Míekpɔ Dɔwɔnu Yeye aɖe na Nusɔsrɔ̃ Gɔmedzedze!
1 Amerika-nyɔnua nye amesi doa vevie nu le eƒe Roma Katoliko subɔsubɔha me ale gbegbe. Eʋlia sɔlemeha la ƒe nufiafiawo ta nuteƒewɔwɔtɔe. Eɖi tsa de Vatikan la kura gɔ̃ hã. Gake esi Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka yi eƒe ʋɔtru nu la, elɔ̃ ɖe aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ si wodo ɖe egbɔ dzi. Nukatae? Elabena edi be yeasrɔ̃ nusi Biblia gblɔ gake eƒe sɔlemeha la mewɔa aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kple amewo o. Nukae nuteƒekpɔkpɔ sia le mía fiam? Efia be míate ŋu anya amesi ava lɔ̃ ɖe Biblia-nusɔsrɔ̃ si míewɔna femaxee dzi o.—Nyagb. 11:6.
2 Ðe nèhe ɖe megbe le egbɔgblɔ na amewo be míele klalo be míasrɔ̃ Biblia kple amesiame si lɔ̃ faa kpɔa? Ðe amesiame si le wò nutoa me nya be míenaa kpekpeɖeŋu sia femaxeea? Aleke míawɔ anya be wodze si esia? To dɔwɔnu yeye aɖe zazã mee! Eyae nye trakt dodzidzɔname aɖe si si axa ade le si ƒe tanya enye Àdi be Yeanya Nu Geɖe tso Biblia Ŋua? Mina míato trakt sia ƒe tanya sueawo me ɖekaɖeka akpɔ alesi wòle ɖa.
3 “Nukatae Wòle Be Nàxlẽ Biblia?” Susu vovovo siwo trakt la na la ʋãa ame ŋutɔ. Eɖe eme be “Mawu ƒe nya vavã” ye le Biblia la me, eye efia alesi míate ɖe eŋu le gbedodoɖa me axɔ kpekpeɖeŋu kple nusi míawɔ bene míaxɔ eƒe agbe mavɔ nunana lae. (Tes. I, 2:13) Trakt la ƒo nu tso Biblia me “nyateƒe siwo naa sidzedze” dometɔ geɖe ŋu, siwo ƒe ɖewoe nye nusi dzɔna le ku me kple nusitae xaxa geɖe le anyigba dzi ɖo. Eɖɔ “mawumegɔmeɖose siwo le Biblia me” siwo dzi wɔwɔ hea ŋutilãme viɖewo vɛ eye wònaa dzidzɔ, mɔkpɔkpɔ, kple nɔnɔme nyui bubuwo nɔa mía me. Trakt la gafia asi susu bubu aɖe hã si ta wòle be míaxlẽ Biblia ɖo—eyae nye nyagblɔɖi siwo ku ɖe etsɔme ŋu siwo fiaa nusiwo le mía ŋgɔ kpuie.—Nyaɖ. 21:3, 4.
4 “Kpekpeɖeŋu le Biblia Gɔmesese Me”: Trakt la gblɔ be: “Mí katã míehiã kpekpeɖeŋu bene míase Mawu ƒe Nyaa gɔme.” Eyome eɖɔ ɖoɖo si le mía si na Biblia sɔsrɔ̃: “Zi geɖe la, enyona wu be woasrɔ̃ Biblia ɖe ɖoɖo nu, si fia be woadze egɔme tso gɔmedzenufiafiawo dzi.” Esi trakt la na eme kɔ nyuie be “Biblia lae nye nusi dzi wòle be woatu nyametsotso wɔwɔ ɖo” vɔ la, eyɔ Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la koŋ be enye nusi akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu “wòase alesi wozã Ŋɔŋlɔawo tsɔ ɖe nyati vovovowo mee la gɔme.” Tanya sue si kplɔe ɖo la fɔ biabia si ʋãa ame ɖe te.
5 “Àdi be Yeazã Ɣeyiɣi aɖe Kwasiɖa sia Kwasiɖa Atsɔ Ase Biblia Gɔmea?” Trakt la ɖe eme be woate ŋu awɔ Biblia-nusɔsrɔ̃a ƒe ɖoɖo le ɣeyiɣi kple teƒe si asɔ na nusrɔ̃via, le eya ŋutɔ ƒe aƒeme loo alo to telefon dzi kura gɔ̃ hã. Amekawoe ate ŋu akpɔ gome le numedzodzroa me? Trakt la ɖo eŋu be: “Wò ƒome bliboa. Xɔlɔ̃ siwo nàkpe hã ate ŋu akpɔ gome le eme. Alo ne èdi la, woate ŋu adzro nua me kpli wò ɖeka ko.” Ɣeyiɣi didi kae nusɔsrɔ̃a axɔ? Eɖe eme be: “Ame geɖe ɖoa gaƒoƒo ɖeka ɖi kwasiɖa sia kwasiɖa tsɔ srɔ̃a Biblia. Ne ɣeyiɣi geɖe le asiwò alo ɣeyiɣi ʋɛ aɖe koe nàte ŋu akpɔ kwasiɖa sia kwasiɖa hã la, Ðasefoawo atsɔ wo ɖokui ana akpe ɖe ŋuwò.” Emae nye nu vevitɔ! Míele klalo be míatrɔ ɖe nusrɔ̃vi ɖesiaɖe ƒe nɔnɔmewo ŋu.
6 “Amekpekpe Hena Nusɔsrɔ̃”: Wota nudɔdɔwɔƒe aɖe na amesi xɔ trakt la be wòate ŋu adɔ Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la alo abia be woava srã ye kpɔ be woaɖe míaƒe aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ femaxee ƒe ɖoɖoa me na ye. Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa ƒe akpaa dze le amadede me. Ðe mèkpɔ nusita trakt sia ate ŋu ade dzi ƒo na dzianukwaretɔ geɖe be woalɔ̃ axɔ míaƒe kpekpeɖeŋu oa? Azɔ aleke míate ŋu awɔ dɔwɔnu yeye sia ŋudɔ le mɔ nyuitɔ nu?
7 Amekawoe Nàte Ŋu Atsɔ Trakt la Ana? Àte ŋu atsɔ trakt la ade amewo si tẽ alo agblẽe ɖe aƒeme na amesiwo mètu o. Àte ŋu amae tso aƒeme yi aƒeme, le ablɔdzi, kple le dɔwɔƒewo. Tsɔe na amewo woɖaxɔ míaƒe agbalẽwo alo womexɔe o. Tsɔe de magazinewo alo agbalẽ bubu siwo nam nèle la me. Tsɔe de agbalẽ kotokua me ne èle lɛtawo ŋlɔm. Gblɔ na amesiwo nèƒoa ka na be yedi be yeaɖo ɖe ɖe wo. Eƒe ɖe nenɔ asiwò nàma ne èyi nuƒleƒe, ne èva ɖo ʋu, kple ne èle vomeɖase ɖim. Tsɔe na amesiame si va gbɔwò. Tsɔe na wò ƒometɔwo, aƒelikawo, dɔwɔhatiwo, sukuhatiwo, kple ame nyanyɛ bubuwo. Dze agbagba ɖesiaɖe be yeatsɔ trakt sia ana amesiame si nàdo goe! Ekema nukae akplɔe ɖo?
8 Ne Elɔ̃ Enumake: Ame aɖewo alɔ̃ enumake agblɔ be yewodi be woawɔ Biblia nusɔsrɔ̃ kple yewo. Eyata, ɣesiaɣi si nèle gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔm la, kpɔ egbɔ be Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza eve le ye si—ɖeka nye nusrɔ̃via tɔ eye ɖeka nye wò ŋutɔ tɔwò. Ne amea lɔ̃ la, ekema dze nusɔsrɔ̃a gɔme kplii enumake. Ʋu eƒe axa gbãtɔ eye nàxlẽ “Alesi Nàzã Agbalẽ Gbadza Siae” me nyawo. Ekema yi nusɔsrɔ̃ gbãtɔ me tẽ, eye nàwɔ alesi míesrɔ̃nɛ la fiae. Ðe esia mele bɔbɔe ŋutɔ oa?
9 Ne Wò Nyaselaa Hiã Ɣeyiɣi si Wòatsɔ Abu Eŋu: Hafi wòatsi megbe akpa la, dze agbagba nàgayi egbɔ ake. Ne ètrɔ yi la, ɖo ŋku edzi nàtsɔ Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la ɖe asi bene nàtsɔ emenya siwo le axa gbãtɔ afiae. Na wòaxlẽ emenyawo eye wòatia nusɔsrɔ̃ si do dzidzɔ nɛ wu. Ʋu axa ma, eye nàdze nusɔsrɔ̃ si wòtia la me dzodzro gɔme kplii.
10 Tɔtrɔ Yi Afisiwo Woxɔ Magazine Le: Ne ètsɔ trakt sia kpe ɖe magazine aɖewo ŋu la, ke àte ŋu azã aɖaŋuɖoɖo sia ne ètrɔ yi: “Esi meva nyitsɔ la, edzɔ dzi nam be megblẽ Gbetakpɔxɔ magazinea ƒe ɖe ɖe gbɔwò. Ðewohĩ nède dzesii be magazinea ƒe tanya bliboa enye Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa ƒe Fiaɖuƒe. Egbea madi be maɖe nusi Fiaɖuƒe sia nye kple nusi wòafia na wò kple wò ƒomea me na wò.” Emegbe ʋu Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa ƒe nusɔsrɔ̃ 6 lia. Dze exexlẽ kple emedzodzro gɔme tso memama gbãtɔ dzi, eye nàyi edzi alesi aƒemenɔlaa ƒe ɣeyiɣi aɖe mɔe. Emegbe nàwɔ ɖoɖo na tɔtrɔyi le ŋkeke bubu dzi be nàva wu nusɔsrɔ̃a nu.
11 Trakt Siawo Megavɔ le Asiwò O: Subɔsubɔdɔdzikpɔla kple agbalẽdzikpɔlawo adi be Nya Nu tso Biblia Ŋu ƒe trakt sia ƒe agbɔsɔsɔme aɖe nanɔ anyi ɣeawokatãɣi le hamea me. Eƒe ɖe nanɔ wò kotoku alo akplo suewo me, ʋuwò me, dɔwɔƒe, suku, kple aƒewò me—afisiafi si anye asitsɔƒe ko. Ahiã godoo be nàtsɔ ɖe ade wò gbeadzidekplo me hena ɣeyiɣi si nàdo go ame aɖe si mia kplii miate ŋu aɖo dze atso Biblia me.
12 Yehowa Neyra Ðe Míaƒe Agbagbadzedzewo Dzi: Enye Kristotɔwo katã ƒe taɖodzinu be yewoafia nyateƒea ame bubuwo hã. (Mat. 28:19, 20) Ðe nèle aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ aɖe wɔm fifia? Ne èle ewɔm la, ɖe nàgate ŋu akpɔ ɣeyiɣi le wò kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe ɖoɖowɔɖia me atsɔ awɔ bubu akpeea? Ne mèle nusɔsrɔ̃ wɔm kple ame aɖeke haɖe o la, ɖikeke mele eme o be àdi be yeawɔe. Do gbe ɖa ne Yehowa nayra wò agbagbadzedze be nàkpɔ ame aɖe si nàte ŋu asrɔ̃ nu kplii. Eye nàwɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple wò gbedodoɖawo.—Yoh. I, 5:14, 15.
13 Míekpɔ dɔwɔnu yeye aɖe na nusɔsrɔ̃ gɔmedzedze! Srɔ̃ ezazã nyuie. Mae na amewo faa. Wɔ ɖesiaɖe si nàte ŋui “be nàwɔ nu nyui, nànye kesinɔtɔ le nu nyui wɔwɔ me, nànɔ klalo be yeana” nusiwo nèsrɔ̃ le Mawu ƒe Nya la me naɖo amewo gbɔ.—Tim. I, 6:18.
[Aɖaka si le axa 4]
MƆNUKPƆKPƆ SIWO LI NA TRAKT LA MAMA
◼ Gbesiagbe dzeɖoɖowo me
◼ Ne ame aɖe xɔ míaƒe agbalẽwo
◼ Ne ame aɖeke mele aƒea me o
◼ Ne míewɔ tɔtrɔyiwo
◼ Ne míedo go amewo le ablɔdzi ɖaseɖiɖidɔa me
◼ Ne míele ɖase ɖim le dɔwɔƒewo
◼ Ne míele vomeɖase ɖim
◼ Ne míele lɛtawo ŋlɔm
◼ Ne míeɖo ʋu kple ame bubuwo
◼ Ne ame aɖe va míaƒe aƒeme
◼ Ne míele dze ɖom kple ƒometɔwo, aƒelikawo, dɔwɔhatiwo, sukuhatiwo, kple ame nyanyɛ bubuwo