INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 8/15 axa 3-4
  • Aleke Nàwɔ Anɔ Agbe le Nuto si Me Ŋɔdzi Le Me?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Nàwɔ Anɔ Agbe le Nuto si Me Ŋɔdzi Le Me?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nukpɔsusu Nyui ƒe Amesinɔnɔ
  • Woho Aʋa si Dzi Womate Ŋu Aɖu O ɖe Nuvlowɔwɔ Ŋu
    Nyɔ!—1998
  • Ɣeyiɣi si me Nuvlowɔwɔ Menɔ Anyi O
    Nyɔ!—1998
  • Agbagbadzedze Be Woatsi Nuvlowɔwɔ Nu
    Nyɔ!—1996
  • Dukɔ Ka mee Nuvlowɔwɔ Mele O?
    Nyɔ!—1996
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 8/15 axa 3-4

Aleke Nàwɔ Anɔ Agbe le Nuto si Me Ŋɔdzi Le Me?

MARIA gblɔ be: “Mevɔ̃na ɣesiaɣi. Mevɔ̃na ne mele dziƒoxɔliamɔ̃ me. Mevɔ̃na ne mele nye ʋu me. Mevɔ̃na le nye aƒeme. Nuvlowɔwɔ le afisiafi. Wodaa adzo amewo ɣesiaɣi.” Ðe nèsenɛ le ɖokuiwò me abe Brazil-nyɔnu sia ene, eye nèvɔ̃na le nuto si me nèle me, vevietɔ ne zã doa?

Amewunya ŋuti numekuku ƒe ŋutinyagbalẽ xexlẽ ate ŋu avivi nuwò, gake zi geɖe le agbemenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ me la, mewua enu le dzidzɔ me o. Ke womete ŋu kpɔa ta na nuvlowɔnya aɖewo o. Alo le amewunyawo me la, amewo bua srɔ̃ŋutsu, fofo, alo viŋutsuvi, wobua srɔ̃nyɔnu, dada, alo vinyɔnuvi. Ðe ŋutasẽnuwɔna le dzidzim ɖe edzi le afisi nèlea? Ðe nàdi be yeanɔ tomefafa teƒe aɖe, afisi wò ƒomea anɔ dedie lea? Alo ne ele kokoko be nànyi viwòwo le afisi nuvlowɔwɔ bɔ ɖo la, nukae nàte ŋu awɔ anɔ agbe?

Ele eme be dugã aɖewo gali siwo me nuvlowɔwɔ mebɔ ɖo o. Le dukɔ geɖewo me la, amewo gale agbe le tomefafa me alo le kɔƒewo me le dziɖeɖi me. Gake nuwo le tɔtrɔm kabakaba le teƒe siwo nuvlowɔwɔ menɔ tsã o gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 50 siwo va yi me le Brazil la, dukɔa me vi 70 le alafa me nɔ du suewo me. Gake fifia 70 le alafa me le dugãwo me. Nuvlowɔwɔ kple ŋutasẽnuwɔwɔ na dugãmekuxiwo dzi ɖe edzi tsɔ kpe ɖe dɔwɔwɔ ƒe mɔnukpɔkpɔwo ŋu. Èɖale afisi ŋɔdzi le o, àyi dɔ me alo suku ahawɔ nu bubuwo le gbɔ me godoo.

Esi kpovitɔwo ƒe amegã aɖe si le Rio de Janeiro nɔ nu ƒom tso “ŋɔdziléame” si xɔ aƒe ɖi ŋu la, egblɔ be madzɔmadzɔnyenye kple nuvlowɔlawo ƒe habɔbɔ gbɔe wòtso. Egagblɔ be nyadzɔdzɔgbalẽwo kple television hã doa ŋɔdzi na amewo, esime “wotsɔa nyadzɔdzɔ wɔnublanui gbãa dzi na amewoe.” Atike vɔ̃ɖi zazã, ƒomewo ƒe gbagbã, kple alakpasubɔsubɔhawo ƒe nufiafia hã na be sedzimawɔmawɔ le dzidzim ɖe edzi. Eye nukae etsɔme ahe vɛ? Ðe ŋutasẽnuwɔna siwo woɖena fiana edziedzi le agbalẽ kple sinimawo me abe modzakaɖenuwo ko ene ye ana be amewo magase veve ɖe ame bubuwo nu oa? Ðe afisiwo wogblɔ be ŋutasẽnuwɔna mele o hã ava zu ŋɔdzi teƒewoa?

Esi wònye be nuvlowɔwɔ medzɔa dzi na amesi dzi wòdzɔ ɖo o ta la, míedina vevie be míanɔ dedie. Mewɔ nuku o be dukɔmeviwo biana be kpovitɔ geɖe wu nanɔ ablɔwo dzi eye gameyiyi ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo nasesẽ alo woatso kufia gɔ̃ hã! Togbɔ be afɔku le eme hã la, amewo ƒlea tuwo hena wo ɖokui ta ʋiʋli. Ame bubuwo ya di be dziɖulawo naxe mɔ ɖe tuwo dzadzra nu. Gake togbɔ be míesea nya vɔ̃wo be nuvlowɔwɔ le fievo dom hã la, mele be míabu mɔkpɔkpɔ o. Le nyateƒe me la, womeda adzo ame aɖewo siwo le dugã siwo nye Johannesburg, Mexico City, New York, Rio de Janeiro, kple São Paulo me kpɔ o. Na míadzro alesi amewo kpɔ dzidzedze le nuto si me ŋɔdzi le la me.

Nukpɔsusu Nyui ƒe Amesinɔnɔ

Nuŋlɔla aɖe gblɔ le afisi nuvlowɔwɔ bɔ ɖo ŋu be “togbɔ be nɔnɔme vloewo li hã la, Braziltɔ akpe geɖe tsɔ aɖaŋudzedze kple veviedodo le agbe le bubu kple agbenyuinɔnɔ me.” Esi Jorge nɔ Rio de Janeiro ƒe 38 megbe la, egblɔ be: “Nyemegazɔa mɔ aɖewo kple teƒe aɖewo o eye nyemeléa ŋku ɖe nusiwo le edzi yim le mɔa dzi ŋuti o. Nyemeganɔa ablɔdzi le zã me o eye nyemeɖenɛ fiana be mele vɔvɔ̃m akpa o. Togbɔ be menɔa ŋudzɔ hã la, mekpɔa amewo abe ɖe wonye nunyuiwɔlawo ene, medea asixɔxɔ kple bubu wo ŋu.”

Megadi nya na ɖokuiwò kura o. Kpɔ tɔwò dzi. Mègabui fefenya gbeɖe be vɔvɔ̃ akpa ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame ƒe seselelãme dzi si ana be nunyuiwɔla gɔ̃ hã nawɔ nu numasɔmasɔ o. Odair gblɔ le eƒe dɔwɔƒe si le teƒe si ŋɔdzi le ŋuti be: “Medzea agbagba be nukpɔsusu nyuitɔ nanɔ asinye, nyemetsɔa vɔvɔ̃ na nu gbegblẽ siwo ate ŋu adzɔ yɔa nye susu me o elabena esia wɔwɔ hea dzodzodzoetsitsi kple vɔvɔ̃ vɛ. Medzea agbagba dea bubu amesiame ŋu.” Hekpe ɖe ŋudzɔnɔnɔ kple adzɔgenɔnɔ na amesi dze abe nugbegblẽwɔla ene ŋu la, egagblɔ kpekpeɖeŋu bubu si dzi woato aɖu ame ƒe seselelãmewo dzi: “Ƒo ye katã ta la, meɖoa ŋu ɖe Yehowa Mawu ŋu, meɖoa ŋkui be naneke meli si eƒe ŋku mekpɔna o, eye eƒe mɔɖeɖe me nusianu dzɔna le.”

Gake ame aɖeke medina be yeanɔ vɔvɔ̃m ɖaa o. Azɔ hã amekae malɔ̃ ɖe edzi be blanuiléle gblẽa nu le ame ƒe ŋutilã kple seselelãme ŋu o? Eyata mɔkpɔkpɔ kae li na amesiwo vɔ̃na be woate ŋu adze yewo dzi le ɣeyiɣi ɖesiaɖe me? Esi ame geɖe le vɔvɔ̃m be nuvlowɔwɔ agado gã ɖe edzi le ɣeyiɣi siwo le ŋgɔ me ta la, ɖe míakpɔe ŋutasẽnuwɔwɔ nu nayi gbaɖegbea? Míekpe wò be nàxlẽ nyati si kplɔ esia ɖo si gblɔ be, “Ɣekaɣie Vɔvɔ̃ Nu Ayi?”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe