INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 8/15 axa 31
  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Agbalẽtala Ðedzesi Aɖe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Nukatae Wòle Be Nàdi Nyateƒea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Kristotɔwo Dea Ta Agu Le Gbɔgbɔ Kple Nyateƒe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Ðe Woate Ŋu Ake Ðe Mawusubɔsubɔ me Nyateƒe Ŋua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 8/15 axa 31

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe nèkpɔ dzidzɔ ɖe Gbetakpɔxɔ siwo do nyitsɔ laa xexlẽ ŋua? Ne nenemae la, ke adzɔ dzi na wò be nàɖo ŋku nya siwo gbɔna dzi:

▫ Ðe woate ŋu ake ɖe mawusubɔsubɔ me nyateƒe ŋua?

Yesu Kristo gblɔ be: “Miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la lawɔ mi ablɔɖeviwoe.” (Yohanes 8:32) Menye ɖeko Yesu gblɔ be woate ŋu ake ɖe nyateƒea ŋu ko o, ke eɖee fia hã be keke ɖe eŋu hiã le míaƒe tadedeagu na Mawu me. Egblɔ na Samaria-nyɔnu aɖe be: “Nyateƒegbedoɖalawo ado gbe ɖa na Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.” (Yohanes 4:23)—4/15, axa 5.

▫ Amekae nye Robert Estienne, eye aleke eƒe dɔwɔna ɖedzesii?

Robert Estienne nye agbalẽtala si nɔ anyi le ƒe alafa 16 lia me. Etsɔ eƒe agbe ɖo anyi hena Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo tata eye wòdze agbagba be yeaɖe Biblia me nyawo ɖe go abe alesi woŋlɔe gbã ene. Alesi wòmã Biblia me nyawo ɖe kpukpuiwo mee nye esi wozãna le xexeame katã egbea.—4/15, axa 10, 14.

▫ Aleke Biblia xexlẽ gbesiagbe ɖea vi na míi?

Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmesese bubuwo sua mía si ɣesiaɣi eye nusiwo míekpɔ, nusiwo míese, kple mía ŋutɔwo ƒe nuteƒekpɔkpɔwo nana be ŋkeke mamleawo ŋuti nyagblɔɖiawo gawɔa dɔ ɖe mía dzi geɖe wu. Ne mía ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ le agbe me dzi ɖe edzi eye míekpɔa kuxiwo gbɔ la, míegakpɔa ŋudzedze ɖe Biblia me aɖaŋuɖoɖowo ŋu geɖe wu. (Lododowo 4:18)—5/1, axa 14.

▫ Aleke woawɔ aɖo ŋku mawunyakpukpuiwo dzi?

Ne èle Biblia xlẽm la, de dzesi mawunyakpukpui tiatia siwo dzi nèdi be yeaɖo ŋkui, alo gbugbɔ wo ŋlɔ ɖe agbalẽviwo dzi ɖe afisi nàte ŋu akpɔ wo le gbesiagbe. Lé wo ɖe susu me, de ŋugble le wo ŋu, eye nàzã wo. Mègate kpɔ be yealé geɖe ɖe susu me zi ɖeka o, ɖewohĩ ɖeka alo eve ko kwasiɖa ɖesiaɖe.—5/1, axa 16, 17.

▫ Nya kawoe le Luka ƒe Nyanyuigbalẽa me siwo woŋlɔ kpe ɖe Nyanyuigbalẽ bubuawo ƒe nuŋlɔɖiwo ŋu?

Togbɔ be Luka ƒe nuŋlɔɖiwo geɖe ɖi Mateo ƒe nuŋlɔɖia hã la, eƒe alafa memamã 59 to vovo. Luka koe ŋlɔ nu tso nukunu ade aɖewo kple Yesu ƒe lododo siwo sɔ gbɔ wu ema teƒe eve ŋu wu esiwo Nyanyuigbalẽ ŋlɔla bubuwo ŋlɔ.—5/15, axa 12.

▫ Nyateƒea ƒe kekeli ƒe keklẽ ɖedzesi kawoe woɖe fia le ƒe 1935 me?

Le ƒe ma me la, Yehowa ƒe amewo va se egɔme be ameha gã si woyɔ le Nyaɖeɖefia 7:9, 14 la menye dziƒoyilawo ƒe hatsotso evelia o ke boŋ eku ɖe amesiwo si anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le ŋu. (Yohanes 10:16)—5/15, axa 20.

▫ Mɔ nyui kawo nue míate ŋu afa akɔ na amesiwo dzi ku dzɔ ɖo?

Ðo to. Na kakaɖedzi wo. Nɔ wo gbɔ. Xɔ ŋgɔ ne esɔ. Ŋlɔ lɛta alo nàɖo akɔfanamegbalẽvi ɖe wo. Do gbe ɖa ɖekae kpli wo. (Yakobo 5:16)—6/1, axa 13, 14.

▫ Nukae gbɔgbɔ me nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe amesiwo le ƒome siwo me mã le subɔsubɔ gome ŋu be woado dzi?

Migblɔ dzideƒonyawo, nya nyuiwo, kple akɔfanyawo na wo edziedzi. (Tesalonikatɔwo I, 5:14) Esia ana gbɔdzɔe woƒe susu kple ŋutilã. Ne esɔ eye wòanya wɔ la, mitsɔ wo de miaƒe teokrasi kple hadome nuwɔnawo me. Miɖo ŋku wo dzi le miaƒe gbedodoɖawo me. (Romatɔwo 1:9; Efesotɔwo 1:16)—6/1, axa 29.

▫ Viɖe kawoe dzigbɔgbɔɖi le gbeadzisubɔsubɔdɔa me hena vɛ?

Dzigbɔɖi kpena ɖe Fiaɖuƒe gbeƒãɖela ŋu wòte ŋu doa dzi le ɖekematsɔleme alo tsitretsiɖeŋu ɖesiaɖe ƒomevi me. Le esi teƒe be subɔla dzigbɔɖitɔwo nanɔ nya hem kple aƒemenɔla siwo do dziku la, woate ŋu aɖo nya ŋu na amewo bɔkɔɔ alo atrɔ kpoo, be ŋutifafa kple dzidzɔ anɔ anyi. (Mateo 10:12, 13) Hekpe ɖe eŋu la, ahe amesiwo ɖi alẽwo va Fiaɖuƒe gbedasia gbɔe.—6/15, axa 12.

▫ Nukata Biblia me nyateƒea nyanya le vevie nenema gbegbe?

Nyateƒea nyanya nana míevona tso aʋatsonyawo, amefufluwo, kple aʋatsodzixɔsewo me. Ne míenɔ agbe ɖe nyateƒea nu la, edoa ŋusẽ mí be míado dzi le nɔnɔme sesẽwo me eye wònaa mɔkpɔkpɔ si doa ŋusẽ mí be míanɔ te sesĩe le dodokpɔ me.—7/1, axa 8.

▫ Agbanɔamedzi vevi kae amesiaminawo ƒe Kristo-hame la xɔ le dzɔdzɔme Israel si?

Eyae nye ɖaseɖiɖi le Yehowa ƒe gãnyenye ŋu le dukɔwo dome ƒe mɔnukpɔkpɔa. (Yesaya 43:21; Petro I, 2:9)—7/1, axa 19.

▫ Nukae nya si Petro gblɔ be srɔ̃ŋutsu ‘natsɔ bubu’ na srɔ̃a la fia? (Petro I, 3:7)

Ŋutsu si dea bubu srɔ̃a ŋu la meɖia gbɔe alo bunɛ ame tsɛe o. Ke boŋ eɖenɛ fiana le eƒe nuƒoƒo kple nuwɔna me—ne woawo ɖeɖe woli kple le gaglãgbe—be yedea asixɔxɔ eŋu. (Lododowo 31:10-31)—7/15, axa 19.

▫ Nukatae míate ŋu agblɔ be enye nusi me lɔlɔ̃ le be woaɖe nuvɔ̃wɔla matrɔdzime le Kristo-hamea me?

Ame ɖeɖe le ha me nye lɔlɔ̃ na Yehowa kple eƒe mɔwo ɖeɖefia. (Psalmo 97:10) Enye lɔlɔ̃ ɖeɖefia amesiwo wɔa nu dzɔdzɔe elabena woɖea amesi ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe wo dzi la le wo dome; ekpɔa hamea ƒe kɔkɔenyenye hã ta. (Korintotɔwo I, 5:1-13)—7/15, axa 25.

▫ Aleke woawɔ ade dzesi “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” si ŋu Yesu ƒo nu tsoe le Mateo 24:45-47 la egbea?

Dɔ si wowɔna le Biblia-srɔ̃gbalẽwo tata me be woatsɔ afia nu ahaɖe gbeƒã “fiaɖuƒeŋutinya nyui” la, kple alesi woléa Mawu ƒe Nya Biblia me ɖe asi goŋgoŋ dzi koŋue woato ade dzesi wo. (Mateo 24:14; 28:19, 20)—8/1, axa 16.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe