Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Paulo gblɔ tso Yesu ŋu le Filipitɔwo 2:9 me be: “Mawu do eyama ɖe dzi kakaka, eye wòtsɔ ŋkɔ, si ƒo ŋkɔ bubu ɖesiaɖe ta la kee, [NW].” Ŋkɔ yeye kae nye esia? Eye ne Yesu le Yehowa te la, aleke Yesu ƒe ŋkɔa ƒo ŋkɔ sia ŋkɔ tae?
Filipitɔwo 2:8, 9 xlẽ be: “Ebɔbɔ eɖokui ɖe anyi, eye wòɖo to yiɖase ku me, yiɖase fuwɔameti ŋuti ku la me ke. Esia ke ŋuti hã Mawu do eyama ɖe dzi kakaka, eye wòtsɔ ŋkɔ, si ƒo ŋkɔ bubu ɖesiaɖe ta la kee.”—NW.
Kpukpui sia mefia be esi Yehowa ƒe ŋkɔ koe ƒo ŋkɔ sia ŋkɔ ta la, Yesu kee ganye Yehowa o. Abe alesi Filipitɔwo ta 2 me nyawo ɖee fia ene la, Yesu xɔ ŋkɔ si ƒo ɖesiaɖe ta le eƒe tsitretsitsi megbe. Ŋkɔ sia menɔ esi tsã o. Gake Yehowa nye gãtɔ ɣesiaɣi eye eƒe ɖoƒe metrɔ kpɔ o. Nyateƒe si wònye be Yesu xɔ ŋkɔ si kɔkɔ wu ŋkɔ si nɔ esi do ŋgɔ na eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔ la ɖo kpe edzi be mesɔ ta kple Yehowa o. Esi Paulo gblɔ be wotsɔ ŋkɔ si ƒo ŋkɔ bubu ɖesiaɖe ta na Yesu la, efia be fifia Yesu xɔ ŋkɔ gãtɔ kekeake si ƒo Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã tɔ ta.
Ŋkɔ gã kae le Yesu si? Yesaya 9:5 kpe ɖe mía ŋu be míaɖo nya sia ŋu. Kpukpui sia gblɔ le Mesia si nye Yesu ƒe vava ŋuti nyagblɔɖia me be: “Dziɖuɖu le abɔta nɛ, eye wotsɔ ŋkɔ nɛ be: Nukunu, aɖaŋudela, Mawu kalẽtɔ, fofo mavɔ, ŋutifafafia.” (Míawoe te gbe ɖe edzi.) “Ŋkɔ” si wozã na Yesu le afisia ku ɖe ɖoƒe kɔkɔ kple ŋusẽ si le esi ŋuti esi nye alesi míese “ŋkɔ, si ƒo ŋkɔ bubuwo katã ta” si ŋu woƒo nu tsoe le Filipitɔwo 2:9 la gɔme. Ele be klo ɖesiaɖe nabɔbɔ ɖe Yesu te le eƒe ɖoƒe kɔkɔ kple ŋusẽ si Yehowa nɛ la ta—ɖoƒe si ƒe ŋusẽ kɔkɔ wu si wona nuwɔwɔ bubu ɖesiaɖe. Nya “bubu” le gɔmeɖeɖe sia me medze tẽe le Helagbe me kpukpui si me woɖee tsoe me o, gake edze le gɔmesese si le kpukpuia ŋu me. Yesu ƒe “ŋkɔ” meƒo ye ŋutɔ ɖokui tɔ ta o, ke boŋ eƒo nuwɔwɔ bubu ɖesiaɖe ƒe ŋkɔ ta.
Dzidzɔ kae nye si wònye be míawɔ ɖeka kple mawudɔla wɔnuteƒewo katã kple amegbetɔwo abɔbɔ ɖe Yesu te le eƒe ŋkɔ ta! Míewɔa esia le mía ɖokui bɔbɔ na Yesu le ŋusẽ ƒe ɖoƒe kɔkɔ si Yehowa nɛ la ta—“hena Mawu Fofoa ƒe kafukafu.”—Filipitɔwo 2:11; Mateo 28:18.