INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 6/15 axa 5-8
  • Fuléle Nu Ayi le Xexe Bliboa Katã Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Fuléle Nu Ayi le Xexe Bliboa Katã Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Fuléle Dzi Ðuɖu le Fuwɔamegaxɔ aɖe Me
  • Fuléɣi Li
  • Xexe si me Fuléle Manɔ O
  • Ðe Fuléle Nu Ava Yi Gbaɖegbea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Nu Ka Tae Fuléle Bɔ Alea Gbegbe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2022
  • Fuléle Nu Ayi Keŋkeŋ Gbe Ðeka!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2022
  • Míate Ŋu Aɖu Fuléle Dzi!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2022
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 6/15 axa 5-8

Fuléle Nu Ayi le Xexe Bliboa Katã Me

ANYE ƒe akpe evee nye esia la, ƒuƒoƒo sue aɖe nɔ anyi si wolé fui. Tertullian gblɔ tso Romatɔwo ƒe nuwɔna ɣemaɣi ɖe Kristotɔ gbãtɔwo ŋu be: “Ne tsi medza o, ne anyigba ʋuʋu, ne dɔ to alo dɔvɔ̃ va la, wodoa ɣli enumake be, ‘Mitsɔ Kristotɔwo ƒu gbe na dzatawo!’”

Togbɔ be wolé fu Kristotɔ gbãtɔwo hã la, wogbe be yewomabia nu madzɔmadzɔ siwo wowɔ ɖe wo ŋu la ƒe hlɔ̃ o. Le Yesu Kristo ƒe Todzimawunya xɔŋkɔa me la, egblɔ be: “Miese wogblɔ bena: Lɔ̃ hawòvi, eye nalé fu wò ketɔ; ke nye la mele egblɔm na mi bena: Milɔ̃ miaƒe ketɔwo; . . . mido gbe ɖa ɖe amesiwo le mia yome tim la ta.”—Mateo 5:43, 44.

Yudatɔwo ƒe kɔnyinyi si womeŋlɔ ɖi o ye fia nu be enyo be ‘woalé fu ame ƒe ketɔwo.’ Gake Yesu gblɔ be míalɔ̃ míaƒe ketɔwo, menye mía xɔlɔ̃wo ɖeɖeko o. Enye nu sesẽ ya gake menye nusi womate ŋu awɔ o ye wònye o. Ame ƒe ketɔ lɔlɔ̃ mefia be woalɔ̃ ɖe alesi wòwɔa nui kple nusiwo katã wòwɔna dzi o. Woɖe Helagbe me nya si dze le Mateo ƒe nuŋlɔɖia me tso nya a·gaʹpe si fia lɔlɔ̃ si wɔa nu ɖe gɔmeɖosewo nu la me. Amesi tsɔa a·gaʹpe, lɔlɔ̃ si wotu ɖe gɔmeɖose dzi wɔa dɔe la wɔa nyui na eƒe ketɔ si léa fui eye wòwɔa fui ŋutɔ gɔ̃ hã. Nukatae? Elabena esia nye mɔ si dzi woato asrɔ̃ Kristo, eye wònye mɔ si dzi woato aɖu fuléle dzi hã. Helagbenyala aɖe de dzesii be: “[A·gaʹpe] kpena ɖe mía ŋu be míaɖu míaƒe dzɔdzɔmenuwɔna si nye dzikudodo kple veve helĩhelĩ la dzi.” Gake ɖe esia anya awɔ le xexe si fuléle yɔ fũ la mea?

Le nyateƒe me la, menye amesiwo katã gblɔna be Kristotɔwoe yewonye lae ɖoe kplikpaa be yewoadze Kristo ƒe kpɔɖeŋu la yome o. Gbeɖekadola siwo dometɔ geɖe gblɔna be Kristotɔwoe yewonye lae wɔ hlɔ̃nu siwo dzɔ nyitsɔ laa le Rwanda. Pilar Díez Espelosín si nye Roma Katoliko nyɔnu saɖagaxɔmenɔla si le dɔ wɔm le Rwanda ƒe 20 enye sia ƒo nu tso nudzɔdzɔ aɖe ŋu. Ŋutsu aɖe tsɔ eƒe akplɔ si edze ƒã be enɔ ezãm la yina ɖe eƒe gbedoxɔ me. Nyɔnua biae be: “Nukae nye ma wɔm nèle le amewo wum le yiyim? Mèle ŋku ɖom Kristo dzi oa?” Eɖo eŋu be yele ŋku ɖom edzi eye wòge ɖe gbedoxɔa me, dze klo, eye wòxlẽ Rosario la moveviɖoɖotɔe. Gake esime wòwɔ vɔ ko la edzo eye wògayi amewuwua dzi. Nyɔnu nunɔla la lɔ̃ ɖe edzi be: “Efia be míele nyanyuia fiam nyuie o.” Gake kpododonu siawo mefia be Yesu ƒe gbedasia ŋue ŋusẽ mele o. Le nyateƒe me la, amesiwo tsɔa Kristotɔnyenye vavãtɔ wɔa dɔe la ate ŋu aɖu fuléle dzi.

Fuléle Dzi Ðuɖu le Fuwɔamegaxɔ aɖe Me

Max Liebster nye Yuda-vidzidzi si tsi agbe le Nazitɔwo ƒe Yudatɔwo Tsɔtsrɔ̃ Gã la me. Togbɔ be eƒe ƒomeŋkɔ gɔmee nye “amesi wolɔ̃” hã la, wolé fui wògbɔ eme. Eƒo nu le nusi wòsrɔ̃ le Nazi Germania tso lɔlɔ̃ kple fuléle ŋuti la ŋu.

“Wonyim le du si tsɔ ɖe Mannheim si le Germania gbɔ me, le ƒe 1930 ƒe ƒeawo me. Hitler gblɔ be Yudatɔwo katã nye kesinɔtɔ viɖeƒoɖidila siwo nɔ Germaniatɔwo tafam. Gake le nyateƒe me la, afɔkpatɔla tsɛ aɖe koe fofonye nye. Gake Nazitɔwo ƒe alakpanyawo kaka ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi na be aƒelikawo dze tsitretsitsi ɖe mía ŋu gɔme. Esime menye ƒewuivi la, dua me tɔ aɖe tsɔ akpasesẽ hlẽ ha ƒe ʋu ɖe nye ŋgonu. Nusi ava dzɔ ƒe sue aɖe koe gbɔɖiame vɔ̃ɖi sia nye. Adzamekpovitɔwo lém le ƒe 1939 me eye woxɔ nye nunɔamesiwo katã le asinye.

“Tso January 1940 vaseɖe May 1945 me la, meʋli be matsi agbe le fuwɔamegaxɔ vovovo atɔ̃ me: le Sachsenhausen, Neuengamme, Auschwitz, Buna, kple Buchenwald. Fofonye, si hã wolé yi Sachsenhausen la, ku le ƒe 1940 vuvɔŋɔli sesẽ la me. Nye ŋutɔe kɔ eƒe kukua yi kpodzo si me wotɔa dzo amewo le la gbɔ afisi woƒo ƒu ame kuku gbogbo aɖewo ɖo be woade wo dzo me. Nye ƒometɔ enyi sɔŋ ye ku le gaxɔawo me.

“Le gaxɔmenɔlawo dome la, wolé fu amesiwo woyɔna be kapos wu SS-srafowo. Kapos nye gaxɔmenɔla siwo kpena ɖe SS-srafowo ŋu, si wɔe be mɔnukpɔkpɔ aɖewo sua wo si. Wokpɔa nuɖuɖu mamã dzi, eye woƒoa gamenɔla bubuwo ŋutɔ hã, wolɔ̃a nuwɔwɔ le madzɔmadzɔnyenye kple ŋutasesẽ me. Mebui be nu geɖe li si ta wòle be malé fu SS-srafowo kple kapos siawo, gake le nye gaxɔmenɔnɔ me la, mesrɔ̃e be ŋusẽ le lɔlɔ̃ ŋu boo wu fuléle.

“Gaxɔmenɔla siwo nye Yehowa Ðasefowo ƒe dzidodo le fukpekpe me na meka ɖe edzi be Ŋɔŋlɔawo dzie wotu woƒe xɔse ɖo—eye nye ŋutɔ hã meva zu Ðasefo. Ernst Wauer, si nye Ðasefo aɖe si medo goe le Neuengamme fuwɔamegaxɔ me de dzi ƒo nam be Kristo ƒe nukpɔsusu nanɔ asinye. Biblia gblɔ be, ‘esime wodzui la, medzu ame ɖe eteƒe o; esime wòkpe fu la, medo ŋɔdzi na ame o; ke etsɔe de asi na amesi drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe la boŋ.’ (Petro I, 2:23) Medze agbagba be mawɔ nu nenema pɛpɛpɛ, be magblẽ hlɔ̃biabia ɖe Mawu, amesi nye nuwo katã ƒe Ʋɔnudrɔ̃la, si me.

“Ƒe siwo metsɔ nɔ gaxɔwo me fiam be zi geɖe la, amewo wɔa nu vɔ̃ɖi le manyamanya me. Menye SS-srafowo katãe vɔ̃ɖi o—wo dometɔ ɖeka xɔm ɖe agbe. Nye dɔme nɔ sasram vevie gbeɖeka eye megbɔdzɔ ale gbegbe be nyemate ŋu azɔ tso afisi míeva wɔ dɔ le ayi ɖe míaƒe gaxɔ me o. Ðe wòle be woatsɔm ƒu gbe ɖe Auschwitz ƒe aɖiyakpodzo me le ŋufɔke hafi, gake SS-srafo si tso Germania ƒe nuto si me nye hã metso la xɔ nam. Ena mewɔ dɔ le SS-srafowo ƒe nuɖaƒe, afisi mete ŋu ɖi ɖe eme le vaseɖe esime mehaya. Gbeɖeka eʋu eme nam be: ‘Max, mese le ɖokuinye me be mele keteke aɖe si le du dzi sesĩe si womate ŋu atɔ o la me. Ne meti kpo la, maku. Ne metsi eme la, adze anyi kplim!’

“Amesiawo hiã lɔlɔ̃ geɖe abe alesi wòhiã nye hã ene. Ele eme be lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ kpakple nye mawudzixɔse ye kpe ɖe ŋunye be mete ŋu ɖu nɔnɔme sesẽwo kple gbesiagbe ƒe ku ƒe ŋɔdzidoname la dzi. Nyemate ŋu agblɔ be metsi agbe si naneke megblẽ le ŋunye o, gake nusi gblẽ le nye seselelãme ŋu le ʋee ŋutɔ.”

Vividodoɖeameŋu kple dɔmenyonyo si ganɔ Max me le ƒe 50 megbe nye eƒe nyawo ƒe nyateƒenyenye ŋuti ɖaseɖiɖi ʋãme aɖe. Menye Max ɖeɖe dzi koe nusia tɔgbe dzɔ ɖo o. Nu vevi aɖe tae wòdi be yeaɖu fuléle dzi—edi be yeasrɔ̃ Kristo ƒe agbenɔnɔ. Ame bubu siwo Ŋɔŋlɔawo fia mɔe hã wɔ nu nenema ke. Simone si nye Yehowa Ðasefo si tso France, gblɔ alesi wòsrɔ̃ nusi ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ nye ŋutɔŋutɔ.

“Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na xexemeʋa evelia la, Danye Emma si zu Ðasefo la fiam be zi geɖe la, amewo wɔa nu gbegblẽ le manyamanya me. Eɖe eme be ne míawo hã míele fu wo la, ke menye Kristotɔ vavãtɔwoe míenye o, elabe Yesu gblɔ be míalɔ̃ míaƒe ketɔwo eye míado gbe ɖa ɖe amesiwo tiaa mía yome la ta.—Mateo 5:44.

“Meɖo ŋku nɔnɔme sesẽ aɖe si do alesi mexɔ nya sia dzi see la kpɔ dzi. Esime Nazitɔwo xɔ France la, Danye kpe fu geɖe le ame aɖe si mía kplii míele aƒe ɖeka me la si me. Nyɔnua trɔ Danye ta na Adzamekpovitɔwo eye wode Danye Germaniatɔwo ƒe fuwɔamegaxɔwo me ƒe eve wòku kloe le afima. Esi aʋa ke vɔ la, Franseawo ƒe kpovitɔwo di tso danye si be wòade asi agbalẽ te atso nyɔnua nu be ekpe asi ɖe Germaniatɔwo ŋu. Gake Danye gbe eye wògblɔ be ‘Mawue nye nuvɔ̃ kple nu nyui ƒe Ʋɔnudrɔ̃la kple Teƒeɖola.’ Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, aƒelika sia tututu va lé cancer si ŋu dada mele o. Le esi danye nakpɔ dzidzɔ ɖe eƒe dzɔgbevɔ̃e ŋuti teƒe la, ezã gaƒoƒo geɖe bene nyɔnua ƒe agbemeɣleti mamleawo me naka anya nɔ nɛ. Nyemaŋlɔ alesi lɔlɔ̃ ɖu fuléle dzii sia be akpɔ gbeɖe o.”

Kpɔɖeŋu eve siawo ɖe alesi ŋusẽ nɔa lɔlɔ̃ si wotu ɖe gɔmeɖose dzi ŋu wu nu madzɔmadzɔ wɔwɔ la fia. Biblia ŋutɔ gblɔ be “lɔlɔ̃ɣi li eye fuléɣi li.” (Nyagblɔla 3:1, 8) Aleke wòate ŋu adzɔe nenema?

Fuléɣi Li

Mawu metsi tre ɖe fuléle ƒomevi ɖesiaɖe ŋu o. Biblia gblɔ le Yesu Kristo ŋu be: “Èlɔ̃a dzɔdzɔenyenye, eye nèléa fu madzɔmadzɔnyenye.” (Hebritɔwo 1:9) Gake vovototo le fuléle vɔ̃ kple fuléle amesi wɔ vɔ̃ ma la dome.

Yesu ɖo alesi woada asɔ le lɔlɔ̃ kple fuléle gome ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi. Elé fu alakpanuwɔwɔ, gake edze agbagba be yeakpe ɖe alakpanuwɔlawo ŋu be woatrɔ woƒe tamesusu. (Mateo 23:27, 28; Luka 7:36-50) Elé fu ŋutasesẽ gake edo gbe ɖa ɖe amesiwo wui la ta. (Mateo 26:52; Luka 23:34) Eye togbɔ be xexeame lé fui si menye ɖe susu nyui aɖeke ta o hã la, etsɔ eya ŋutɔ ƒe agbe na bene ameƒomea nakpɔ agbe. (Yohanes 6:33, 51; 15:18, 25) Eɖo lɔlɔ̃ kple mawumefuléle ƒe kpɔɖeŋu de blibo aɖe ɖi na mí.

Numadzɔmadzɔwɔwɔ ate ŋu ave mí abe alesi wòve Yesu ene. (Luka 19:45, 46) Gake womeɖe mɔ na Kristotɔwo be woawo ŋutɔ nabia hlɔ̃ le wo ɖokui si o. Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔ siwo nɔ Roma be: “Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o . . . Ne ate ŋu anye, nusi ke atso mia gome la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me! Migabia hlɔ̃ na mia ɖokui o, . . . Megana nu vɔ̃ɖi la naɖu dziwò o, ke tsɔ nu nyui la ɖu nu vɔ̃ɖi la dzi boŋ.” (Romatɔwo 12:17-21) Ne míegbe fuléle ame alo hlɔ̃biabia ɖe nuvɔ̃ ta la, lɔlɔ̃ ɖua dzi.

Xexe si me Fuléle Manɔ O

Hafi fuléle navɔ le xexe bliboa katã me la, ele be ame miliɔn geɖe natrɔ nɔnɔme siwo ƒo ke ɖe to ɖe wo me. Aleke woawɔe? Nufiala Ervin Staub ɖo aɖaŋu siwo gbɔna: “Míeɖia gbɔ amesiwo míewɔa nuvevii eye míedea asixɔxɔ amesiwo ŋu míekpena ɖo. Ne míeva le asixɔxɔ gã aɖe dem amesiwo ŋu míekpena ɖo ŋu eye míekpɔ dzidzɔ siwo tsoa kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu me la, míeva kpɔnɛ hã be míetsɔa ɖe le eme na amewo eye míekpena ɖe wo ŋu wu. Ele be míaƒe taɖodzinuwo dometɔ ɖeka nanye be míaɖo amewo ƒe habɔbɔ siwo me ame agbɔsɔsɔ gãtɔ si alesinu ate ŋui la nakpɔ gome le kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu me.”—The Roots of Evil.

Ne míagblɔe bubui la, fuléle ɖeɖeɖa bia be amewo ƒe habɔbɔ aɖe si me amewo asrɔ̃ lɔlɔ̃ to kpekpe ɖe ame nɔewo ŋu me nanɔ anyi, be habɔbɔ aɖe si me amewo naŋlɔ fuléle ɖesiaɖe si nazãbubu, dukɔmevinyenye, ŋutigbalẽ ƒe vovototo, kple teƒe vovovo tsotso hena vɛ be la nanɔ anyi. Ðe habɔbɔ aɖe li nenema? Bu ŋutsu aɖe si wolé fui vevie le Hadomegbenɔnɔ ƒe Tɔtrɔɣiwo le China ƒe nuteƒekpɔkpɔ ŋu kpɔ.

“Esime Hadomegbenɔnɔ ƒe Tɔtrɔa dze egɔme la, wofia mí be mɔɖeɖe alo susu aɖeke meli si ta woagbe ame ɖokui ƒoƒo ɖe ‘amewo ƒe hatsotsowo ƒe avuwɔwɔ me o.’ Fuléle nye nusi xɔ aƒe ɖi. Mezu Red Guard dunyaheha me nɔla eye medze ŋkutsatsa le afisiafi gɔme henɔa ‘futɔwo ƒe hatsotsowo’ dim—le nye ƒometɔwo kura gɔ̃ hã dome. Togbɔ be ƒewuivi ko menye ɣemaɣi hã la, mekpɔ gome le aƒewo me tsatsa, si me ‘míenɔa amesiwo tsi tre ɖe mía ŋu’ la dim le la me. Menɔ ŋgɔ na dutoƒokpekpe aɖe si tsi tre ɖe ‘amesiwo melɔ̃ ɖe míaƒe tɔtrɔa dzi o’ hã ŋu. Gake ɣeaɖewoɣi la, amewo ŋutɔ ƒe fuléle koe wotsɔna tsoa amewo nui ke menye esi woƒe nukpɔsusu to vovo le dunyahehe me tae o.

“Mekpɔ woƒo ame geɖewo—ɖeviwo kple ame tsitsiwo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo—woƒe ƒoƒoa nu va nɔ sesẽm ɖe edzi. Wokplɔ míaƒe suku nufiala ɖeka—si nye ŋutsu nyui aɖe—nɔ tsatsamee abe hlɔ̃nuwɔlae wònye ene. Le dzinu eve megbe la, wokpɔ nufiala bubu si ŋu wodea bubui le míaƒe suku la ƒe kukua le Suzhou Tɔsisi me, eye woƒoe ɖe míaƒe Eŋlisigbefiala nu be wòade ka ve na eɖokui. Metɔtɔ eye wòwɔ nuku nam. Ame fafawoe amesiawo nye. Nuwɔwɔ ɖe wo ŋu nenema mesɔ o! Eyata metso kadodo ɖesiaɖe kple Red Guard dunyaheha la.

“Nyemesusui be China koe fuléle si va xɔ aƒe ɖi ɣeyiɣi kpui aɖe la dzɔ le o. Le ƒe alafa sia me la, fuléle ƒomevi vovovowo nɔ anyi. Gake meka ɖe edzi be lɔlɔ̃ ate ŋu aɖu fuléle dzi. Enye nusi teƒe nye ŋutɔ mekpɔ kpɔ. Esi medze hadede kple Yehowa Ðasefowo gɔme la, alesi wotsɔa lɔlɔ̃ vavãtɔ lɔ̃a ameƒomevi vovovowo kple teƒevovovotsolawoe la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Mele mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si me amesiame asrɔ̃ alesi wòalɔ̃ nɔviae abe alesi Biblia do eƒe ŋugbee ene.”

Nyateƒee, Yehowa Ðasefowo ƒe dukɔwo dome habɔbɔ la nye kpeɖodzi be woate ŋu aɖe fuléle ɖa. Metsɔ le eme afisi Ðasefowo tso o, wodzea agbagba be yewoatsɔ ame nɔewo bubu aɖo nazãbubu teƒe eye yewoaɖe teƒe vovovo tsotso, ŋutigbalẽ ƒe vovototo, kple dukɔmevinyenye ƒe mamã ɖesiaɖe ɖa. Nusiwo dzi wotu woƒe dzidzedzekpɔkpɔ ɖo dometɔ ɖekae nye woƒe tameɖoɖo kplikpaa be yewoasrɔ̃ Yesu Kristo le lɔlɔ̃ si wotu ɖe gɔmeɖose dzi ɖeɖefia me. Nu bubu si hã dzie wotui ɖo enye be wokpɔa mɔ na Mawu ƒe Fiaɖuƒe be wòahe numadzɔmadzɔwɔwɔ ɖesiaɖe si woanɔ wɔwɔm ɖe wo ŋu la va nuwuwui.

Mawu ƒe Fiaɖuƒea koe ate ŋu ahe xexe si me fuléle manɔ o, xexe si me nu gbegblẽ si woalé fui aɖeke gɔ̃ hã manɔ o la vɛ. Woyɔ dziƒodziɖuɖu si ahe xexe si me madzɔmadzɔnyenye manɔ o vɛ la le Biblia me be “dziƒo yeye.” Aɖu “anyigba yeye” alo amewo ƒe habɔbɔ yeye si me woahe amewo be woalɔ̃ wo nɔewo la dzi. (Petro II, 3:13; Yesaya 54:13) Wole esia ŋuti hehe nam amewo xoxo abe alesi Max, Simone, kple ame bubuwo ƒe nuteƒekpɔkpɔ ɖo kpe edzii ene. Esia nye xexeame katã ƒe hehenanaɖoɖo ƒe kpɔɖeŋu sue aɖe ko be woaɖe fuléle kple nusiwo henɛ vɛ la ɖa.

Yehowa to eƒe nyagblɔɖila Yesaya dzi ƒo nu tso nusi ado tso eme ŋu be: “Womawɔ vɔ̃ aɖeke o, womahe gbegblẽ ava nye tonyigba kɔkɔe blibo la dzi o; elabena sidzedze Yehowa xɔ anyigba la dzi abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.” (Yesaya 11:9) Mawu ŋutɔe ana fuléle nu nayi. Ame nɔewo lɔlɔ̃ ƒe ɣeyiɣie wòanye vavã.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Nazitɔwo ŋlɔ gamenɔlawo ƒe xexlẽdzesi ɖe Max Liebster ƒe miabɔ dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Eteƒe madidi o fuléle nu ava yi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe