu yi Geneva, Switzerland. Nufiaha la de se be womegata Biblia aɖeke le France o negbe Vulgate la ɖeɖeko. Fifia si ablɔɖe su Estienne si be wòata nusianu si wòlɔ̃ la, egbugbɔ eƒe Helagbe me “Nubabla Yeye” la ta le ƒe 1551 me, si me wòta Latingbe me gɔmeɖeɖe eve ɖo (Vulgate kple Erasmus tɔ) ɖe wo nɔewo xa ɖekae. Esia megbe le ƒe 1552 me la, egata Fransegbe me Hela Ŋɔŋlɔawo kple Erasmus ƒe Latingbe me Biblia ɖe agbalẽ ɖeka me. Le tata eve siawo me la, Estienne to Biblia me nyawo mamã ɖe kpukpuiwo me vɛ—ɖoɖo si ŋudɔ wogawɔna egbea le xexeame katã. Togbɔ be ame bubuwo do ŋgɔ te kpukpuiwo mamã ƒe mɔnu vovovowo kpɔ hã la, Estienne tɔ dzie wova da asi ɖo. Fransegbe me Biblia si wòta le ƒe 1553 mee nye Biblia blibo gbãtɔ si me wòmã kpukpuiwo me le.
Estienne ƒe Latingbe me Biblia si me gɔmeɖeɖe eve le si wòta le ƒe 1557 me hã ɖe dzesi le Mawu ƒe ŋkɔ, Jehova, si wòzã le eƒe Hebri Ŋɔŋlɔawo katã me ta. Ede dzesii ɖe psalmo evelia ƒe axa dzi be Yudatɔwo ƒe aʋatsodzixɔse dzi koŋue wonɔ te ɖo tsɔ ʼAdho·naiʹ ɖo Hebrigbe me Ŋɔŋlɔdzesi Ene (יהוה) si wotsɔ ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔe la teƒe eye ele be woagbee. Le tata sia me la, Estienne zã nuŋɔŋlɔ siwo bi ɖe ɖusime tsɔ fia Latingbe me nya siwo wòtsɔ kpe ɖe eŋu be Hebrigbe me nya la gɔme nanya se. Emegbe wowɔ nuŋlɔɖaŋu sia ŋudɔ le Biblia bubuwo me, si gɔme menya sena na egbegbe nuxlẽla siwo nuŋɔŋlɔ siwo bi ɖe ɖusime zazã atsɔ te gbe ɖe nya dzi mã la o.
Esi Estienne ɖoe be yeana nusi yesrɔ̃ naɖe vi na ame bubuwo ta la, etsɔ eƒe agbe ke ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo tata ta. Amesiwo dea asixɔxɔ Mawu ƒe Nya la ŋu egbea ate ŋu ada akpe ɖe eƒe agbagbadzedzewo kple ame bubu siwo dze agbagba vevie be yewoana Biblia me nyawo nadze abe alesi woŋlɔe le gɔmedzedzea me ene la ƒe dɔsesẽwɔwɔ ta. Nusi gɔme wodze la gale edzi yim esi míele blemagbegbɔgblɔwo nyam ɖe edzi hele kekem ɖe Mawu ƒe Nya siwo wotsɔ asi ŋlɔe siwo sɔ wu ŋu. Do ŋgɔ teti hafi Estienne naku (le ƒe 1559 me) la, enɔ Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖeɖe yeye aɖe tam. Wobiae be: “Amekae aƒlee? Amekae axlẽe?” Egblɔ kakaɖedzitɔe be: ‘Nunyala siwo katã sroa Mawu ɖa lae.’
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Wogayɔnɛ le Latingbe me be Stephanus, eye woyɔa eƒe ŋkɔ ɖe Eŋlisigbe me be Stephens.
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
Robert Estienne ƒe agbagbadzedzewo kpe ɖe Biblia-srɔ̃lawo ƒe dzidzime geɖe ŋu
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Bibliothèque Nationale, Paris
[Nɔnɔmetata si le axa 12]
Wosrɔ̃ Estienne ƒe nɔnɔmetata siwo fiaa nu ame la le dzidzime geɖe me
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Bibliothèque Nationale, Paris