INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 7/1 axa 28-31
  • Amekae Dze Woayɔ be Rabi?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Amekae Dze Woayɔ be Rabi?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Rabi Ye Mose Nyea?
  • Aƒetɔ La Sɔsrɔ̃
  • Akpa si Rabiwo Wɔ le Ŋutinya Me
  • “Migana Woayɔ Mi be Rabi O”
  • Midze Kpɔɖeŋuɖola La Yome
  • Yuda-subɔsubɔ—Mawu Didi le Ŋɔŋlɔ Kple Xotutu Me
    Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
  • Se Siwo Wogblɔ Kple Nu Ko Nukata Wova Ŋlɔ Wo Ði?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Nu Kae Nye Torah?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Nukae Nye Talmud La?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 7/1 axa 28-31

Amekae Dze Woayɔ be Rabi?

MƆKPƆKPƆ bu ɖe modzakaɖetsaɖila aɖe kura le alesi wòawɔ aɖo yameʋudzeƒea ɖe game dzi ŋu. Kpovitɔ alafa geɖe nɔ agbagba dzem be yewoafia mɔ ʋuwo esime konyifala siwo wu ame 300,000 la yɔ Yerusalem ƒe mɔdodowo dzi keŋ. The Jerusalem Post yɔe be enye “kunuwɔwɔ gã si tɔgbe wowɔna na dziɖulawo, fiawo alo ŋusẽtɔ gãwo ɖeɖeko.” Ameka kura ƒe kue he amewo ale gbegbe be afɔtoƒe aɖeke meganɔ Israel ƒe fiadua me o hena gaƒoƒo geɖe? Rabi aɖe si ŋu bubu le vevie ye. Nukatae amesiwo tɔ ŋkɔ rabi nye bubumewo kple amesiwo wosubɔna vevie nenema gbegbe le Yudatɔwo dome? Ɣekaɣie nye zi gbãtɔ si wodze ŋkɔ “rabi” zazã gɔme? Amekae ŋkɔa sɔ na tututu?

Rabi Ye Mose Nyea?

Ŋkɔ si ŋu wodea bubui vevie le Yuda-subɔsubɔ mee nye Mose, amesi dzi woto na Israel-viwo ƒe Se ƒe nubabla la. Yudatɔ mawusubɔlawo yɔnɛ be “Mose ‘míaƒe Rabi.’” Gake womeyɔ Mose be “Rabi” le Biblia ƒe teƒe aɖeke o. Le nyateƒe me la, ŋkɔ “rabi” medze kura le Hebri Ŋɔŋlɔawo me gɔ̃ hã o. Ekema aleke Yudatɔwo dze egɔme nɔ ŋkɔ sia yɔm na Mose?

Le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la, enye Aron ƒe dzidzimevi siwo nye nunɔlawo le Lewi-toa me ƒe agbanɔamedzi be woafia Sea eye woaɖe eme. (Mose III, 10:8-11; Mose V, 24:8; Maleaxi 2:7) Gake le ƒe alafa evelia D.M.Ŋ. me la, wodze tɔtrɔ veviwo wɔwɔ gɔme dzaa le Yuda-subɔsubɔ me si kpɔ ŋusẽ ɖe Yudatɔwo ƒe susu dzi tso ɣeyiɣi ma dzi.

Daniel Jeremy Silver ŋlɔ nu tso gbɔgbɔ me tɔtrɔwɔwɔ gã sia ŋu le agbalẽ si nye A History of Judaism me be: “Le ɣeyiɣi [ma] me agbalẽfialawo kple agbalẽnyalagãwo, siwo menye nunɔlawo o la dze tsitretsitsi ɖe ŋusẽ si le nunɔlawo ɖeɖeko si be woaɖe Torah [Mose ƒe Se] la me ŋu. Amesiame lɔ̃ ɖe edzi be nunɔlawo hiã le Gbedoxɔa me hena kɔnuwɔwɔwo, gake nukatae wòle be woawo ɖeɖeko nakpɔ ŋusẽ ɖe Torah la dzi?” Amekawoe nɔ megbe na tsitretsitsi ɖe nunɔlawo ƒe ha la ƒe ŋusẽ sia ŋu? Habɔbɔ yeye aɖe si woɖo le Yuda-subɔsubɔ me si woyɔna be Farisitɔwoe. Silver yi edzi be: “Ame ƒe dzedze dzie Farisitɔwo tu amesiwo woaxɔ ɖe woƒe sukuwo me ɖo, ke menye ɖe [nunɔlawo ƒe dzidzimevi nyenye] dzi o, eye wotsɔ Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒo yeye aɖe va kpe ɖe subɔsubɔhawo ƒe kplɔlawo ŋu.”

Kaka ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. naɖo la, wova nɔ Farisitɔwo ƒe sukunuwulawo yɔm be nufialawo, alo aƒetɔwo le Yudatɔwo ƒe sea me. Le bubudede wo ŋu me la, Yudatɔwo dze wo yɔyɔ gɔme le Hebrigbe me be rabi, si gɔmee nye “nye nufiala,” alo “nye aƒetɔ.”

Nusi na ŋkɔ yeye sia kpɔ ŋusẽ geɖe wu enye be wotsɔe na Mose, amesi wobuna Yudatɔwo ƒe nufiala gãtɔ le ŋutinya me. Ŋkɔ sia yɔyɔ agaɖiɖi nunɔlawo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ɖe anyi wu eye wòado Farisitɔwo ƒe kplɔla siwo le ŋusẽ kpɔm vevie la ƒe ŋkɔ ɖe dzi. Eyata ƒe 1,500 kple edzivɔ le Mose ƒe ku megbe la, woda ŋkɔ ɖe edzi be enye “Rabi” tso gbaɖegbe ke.

Aƒetɔ La Sɔsrɔ̃

Togbɔ be amehawo zã ŋkɔ “rabi” (“nye aƒetɔ”) ɣeaɖewoɣi na nufiala bubu siwo ŋu wodea bubui hã la, Farisitɔwo ƒe nufiala xɔŋkɔwo, “nunyalagãwoe” wozãnɛ na zi geɖe. Esi womu gbedoxɔa le ƒe 70 M.Ŋ. si wɔe be nunɔlawo ƒe ŋusẽa wu enu la, Farisitɔwo ƒe rabiwo va zu Yuda-subɔsubɔha la ƒe kplɔla siwo nu ame aɖeke megade o. Woƒe nɔƒe si kɔkɔ wu ɖesiaɖe la ʋu mɔ ɖi be bubu gã ŋutɔ va nɔ rabiwo ƒe nunyalagãwo ŋu.

Esi Nufialagã Dov Zlotnick nɔ nu ŋlɔm tso ƒe alafa gbãtɔ ƒe tɔtrɔwɔɣia ŋu la, egblɔ be: “‘Nunyalagãwo sɔsrɔ̃’ va zu nu vevi wu Torah la sɔsrɔ̃.” Yudatɔwo ƒe nunyalagã Jacob Neusner ɖe eme yi edzi be: “‘Nunyalagãwo ƒe nusrɔ̃vi’ nye sukuvi si lé ɖe rabi ŋu. Ewɔa esia elabena edi be yeasrɔ̃ ‘Torah’ la. . . . Womesrɔ̃a Torah la to sea dzi o, ke boŋ wosrɔ̃nɛ to nunyalagã siwo le agbe ƒe nyawo kple nuwɔnawo gɔmesese dzi. Wofiaa sea to woƒe nuwɔna hã dzi, ke menye to woƒe nyawo ɖeɖeko dzi o.”

Talmud-nyalagã Adin Steinsaltz lɔ̃ ɖe nya sia dzi esi wòŋlɔ be: “Nunyalagãawo ŋutɔ gblɔ be, ‘Ele be woasrɔ̃ nunyalawo ƒe dzeɖoɖo dzrowo, nukonyawo, alo woƒe gbesiagbe nyagbɔgblɔwo.’” Afikae woawɔ esia ase ɖo? Steinsaltz gblɔ be: “Kpɔɖeŋu ɖeka si gbɔ eme enye nusrɔ̃vi si wogblɔ be eva be ɖe eƒe nufialagã ƒe abati te be yeasrɔ̃ alesi wòdɔna kple srɔ̃a. Esi wobia gbee tso eƒe didi be yeanya nusianu tsitotsito ŋu la, nusrɔ̃vi sue la ɖo eŋu be: ‘Esia hã nye Torah eyata edze be woasrɔ̃e,’ wònye afɔɖeɖe si dzi rabiwo kple nusrɔ̃viwo siaa da asi ɖo be esɔ.”

Esi wodo rabiwo ɖe dzi wu Torah ta la—Torah la sɔsrɔ̃ to rabiwo dzi—na be Yuda-subɔsubɔ va zu rabiwo ƒe subɔsubɔha tso ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me. Menye Ŋɔŋlɔ si tso gbɔgbɔ me dzie ame ato ate ɖe Mawu ŋu o, ke boŋ to ame ŋutɔ ƒe kpɔɖeŋuɖola, aƒetɔ, si nye rabi dzi. Eyata edze ƒã be woɖe asi le gbe tete ɖe Ŋɔŋlɔ si tso gbɔgbɔ me dzi ŋu va le gbe tem ɖe se si wogblɔ kple nu ko si rabi siawo fiana dzi. Tso ɣemaɣi la, Yudatɔwo ƒe agbalẽwo, abe Talmud ene, nɔ te ɖe numedzodzrowo, ŋutinyagbɔgblɔwo, kple rabiwo ƒe nuwɔnawo dzi tsɔ wu Mawu ƒe nyagbɔgblɔwo.

Akpa si Rabiwo Wɔ le Ŋutinya Me

Togbɔ be rabi siwo nɔ anyi tsã kpɔ ŋusẽ geɖe ɖe amewo dzi hã la, womexɔ fetu ɖe subɔsubɔdɔ si wowɔ ta o. Encyclopaedia Judaica gblɔ be: “Rabi si le Talmud la me la . . . to vovo sã tso amesiwo tɔ ŋkɔ sia egbegbe gbɔ. Rabi si le Talmud la me nye amesi ɖea Biblia kple se si wogblɔ kple nu la me eye wòkɔa wo me, eye ɣesiaɣi kloe dɔwɔɖui nɔa esi. Titinaɣeyiɣiwo me koe rabiwo va zu . . . nufiala, gbeƒãɖela, kple gbɔgbɔ me kplɔla na Yudatɔwo ƒe hamea alo nutoa.”

Esi rabiwo va nɔ fetu xɔm ɖe woƒe ɖoƒea ta la, ame aɖewo tsi tre ɖe nusia ŋu. Maimonides, ƒe alafa 12 lia me rabi xɔŋkɔ si ƒe dɔwɔɖui nye atikewɔwɔ la tsi tre ɖe rabi mawo ŋu vevie. “[Woawo] ŋutɔ ɖoe be yewoadzɔ ga le ame ɖekaɖekawo kple nutoa si eye wona amewo susui movitɔe be ehiã godoo eye wòsɔ be woana [gakpekpeɖeŋu] nunyalagãwo kple nufialagãwo kple amesiwo le Torah la srɔ̃m, si wɔe be Torah la va zu woƒe dɔwɔɖui. Gake nuwɔna sia katã menyo o. Nya kui ɖeka hɔ̃ hã medze le Torah la me loo alo le nunyalagãwo ƒe nyawo me si da asi ɖe nusia dzi o.” (Commentary on the Mishnah, Avot 4:5) Gake rabiwo ƒe dzidzime siwo kplɔe ɖo do toku Maimonides ƒe nyawo.

Esi Yuda-subɔsubɔ ge ɖe egbeɣeyiɣiwo me la, eme va mã ɖe dzixɔse yeye dzi wɔlawo kple dzixɔse xoxo dzi wɔlawo ƒe hatsotsowo me. Le Yudatɔ geɖe gome la, nuhiahiã bubuwo na be wotutu mawusubɔsubɔ me dzixɔsewo kple nuwɔna da ɖe nɔƒe evelia. Esia na be rabiwo ƒe nɔƒe dzi ɖe kpɔtɔ. Zi geɖe la, rabi va zua amesi woɖo be wòanye hamea ƒe ta, si woxea fe na be wòanye nufiala kple aɖaŋuɖola na eƒe hamea me tɔwo. Gake le Hasid blemanufiafia ƒe ƒuƒoƒowo me la, woƒe dzixɔse si nye be rabi la nye nufiala kple kpɔɖeŋuɖola la gade ŋgɔ wu gɔ̃ hã.

De dzesi nya si Edward Hoffman gblɔ le eƒe agbalẽ si ku ɖe Hasid ƒe Chabad-Lubavitchtɔwo ƒe habɔbɔa ŋu me: “Hasidtɔ gbãtɔwo hã te gbe ɖe edzi be le dzidzime ɖesiaɖe me la, Yudatɔwo ƒe kplɔla ɖeka koe nɔa anyi, si nye zaddik [dzɔdzɔetɔ], amesi nye eŋɔlimetɔwo ƒe ‘Mose,’ amesi ƒe nunya kple ɖokuitsɔtsɔna gbɔ ame bubu ɖesiaɖe tɔ ŋu. To eƒe ɖokuitsɔtsɔna sẽŋua dzi la, Hasidtɔwo ƒe ƒuƒoƒo ɖesiaɖe se egɔme be yewoƒe Rebbe [“rabi” le Yiddishgbe me] la ate ŋu atrɔ Ŋusẽkatãtɔ la ƒe sewo gɔ̃ hã. Menye ɖeko wobunɛ kpɔɖeŋuɖola le eƒe nuƒo detowo me ko o ke le eƒe nɔnɔme ɖesiaɖe me (abe alesi wogblɔe tututu ene la, ‘alesi wòsaa eƒe afɔkpaka’) nye nusi wobuna be edoa amegbetɔ ɖe dzi eye wònaa mɔfiame siwo medzena gaglã o si dzi woato aɖo Mawu gbɔ.”

“Migana Woayɔ Mi be Rabi O”

Yesu, ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔ si ɖo Kristotɔnyenye anyi, nɔ agbe le ɣeyiɣi si me Farisitɔwo ƒe nukpɔsusu le rabi ŋu nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe Yuda-subɔsubɔ dzi me. Menye Farisitɔe wònye o, eye mexɔ hehe le woƒe sukuwo hã o, gake woyɔ eya hã be Rabi.—Marko 9:5; Yohanes 1:38; 3:2.

Esi Yesu nɔ tsitre tsim ɖe rabiwo ƒe nuwɔna le Yuda-subɔsubɔ me ŋu la, egblɔ be: “Agbalẽfialawo kple farisitɔwo bɔbɔ nɔ Mose ƒe zikpui dzi. Wolɔ̃a kplɔ̃tanɔnɔ le nuɖuƒewo kple nɔƒe gbãtɔwo nɔnɔ le woƒe ƒuƒoƒewo kpakple gbedoname le ablɔawo me, eye bena, amewo nayɔ wo be Rabi. Ke miawo la migana woayɔ mi be Rabi o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe nufiala, eye mi katã la nɔviwo mienye.”—Mateo 23:2, 6-8.

Yesu xlɔ̃ nu le vovototo dede nunɔlawo kple hameviwo dome si nɔ edzi yim le Yuda-subɔsubɔ me ŋu. Egbe be woagatsɔ gãnyenye sia tɔgbe ana amewo madzemadzee o. Egblɔ dzideƒotɔe be: “Ame ɖeka koe nye miaƒe nufiala.” Amekae?

Mose, amesi “Yehowa nya ŋku me kple ŋku me” eye nunyalagãwo ŋutɔ hã yɔna be “míaƒe Rabi” la, nye ame madeblibo. Ewɔ vodadawo gɔ̃ hã. (Mose V, 32:48-51; 34:10; Nyagblɔla 7:20) Tsɔ wu be Yehowa nado Mose ɖe dzi be enye kpɔɖeŋuɖola nyuitɔ la, egblɔ nɛ boŋ be: “Mele nyagblɔɖila aɖe ɖo ge na wo tso wo nɔviwo dome abe wò ene, eye wòagblɔ gbe, siwo katã mede asi nɛ la, na wo. Amesi ke meɖo to nya, siwo wòagblɔ le nye ŋkɔ dzi o la, mabia tso ame la si.”—Mose V, 18:18, 19.

Biblia me nyagblɔɖiwo ɖo kpe edzi be nya siawo me vava ku ɖe Yesu, Mesia la ŋu.a Menye ɖeko Yesu nɔ “abe” Mose ene o; ke elolo wu Mose. (Hebritɔwo 3:1-3) Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be wodzi Yesu wònye ame deblibo, eye esubɔ Mawu ‘nuvɔ̃manɔmee,’ si to vovo na Mose.—Hebritɔwo 4:15.

Midze Kpɔɖeŋuɖola La Yome

Rabiwo ƒe nuwɔna kple nya ɖesiaɖe sɔsrɔ̃ mena Yudatɔwo te ɖe Mawu ŋu wu o. Togbɔ be ame madeblibo ate ŋu aɖo nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu ɖi hã la, ne míesrɔ̃ eƒe nuwɔna ɖesiaɖe la, míasrɔ̃ eƒe vodadawo kple blibomademadewo kpakple eƒe nɔnɔme nyuiwo siaa. Ana míatsɔ ŋutikɔkɔe si medze o anɔ amesi wowɔ nam tsɔ wu be míatsɔe ana Wɔla la.—Romatɔwo 1:25.

Gake Yehowa na Kpɔɖeŋuɖola aɖe ameƒomea. Ŋɔŋlɔawo gblɔ be Yesu nɔ anyi hafi va zu amegbetɔ. Le nyateƒe me la, woyɔe be “amesi nye Mawu makpɔmakpɔ ƒe nɔnɔme kple nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi.” (Kolosetɔwo 1:15) Esi Yesu nye Mawu ƒe “dɔnunɔla” si subɔ le dziƒo ƒe gbogbo aɖe si míenya o ta la, eyae nye ame nyuitɔ si akpe ɖe mía ŋu be míadze si Yehowa.—Lododowo 8:22-30; Yohanes 14:9, 10.

Eyata Petro te ŋu ŋlɔ bena: “Kristo hã kpe fu le mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, bene miadze eƒe afɔɖoƒewo yome.” (Petro I, 2:21) Apostolo Paulo de dzi ƒo na Kristotɔwo be “míakpɔ Yesu, si nye xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula la ɖa.” Eɖe eme hã be enye “amesi me woɣla nunya kple sidzedze ƒe kesinɔnuwo katã ɖo.” (Hebritɔwo 12:2; Kolosetɔwo 2:3) Ame bubu aɖeke megali—Mose loo alo rabiwo ƒe nunyalagã—si dze na ŋkuléleɖeŋu sia tɔgbe o. Ne ame aɖe li si wòle be woasrɔ̃ vevie la, ke Yesu ye. Mawu subɔlawo mehiã dzesideŋkɔ abe rabi ene o, vevietɔ le gɔmesese si le eŋu egbea ta, gake ne ame aɖe dze woayɔ be Rabi la, ke Yesu ye.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Ne èle kpeɖodzi geɖe wu dim be Yesu ye nye Mesia la, kpɔ agbalẽ gbadza si nye Will There Ever Be a World Without War?, axa 24-30, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 28]

© Brian Hendler 1995. Míeɖo Asi Eŋu Gomekpɔkpɔwo Katã Dzi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe