INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 3/1 axa 29-31
  • Fiaɖuƒe Ŋuti Nya Mamã si Kpɔ Dzidzedze

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Fiaɖuƒe Ŋuti Nya Mamã si Kpɔ Dzidzedze
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Alɔdodo Dɔa Dzonɔamemetɔe
  • Alesi Amewo Wɔ Nu ɖe Eŋu Enumake
  • Ame Bubuwo Kpe Asi Ðe Emamã Ŋu
  • Womegblẽ Ame Aɖeke Ði O
  • Míama Trakt Tɔxɛ Aɖe Tso October 20 Va Se Ðe November 16!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Mimã Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 35 lia Wòade Afisiafi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • ‘Dɔ Geɖe Li le Aƒetɔ la ƒe Dɔwɔwɔ Me’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Míekpɔ Dɔwɔnu Yeye aɖe na Nusɔsrɔ̃ Gɔmedzedze!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 3/1 axa 29-31

Fiaɖuƒe Ŋuti Nya Mamã si Kpɔ Dzidzedze

“NUKATA Fukpekpe le Agbe Me Alea Gbegbe Ðo?—Ðe Paradiso si me Xaxa Manɔ O Ate Ŋu Avaa?” Esiae nye Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 34 lia ƒe tanya, enye axa ene ƒe trakt si womã le xexeame katã le gbegbɔgblɔ 139 me le ƒe si va yi ƒe April kple May me. Ðasefo siwo le Jamaica ƒo nu tso subɔsubɔdɔ sia ŋu be enye “Nu vevi siwo dzɔ le ƒea me dometɔ ɖeka.” Ðasefo siwo le Belgium yɔe be enye “nusi do dzidzɔ gã aɖe na nɔviawo.” Le Czech Dukɔa me la, esiae nye zi gbãtɔ si mɔnukpɔkpɔ su Yehowa Ðasefowo si be woakpɔ gome le Fiaɖuƒe Ŋuti Nya mamã me. Alɔdzedɔwɔƒea ka nya ta be: “Emamã de dzonɔameme ƒe gbɔgbɔ nɔviawo me eye wòdo ŋusẽ wo.” Wogblɔ nya mawo tɔgbe le dukɔ bubu geɖe me.

Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 34 lia lé gbedasi vevi aɖe ɖe asi na amesiwo le hũ ɖem eye wole nu xam ɖe ŋunyɔnu siwo wɔm wole le subɔsubɔhawo ƒe ŋkɔ me la ta. (Xezekiel 9:4) Akɔfanyawo le eme na amesiwo dzi nu te ɖo le agbe me le ‘ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ’ si dzi womekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖo o me. (Timoteo II, 3:1) Trakt la he susu yi Biblia dzi eye wòɖee fia be woakpɔ agbemekuxiwo gbɔ kpuie. Paradiso si me xaxa manɔ o nye nu ŋutɔŋutɔ. (Luka 23:43) Ame geɖe siwo xlẽ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la xɔ gbedasi si le eme dzi se. Ŋutsu aɖe si le Togo gblɔ na Ðasefo aɖe be: “Ðikeke aɖeke mele nya si miegblɔ ŋu o.”

Enye nyateƒe be Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la mamã nyɔ amewo ƒe ɖetsɔleme si tɔgbe mebɔ o. Le Denmark la, aƒemenɔla aɖe gblɔ na Ðasefo si tsɔ trakt la nɔ enam be: “Fifi laa megbɔ tso United States. Hafi madzo le afima teti la, ame aɖe tsɔ miaƒe trakt la nam. Ðeko meɖo afisia teti enye sia, eye enumake mietsɔ trakt la ƒe ɖe vɛ le Denmarkgbe me!”

Alɔdodo Dɔa Dzonɔamemetɔe

Yehowa Ðasefo siwo le xexeame katã ƒo wo ɖokui ɖe trakt la mamã me dzonɔamemetɔe. Dukɔ siwo kpɔ gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake le ɣleti siwo me womã Fiaɖuƒe Ŋuti Nya le la dometɔ ʋee aɖewoe nye Austria, El Salvador, Haiti, Hungary, Italia, kple New Caledonia.

Nutome sue dzikpɔla aɖe si le Zambia na hehe vianyɔnuvi, Deborah, si xɔ ƒe etɔ̃, be wòana agbalẽ tso aƒeme yi aƒeme. Esime wonɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 34 lia mãm la, Deborah na trakt la wu ɖekaɖeka 45. Dadaa dze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kple amesiwo xɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya tso Deborah gbɔ la dometɔ aɖewo.

Le South Africa la, ƒewuivi aɖe tsɔ trakt la na eƒe sukuhati aɖe si ŋkɔe nye Cashia. Cashia xlẽ trakt la eye wògblɔ be: “Nya sia wɔ nuku akpa—be woanɔ agbe tegbee le paradiso me le anyigba dzi! Nukatae womegblɔ nya sia nam do ŋgɔ o?” Wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme. Cashia gaxɔ trakt bubu le kwasiɖa ɖeka megbe. Evelia sia tso exɔlɔ̃ Roma Katolikotɔ aɖe si le Cyprus si ŋlɔa agbalẽ nɛ gbɔ. Cashia xɔlɔ̃ sia ŋlɔa agbalẽ nɛ ɖe nusita Roma Katolikoha ƒe nufiafia nye alakpa eye wògblɔ nɛ be yedi be yeadze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Yehowa Ðasefowo. Le nyateƒe me esia do ŋusẽ Cashia vevie be wòayi eƒe nusɔsrɔ̃ si ƒe tame wòɖo kplikpaa la dzi.

Ŋutsuvi ƒe-ewo-vi aɖe si le Switzerland wɔ dɔ kple dadaa le trakt la mamã me. Etsɔ ɖeka na ɖetugbi aɖe eye wòde dzi ƒo nɛ be wòaxlẽe nyuie. Ðetugbia bia ŋutsuvia be exɔ nusi fiam nɔnɔmetata si le eƒe akpa dzi le la dzi se vavã—si nye agbenɔnɔ yi ɖe mavɔ me le anyigba dzi hã. Aleke ŋutsuvia ɖo eŋui? “Ẽ, mexɔ edzi se vevie.” Nyɔnua ɖee gblɔ azɔ be yenɔ xɔse vavãtɔ dim elabena nufiafia geɖe tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu le yeƒe subɔsubɔha me. Wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme esi wògatrɔ yi.

Alesi Amewo Wɔ Nu ɖe Eŋu Enumake

Ɣeaɖewoɣi Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la wɔ dɔ ɖe amesiwo xlẽe dzi enumake. Esi nyɔnuvi ƒe-11-vi aɖe si le Belgium xlẽ trakt la vɔ la, eʋu eme na Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka be yenɔa nu fim le fiase me. Nyɔnuvia dada medi be yeakɔ nu le nya la dzi o, gake nusi ɖetugbia xlẽ la wɔ dɔ ɖe eƒe dzitsinya dzi eye wòɖoe kplikpaa be yeayi fiaseawo me ava kpɔ fiasetɔ la. Dadaa lɔ̃ ɖe edzi mlɔeba be wòatrɔ yi fiaseawo me kple Ðasefoa. Eƒe nyameʋuʋua wɔ nuku na fiasetɔa. Esi wòsee be Fiaɖuƒe Ŋuti Nya lae wɔ dɔ ɖe edzi be wòwɔ nu alea la, eya hã xɔ ɖeka be yeakpɔ nya si le eme si nu sẽ nenema gbegbe. Nyɔnuvia le ŋgɔ yim fifia le Biblia-nusɔsrɔ̃ me.

Ðasefo aɖe si le Cameroon gblẽ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la ƒe ɖeka ɖe ŋutsu aɖe gbɔ eye wòka nya ta be: “Esi míetrɔ yi la, míekpɔe be ete fli ɖe emenya aɖewo te eye nyabiabia geɖe nɔ esi. Esi wòxɔ nyaŋuɖoɖo siwo dze eme nɛ vɔ la, egblɔ be: ‘Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be subɔsubɔhawo ƒe asi le ameƒomea ƒe dzidzɔmakpɔmakpɔ me. Miaƒe trakt la kpe ɖe ŋunye mese nu geɖe gɔme, gake medi be maganya nu geɖe wu.’” Fifia wowɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ kplii edziedzi.

Ðasefo aɖe si le tsã ɖim tso aƒeme yi aƒeme le Uruguay tsɔ trakt la na ŋutsu aɖe. Ðasefoa yi eƒe aƒeme yi aƒeme gbeƒãɖeɖedɔa dzi eye wònɔ dɔ wɔm le sã ma me vaseɖe esime wògatrɔ va ɖo ŋutsu ma ƒe aƒea godo. Ewɔ nuku nɛ esi wòkpɔ be ŋutsua lé trakt la ɖe asi nɔ edzɔm. Exlẽ emenyawo vɔ xoxo eye wògale nya bubuwo dim. Wodze nusɔsrɔ̃ gɔme enumake.

Ame Bubuwo Kpe Asi Ðe Emamã Ŋu

Le Japan la, sɔhɛ Ðasefo aɖe te ɖe ŋutsu aɖe si le eƒe ƒe 50-awo me ŋu eye wòtsɔ trakt la nɛ. Ŋutsua bia be: “Nukae nàwɔ kple agbalẽvi ma ne èdo go amesiwo nye ŋkunɔwo?” Ðasefoa ʋu eme be yemenya o. Ŋutsua gblɔ nɛ be nelala vie eye wòge ɖe eƒe aƒea me. Etrɔ gbɔ helé Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la ƒe ɖeka ɖe asi eye wògblɔ be: “Agbalẽvi ma ɖeka ɖo gbɔnye xoxo. Mekpɔe be nya siwo le eme vivi eye wole vevie, eyata meŋlɔe ɖe Ŋkunɔwo ƒe Agbalẽ me. Taflatse tsɔ esia na amesiwo nye ŋkunɔwo ne woaxlẽ.” Ŋutsua zã gaƒoƒo geɖe tsɔ ŋlɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la ɖe Ŋkunɔwo ƒe Agbalẽ me ale be emenyawo mato amesiwo nye ŋkunɔwo ŋu o.

Trakt la do dzidzɔ na ŋutsu aɖe le Slovakia ale gbegbe be ewɔ eƒe fotokɔpi ɖekaɖeka 20 eye eya ŋutɔ mã esiawo. Gbeƒãɖela aɖe si le Switzerland tsɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya ɖeka na ƒome aɖe eye wòlia yi dziƒoxɔ si te ƒomea le la dzi eye wòyi eƒe dɔa dzi. Esi wòɖi va anyi la, ŋutsuvi aɖe si tso ƒome ma me do goe eye wòbia be wòana trakt 19 ye. Le ŋutsuvia ƒe suku la, wode dɔ asi na sukuviawo be woaŋlɔ nu tso kuxiwo kple wo gbɔ kpɔnuwo didi ŋu. Edi be Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la ƒe ɖe nasu yeƒe sukuhatiwo dometɔ ɖesiaɖe si.

Womegblẽ Ame Aɖeke Ði O

Amesiwo kpɔ gome le emamã me dze agbagba vevie be yewomegblẽ ame aɖeke ɖi o. Le New Caledonia la, Ðasefo eve nɔ mɔ zɔm yi to aɖe me tɔ siwo le teƒe tsoabo aɖe la gbɔ be yewoamã Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la na wo. Esi wonɔ mɔa dzi la, wokpɔ afɔmɔ aɖe si dze abe ame megatoa edzi o ene, gake woɖoe be yewoakpɔe ɖa be ame aɖe ƒe kɔƒe me mɔe hã. Wogblẽ woƒe ʋua ɖi eye wozɔ to afɔmɔa dzi, wotso tsiwo vaseɖe esime woke ɖe xɔ aɖe ŋu mlɔeba. Srɔ̃tɔ aɖewo siwo mese Yehowa Ðasefowo ŋkɔ kpɔ o lae le afima, eye woxɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la. Emegbe gbeƒãɖelawo wɔ tɔtrɔyi eye ewɔ nuku na wo ŋutɔ esi wokpɔe be srɔ̃tɔawo dzra mɔa ɖo eye wowɔ tɔdzisasrã sue geɖe ale be Ðasefoawo nate ŋu aku woƒe ʋua ava aƒea mee. Wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme kpli wo edziedzi.

Le Poland la, ele be Ðasefo aɖe nazɔ to xɔtuƒe aɖe ale be wòate ŋu atsɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la aɖo aƒemenɔla aɖe gbɔ. Dɔwɔlawo nɔ ekpɔm esi wòzɔ to xɔtuƒea va yi. Mlɔeba dɔwɔlawo dometɔ ɖeka yɔe eye wògblɔ nɛ be megaŋlɔ yewo be o. Esi wòte ɖe wo ŋu la, wodzudzɔ dɔa eye wolé to ɖe nya si wògblɔ hafi tsɔ trakt la na wo ŋu nyuie. Woxɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la kple magazinewo, eye emegbe esi wòtrɔ yi la, wogaxɔ agbalẽwo.

Womã Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 34 lia miliɔn alafa geɖe le gbegbɔgblɔ geɖe me. Gbedasi si le eme wɔ dɔ ɖe amewo dzi vevie xoxo. Ame geɖe srɔ̃e be paradiso si me xaxa manɔ o ava ŋutɔŋutɔ. Míaƒe gbedodoɖa enye be dzianukwaretɔwo nayi edzi asrɔ̃ nu eye mlɔeba woanɔ amesiwo nye ‘ɖokuibɔbɔla’ siwo “anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti” la dome.—Psalmo 37:11.

[Aɖaka si le axa 31]

Miyi Magazinewo Mamã Dzi!

Míekpɔ dzidzedze nyuie ŋutɔ le Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 34 lia mamã me le ƒe 1995 ƒe April kple May me. Le ɣleti eve mawo me la, míaƒe magazine siwo nye Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! hã mamã ɖe dzesi. Le kpɔɖeŋu me, nɔviŋutsu aɖe si le Czech Dukɔa me ka nya ta be yena Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la ɖekaɖeka 250 kple magazine 750 le April me. Wotia Memleɖa, April 15 lia, be wòanye magazineŋkeke tɔxɛ le Guadeloupe. Gbeƒãɖela ɖesiaɖe kloe si le dukɔ ma me kpɔ gome le subɔsubɔdɔa me gbemagbe! Slovakia kpɔ magazine mamã ƒe agbɔsɔsɔ yeye si ƒo ɖesiaɖe ta le April me. Míexɔ nyatakaka siawo tɔgbe tso dukɔ bubu geɖe hã me.

Eyata nukata màna ƒe 1996 ƒe April kple May nanye ɣleti tɔxɛ siwo me namã magazinewo le o? Hamewo ate ŋu aɖo magazineŋkeke tɔxɛwo ɖi. Ame ɖekaɖekawo ate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. To mɔ siawo kple mɔ bubuwo dzi la, míate ŋu ade magazine mamã ƒe dzi ƒo, eye míayi edzi akaka gbedasi vevi si ƒe gbeƒã Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 34 lia ɖe la. Ekema, abe alesi wòdzɔ le ƒe si va yi me ene la, Yehowa ayra ɖe dzonɔamemegbɔgbɔ si míeɖena fiana la dzi godoo.—Timoteo II, 4:22.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe