“Yehowa Kafula Kpɔdzidzɔwo” Nutome Gã Takpekpe Àyia?
DZIDZƆKPƆKPƆ! Nya masekpɔ alo nya tutɔe wònye le xexe sia si me xaxa bɔ ɖo la mea? Le nyateƒe me la, nyadzɔdzɔgbalẽwo megblɔa dzidzɔnya aɖeke na mí o. Towo dome ʋawɔwɔ, dɔwuame ƒe bɔbɔ, dɔmakpɔwɔe, ɖiƒoƒo yame afɔkutɔe, dunyahenyawo ƒe kemalimali, nuvlowɔwɔ—nusiawo medoa dzidzɔ na dzi o ɖe, alo?
Egbea ame akpa gãtɔ ɖua agbe alesi woate ŋui le agbe me. Ke dzidzɔkpɔkpɔ ya ɖe? Woɖe dzidzɔkpɔkpɔ gɔme be “nudzedziname ƒe nɔnɔme; aseyetsotso.” Ame geɖe mekpɔa dzidzɔ vavã o, eye ne wokpɔe hã la, ɣeyiɣi kpui aɖe koe wònɔa anyi zi geɖe.
Gake esi Biblia nɔ nu ƒom tso míaƒe ŋkekea ŋu la, egblɔ ɖi be: “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, nye dɔlawo akpɔ dzidzɔ. . . . Kpɔ ɖa, nye dɔlawo atso aseye le dzi ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ta.” (Yesaya 65:13, 14) Aleke ema ate ŋu adzɔe?
Be nàkpɔ alesi wòadzɔe la, míekpe wò be nàde Yehowa Ðasefowo ƒe nutome gã takpekpe siwo woawɔ le ƒe 1995 me la dometɔ ɖeka. Takpekpea ƒe tanyae nye “Yehowa Kafula Kpɔdzidzɔwo,” eye àte ŋu ade femaxee. Nuƒowo, wɔwɔfiawo, numedzodzrowo, kple nu bubu siwo wotu ɖe Biblia dzie le ŋkeke etɔ̃ takpekpea ƒe ɖoɖowɔɖia me. Woate gbe ɖe dzidzɔkpɔkpɔ ƒe tanya dzi le nuƒoawo katã me.
Takpekpeawo adze egɔme le United States le June me eye wòayi edzi le dugãwo me le xexeame katã vaseɖe ƒe 1996 ƒe gɔmedzedze. Anɔ eme be ɖeka atsɔ gbɔwò godoo. Nukata màbia Yehowa ƒe Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me o? Míekpe wò tso dzi me ke be nàva.