Ɣekaɣie Vɔvɔ̃ Nu Ayi?
ÐE WÒAWƆ nuku na wò ne èse be ŋutsu aɖe si nɔ agbe ƒe 2,000 enye si va yi lae ahe dedienɔnɔ vavãtɔ vɛa? Yesu Kristo do lo ɖedzesi aɖe tsɔ ɖe lɔlɔ̃ ƒe vevienyenye fia be: “Ame aɖe tso Yerusalem heyina Yerixo; eye wòɖadze adzodalawo si me, eye woɖe eƒe awu le eŋu, eye esi wode abi eŋu la, wodzo hegblẽe ɖi wòku afã kple afã.” Togbɔ be mɔzɔla eve to eŋu yi hã la, Samariatɔ dɔmenyotɔ aɖe kpɔ nublanui nɛ. Gake amekae tsɔa ɖe le eme na amesiwo adzo tso egbea? Ðe míate ŋu akpɔ mɔ be míava vo tso vɔvɔ̃ mea?—Luka 10:30-37.
Togbɔ be ame geɖe gblɔna be yewoxɔ Mawu dzi se hã la, wobuna be amegbetɔe wòle be wòawɔ se kple ɖoɖowo. Gake ɖe amedede gaxɔ me ƒe se sesẽwo kple kpovitɔ geɖe xɔxɔ kple fexexe na wo nyuie ate ŋu aɖe hlɔ̃dodo ɖa? Èka ɖe edzi nyateƒe be ne sedzikpɔlawo li eye wodze agbagba vevie be dedienɔnɔ aɖe ya teti nanɔ anyi la, nanewo abe atikevɔ̃ɖizazã, nuvlowɔhawo, kple ahedada ene nu ayia? Gake mele be alesi dzɔdzɔenyenye dzroa mí vevie la nazu dzodzro o.—Mateo 5:6.
Psalmo 46:2 gblɔ be: “Yehowa enye sitsoƒe kple ŋusẽ na mí, xɔnametɔ ŋutɔ wònye le xaxawo me.” Míava kpɔe be menye hakpanya vivi aɖe koe nya siawo nye o.
Abe alesi nènya ene la, wokaa nya ta le amewuwu atraɖii le dukɔmeviʋawo kple ŋɔdzidolawo ƒe amedzidzedzewo me ŋu le nyadzɔdzɔwo me gbesiagbe. Ebɔ ɖe xexeame ƒe akpa aɖewo be wowua ɖevi tsigbɔdomewo alo amesiwo kpɔ nuvlowɔwɔ aɖe teƒe. Nukae na agbe megaɖi naneke o alea gbegbe? Togbɔ be ɖewohĩ nu geɖewo gbɔe nuvlowɔwɔ siawo atso hã la, nu ɖeka aɖe li si dzi mele be míaŋe aɖaba aƒu o.
Mawu ƒe Nya Biblia gblɔ be, “xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” (Yohanes I, 5:19) Le nyateƒe me la, menye ɖeko Yesu Kristo gblɔ be Satana Abosam nye aʋatsokala o, ke egayɔe hã be “amewula.” (Yohanes 8:44) Gbɔgbɔmenuwɔwɔ ŋusẽtɔ sia le ameƒomea dom le mɔ vovovowo nu tsɔ le nuvlowɔwɔ siwo li egbea dzim ɖe edzii. Nyaɖeɖefia 12:12 gblɔ be: “Baba na anyigba kple atsiaƒu; elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ; elabena enyae be, vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.” Gake dzidzɔtɔe la, “dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la” ava xɔ ɖe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia teƒe.—Petro II, 3:13.
Hekpe ɖe xexeme yeye ƒe mɔkpɔkpɔ wɔnuku sia ŋuti la, kpekpeɖeŋu kae li na mí fifia?
Hafi míadi ŋuɖoɖo nyui aɖe na nya ma la, anyo be wòanɔ susu me na mí be kakaɖedzi gobii aɖeke mele Kristotɔ vavãwo gɔ̃ hã si be woakpɔ wo ta tso nuvlowɔwɔ me o. Apostolo Paulo ƒo nu tso afɔku aɖewo siwo me eya ŋutɔ dze ŋu. Eɖo ‘ŋɔdzi me le tɔsisiwo dzi, eɖo ŋɔdzi me le adzodalawo dome, eɖo ŋɔdzi me le [eya ŋutɔ ƒe] dukɔmeviwo gbɔ, eɖo ŋɔdzi me le trɔ̃subɔlawo gbɔ, eɖo ŋɔdzi me le du me, eɖo ŋɔdzi me le gbedzi, eɖo ŋɔdzi me le atsiaƒu dzi.’ (Korintotɔwo II, 11:26) Gake Paulo metsi afɔku siawo me o. Nenema ke wòle egbea hã; ne míeɖɔ ŋu ɖo la, míate ŋu ayi míaƒe dɔwɔnawo dzi pɛpɛpɛ alesi míate ŋui. Mina míadzro nusiwo akpe ɖe mía ŋu dometɔ aɖewo me kpɔ.
Ne afisi ŋɔdzi le ye nèle la, agbenyuinɔnɔ ate ŋu akpɔ tawò elabena amewo léa ŋku ɖe ame ŋu vevie. Togbɔ be ɖe adzodalawo ɖoa nu vlo wɔna hã la, wo dometɔ geɖe bua wo ɖokui abe ame bubuwo ke ene. Mèganɔ ɖeklemi ɖem woƒe nuwɔna o, eye mègate kpɔ be yeanya nusi wowɔ o. Esia awɔe be alesi woate ŋu atɔ ŋku wò be yewoaɖo eteƒe na wò la dzi aɖe akpɔtɔ. Nenɔ susu me na wò be fiafiwo dzea agbagba be yewoanya amesiwo gaƒle nu yeye aɖe alo amesiwo yina mɔkeke si ta womanɔ aƒeme o la, eyata ɖɔ ŋu ɖo le nya siwo nègblɔna na ame bubuwo ŋu.
Yehowa Ðasefo geɖe kpɔe be subɔlawo ƒe ŋkɔ nyui si le yewo ŋu la nye takpɔkpɔ ɖedzesi aɖe na yewo. Nuvlowɔlawo ɖee fia zi geɖe be yewodea bubu Kristotɔ mawo siwo tsɔa wo ɖokui nana faa kpena ɖe amewo ŋu le nutoa me ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe la ŋu. Ðasefoawo menye amewulawo alo fiafitɔwo o, eye ‘womedoa gaglãsu ɖe ame bubuwo ƒe nya me o,’ eyata womenye ŋɔdzi na amewo o.—Petro I, 4:15.
Dedienɔnɔ Le Mawu ƒe Xexe Yeyea Me
“Nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ƒe agbɔsɔsɔ” si Yesu Kristo gblɔ ɖi la na míexaa nu, gake le esi teƒe be wòana míatsi dzi fũ la, míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu aɖe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ɖa kpuie. Yesu gblɔe ɖi be “woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia” le xexeame katã, eye wòɖo ŋku edzi na eyomedzelawo be: “Amesi ke lado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.”—Mateo 24:12-14.
Míate ŋu aka ɖe edzi be woaɖe amesiwo dea xa ɖi na ame bubuwo hesẽa ŋuta manyagblɔ le wo ŋu ɣeaɖewoɣi la ɖa. Lododowo 22:22, 23 gblɔ be: “Megada adzo ahetɔ le esi wòda ahe ta o, eye megate hiãtɔ ɖe anyi kple afɔ le ʋɔnu o; elabena Yehowa awɔ woƒe dzre na wo, eye wòada adzo amesiwo da adzo wo la ƒe agbe.” Yehowa aɖe nuvɔ̃ɖiwɔlawo abe adzodalawo, amewulawo, kple gbɔdɔdɔ ƒe nutovowɔlawo ene ɖa. Hekpe ɖe eŋu la, mazi kpi akpɔ amesiwo ŋu wowɔ nu vlo mawo ɖo la o. Aɖo nusiwo bu na wo la teƒe na wo eye wòagana woaɖo lãmesẽ blibo me.
Vavãe, amesiwo ‘tsria vɔ̃ eye wowɔa nu nyui’ la akpɔ agbe mavɔ ne wotso xaxa gã si gbɔna loo alo wofɔ wo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome. “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Psalmo 37:27-29) Viɖe siawo anɔ anyi le Yesu ƒe tafevɔsa la ta. (Yohanes 3:16) Gake aleke agbenɔnɔ anɔ le Paradiso si wogaɖo anyi la me?
Agbenɔnɔ le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te avivi ŋutɔ. Yehowa gblɔ ɖi be: “Nye dukɔ anɔ ŋutifafa teƒe kple dziɖeɖi teƒewo kpakple ablɔɖe gbɔɖemeƒewo.” (Yesaya 32:18) Amesiwo katã akpɔ agbe mavɔ la atrɔ asi le woƒe amenyenye ŋu. Ame aɖeke manye ame vɔ̃ɖi alo ame madzɔmadzɔ o, eye ame mawo tɔgbe mawɔ nuvevi ame aɖeke hã o. Nyagblɔɖila Mixa gblɔ be: “Wo dome amesiame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ.” (Mixa 4:4; Xezekiel 34:28) Aleke gbegbe esia to vovo na teƒe dziŋɔ siwo míele egbea enye si!
[Aɖaka si le axa 6]
ÐƆ ŊU ÐO
Nuvlowɔla aɖewo tsɔa nuvlowɔwɔ ɖoa dɔe koŋ wònyea woƒe dɔwɔɖui. Woate ŋu anɔ ha me eveve alo etɔ̃etɔ̃, ne wo dometɔ ɖekae ɖo tu dziwò hã. Eva le dzedzem ƒã be ne nuvlowɔla la metsi o la, eyae eƒe tagbɔ sẽna wu. Nukae nàte ŋu awɔ ne adzo tso wò?
Ðe dzi ɖi bɔkɔɔ be màgado vɔvɔ̃ na fiafi la o—ate ŋu atsɔ eƒe nuteƒemakpɔmakpɔ awu wòe. Ne Yehowa Ðasefoe nènye la, gblɔe nɛ. Ke hã la, nɔ klalo be nàtsɔ nusianu si fiafia bia la nɛ. Ne mètsɔe nɛ kaba o la, afɔkua adzi ɖe edzi. Emegbe àkpɔe be anyo be yeabiae be wòatsɔ dzesidegbalẽviwo alo ʋuɖoga na ye yeatsɔ aɖo ʋu adzoe.
Zi geɖe la, màte ŋu anya amesi nye nuvlowɔla o. Fiafi aɖewo nye atikevɔ̃ɖizãlawo alo adzogliwo, gake nuɖuga ko dim bubuwo ya le. Aleke wòɖale o, mègatsɔ ga kpekpe ɖe ŋuti o. Mègana wò sikanuwo, sikasigɛwo, alo gaƒoɖokui xɔasiwo nanɔ dzedzem o. Zɔ abe alesi nèzɔnae ene eye nàzɔ mɔ hã nenema, mègawɔ abe ɖe nèle vɔvɔ̃m ene o. Mègake ŋku ɖe amewo dzi abe ke ɖe nèdi be yeanya amesiwo wonye ene o. Ne wole tu dam le ablɔdzi la, mlɔ anyigba; àte ŋu anyã wò awua emegbe.—Amesi nye kpovitɔ tsã le Rio de Janeiro.
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
Ðe dzi ɖi eye nàtsɔ nusi fiafia bia la nɛ. Ne mètsɔe nɛ kaba o la, afɔkua adzi ɖe edzi