Nukae Nye Talmud La?
“Ðikeke aɖeke mele eme o be Talmud lae nye agbalẽ siwo ɖe dzesi wu ɖesiaɖe si wota kpɔ la dometɔ ɖeka.”—The Universal Jewish Encyclopedia.
“[Talmud la nye] amegbetɔ nunyalawo ƒe dɔ gã siwo wowɔ dometɔ ɖeka, enye nuŋlɔɖi si bia ŋuɖɔɖɔɖo, enye viɖenu si gɔmesese mele bɔbɔe o ale gbegbe be ena tagbɔkɔkɔetɔwo nɔ dɔ dzi wu ƒe akpe ɖeka kple afã sɔŋ.”—Jacob Neusner, Yudatɔ agbalẽnyala kple agbalẽŋlɔla.
“Talmud lae nye [Yuda-subɔsubɔ] ƒe sɔti si dzi Yudatɔwo ƒe agbenɔnɔ bliboa ƒe gbɔgbɔmetenɔnɔ kple nunyanya nɔ te ɖo.”—Adin Steinsaltz, Talmud-nyala kple rabi.
ÐIKEKE mele eme o be Talmud la kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe Yudatɔwo dzi ƒe alafa geɖe. Gake togbɔ be wogblɔ kafukafunya siwo le etame le Talmud la ŋu hã la, wodae ɖe anyi eye wogblɔ be “eyɔ fũ kple nya dovivitiwo kple nya gbɔlowo sɔŋ.” Wodo vloe be enye Abosam ƒe busunu. Papawo de se woto eme enuenu, woɖo asi edzi, eye wotɔ dzoe le agbɔsɔsɔ gã me le Europa ƒe ablɔwo dzi.
Nuka koŋue agbalẽ sia si na wohe nya geɖe alea gbegbe nye? Nukae na Talmud la nye agbalẽ tɔxɛ le Yudatɔwo ƒe agbalẽwo dome? Nukatae woŋlɔe? Aleke wòdzɔ hafi wòva kpɔ ŋusẽ geɖe le Yuda-subɔsubɔ me nenema? Ðe viɖe aɖe le eŋu na amesiwo menye Yudatɔwo oa?
Le ƒe 150 siwo kplɔ Yerusalem ƒe gbedoxɔa tsɔtsrɔ̃ le ƒe 70 M.Ŋ. ɖo me la, agbalẽnyala siwo nɔ Israel katã ƒe rabisuku vovovo me tso enumake be yewoadi nu yeye si dzi woanɔ te ɖo alé Yuda-subɔsubɔ me ɖe asi. Wowɔ numedzodzrowo eye wogado ŋusẽ woƒe kɔnyinyi siwo le se siwo wogblɔ kple nu me. Wonɔ te ɖe nusia dzi wɔ se kple nudidi yeyewo na Yuda-subɔsubɔ, eye wofia alesi wòle be woanɔ agbe dzɔdzɔe gbesiagbe esi gbedoxɔ megali o. Woŋlɔ gbɔgbɔmeɖoɖo sia ɖe Mishnah si Judah ha-Nasi ŋlɔ le ƒe alafa etɔ̃lia M.Ŋ. ƒe gɔmedzedze la me.a
Mishnah la nɔ eɖokui si, eye womekpɔ mɔ be woayɔ nya tso Biblia me atsɔ aɖe enu o. Alesi wòɖe nu mee kple atsyã si me woŋlɔ eƒe Hebrigbea ɖo gɔ̃ hã le etɔxɛ, eye wòto vovo na Biblia ƒe nuŋɔŋlɔ. Rabiwo ƒe nyametsotso siwo woŋlɔ ɖe Mishnah la me kpɔ ŋusẽ ɖe Yudatɔwo ƒe gbesiagbegbenɔnɔ dzi le afisiafi. Le nyateƒe me la, Jacob Neusner gblɔ be: “Israel ƒe dukplɔsea le Mishnah la me. . . . Ebia be woalɔ̃ ɖe eƒe ɖoɖowo dzi ahawɔ ɖe wo dzi.”
Ke ne ame aɖewo meka ɖe edzi be nunyala siwo ƒe nyawo woŋlɔ ɖe Mishnah la me sɔ kple Ŋɔŋlɔ si tso gbɔgbɔ me tututu o ya ɖe? Ele be rabiwo naɖo kpe edzi be Tannaimwo (amesiwo fiaa se si wogblɔ kple nu ko) ƒe nufiafia siwo le Mishnah la me sɔ kple Hebri Ŋɔŋlɔawo pɛpɛpɛ. Eva hiã be woagaɖe nu me. Wokpɔe be ehiã be yewoaɖe Mishnah la me, aɖe enu ahaɖo kpe edzi be wo kple Se si wotsɔ na Mose le Sinai-toa dzie dzɔ zi ɖeka. Rabiawo kpɔe be ele be yewoaɖo kpe edzi be gɔmesese kple taɖodzinu ɖekae le se si wogblɔ kple nu kpakple esi woŋlɔ la katã si. Eyata le esi teƒe be Mishnah la natso gbe ɖe Yuda-subɔsubɔ ŋuti numeɖeɖe ɖesiaɖe dzi la, eva zu nu yeye si ta wodzroa subɔsubɔnyawo me eye wohea glãka ɖo.
Wodze Talmud la Ŋɔŋlɔ Gɔme
Woyɔ rabi siwo dze dɔ yeye sia wɔwɔ gɔme be Amoraim—“nyagɔmeɖelawo,” alo Mishnah la “gɔmeɖelawo.” Sukuawo dometɔ ɖesiaɖe ku ɖe rabi ŋkuta aɖe ŋu. Agbalẽnyalagãwo kple sukuviwo ƒe ha sue aɖe dzroa nu me ƒe bliboa. Gake zi eve le ƒea mee wowɔa numedzodzro vevitɔwo, le ɣleti siwo nye Adar kple Elul siwo me agblededɔwo nu tsona vie eye ame alafawo alo ame akpewo gɔ̃ hã te ŋu dena.
Adin Steinsaltz gblɔ be: “Sukua ƒe tatɔe nɔa zi me, enɔa zikpui alo aba tɔxɛ aɖewo dzi. Agbalẽnyalagã vevitɔwo kpakple ehatiwo alo nusrɔ̃vi siwo de ŋgɔ wu nɔa ŋgɔgbe dzea ŋgɔe, eye agbalẽnyalagã bubuawo nɔa woawo megbe. . . . Gãnyenye tɔxɛ aɖe nue wonɔa anyi ɖo [le ŋkɔxɔxɔ nu].” Woxlẽa Mishnah la me nyawo ƒe akpa aɖe. Ekema wotsɔnɛ sɔna kple nya siwo ɖii alo nya bubu siwo ŋu Tannaimwo ke ɖo gake mele Mishnah la me o. Ke nyalélekpɔa dzea egɔme. Wobiaa nyawo, eye woléa tsitretsiɖeŋunyawo kpɔna be woakpɔ ɖa be afikae nufiafiaawo sɔ le hã. Wodia kpeɖodzinyawo tsoa Hebri Ŋɔŋlɔawo me tsɔ ɖoa kpe rabiwo ƒe nufiafiawo dzii.
Togbɔ be numedzodzro siawo le ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu hã la, wo me sẽna, eye ezua dzre ɣeaɖewoɣi. Nunyala aɖe ƒe nya si woŋlɔ ɖe Talmud la me fia be “dzugbewo” dona le rabiwo nu esi wonɔ glãka aɖe hem. (Hullin 137b, Babilon ƒe Talmud) Nya si Steinsaltz gblɔ le wɔnaawo ŋue nye si: “Sukua ƒe tatɔ, alo nunyala si le nuƒoa ƒom gblɔa alesi wòse nya la gɔmee. Agbalẽnyala siwo le nyaselawo dome nɔa te ɖe nya siwo wofɔ tso teƒe bubuwo, numedzrola bubuwo ƒe nyawo, alo gɔmesese si gbɔ woawo ŋutɔ ɖo dzi daa biabiawo ɖe egbɔ atraɖii. Ɣeaɖewoɣi la, numedzodzroa nɔa kpuie ŋutɔ eye wonaa ŋuɖoɖo si me kɔ si tsia nya sia nya nu. Le ɣeyiɣi bubuwo la, agbalẽnyalagã bubuwo naa ŋuɖoɖo bubuwo ale glãkahehe gã doa mo ɖa.” Vavala ɖesiaɖe kpɔ mɔ aƒo nu. Wotsɔa nya siwo me woɖe nyuie le numedzroɣia ɖona ɖe suku bubuwo bene agbalẽnyalagã bubuwo nalée akpɔ.
Gake menye senya legbeewo ko mee wodzrona le numedzroƒe siawo o. Woyɔa senya siwo ku ɖe Yudatɔwo ƒe subɔsubɔgbenɔnɔ ŋuti sewo kple ɖoɖowo ŋu be Halakah. Nya sia dzɔ tso Hebrigbe me nya si fia “be woayi” la me, eye efia ‘agbenɔnɔse si dzi wòle be woazɔ ɖo.’ Woyɔa nya bubu ɖesiaɖe—rabiwo kple Biblia me mewo ŋuti nyawo, abebubuwo, dzixɔse kple xexemenunya fiafiawo—be Haggadah, si tso Hebrigbe me nya “nyagbɔgblɔ” me. Wotsakaa Halakah kple Haggadah siaa le numedzroɣia.
Morris Adler gblɔ le eƒe agbalẽ si nye The World of the Talmud me be: “Nufiala nyanu tsɔa nya bubu si le wodzoe wu eye wòaɖe vi wu tsoa senya legbe sesẽ si hem wole me. . . . Eyata míekpɔnɛ be wotsakaa xotutu kple ŋutinya, ɣemaɣi ƒe dzɔdzɔmeŋutinunya kple dekɔnu, Biblia me ɖeɖe kple agbeŋutinya, mawunyagbɔgblɔ kple mawunyaŋutinunya wòva zua nusi adze na amesi menya alesi sukuawo wɔa nui o abe nya manyataleŋuwoe wotɔtɔ nyamanyama ene.” Sukuawo ƒe agbalẽnyalawo ya nya be ɖe woɖoe tsɔ nya tutɔ mawo katã de eme eye be wokpe ɖe nya siwo me dzrom wole ŋu. Halakah kple Haggadah nye xɔtukpe siwo wotsɔ le ɖoɖo yeyea tumee le rabisukuwo.
Talmud Eve Ŋɔŋlɔ
Mlɔeba wova ɖe rabinusrɔ̃ƒe vevitɔ si nɔ Palestina la yi Tiberias. Suku vevi bubuwo hã nɔ Sepphoris, Kaesarea, kple Lydda. Gake ganyawo ƒe sesẽ, dunyawo ƒe kemalimali atraɖii, kple mlɔeba nyaƒoɖeamenu kple yometiti si tso alakpa Kristotɔnyenye gbɔ wɔe be ame gbogbo aɖewo ʋu yi teƒe vevi bubu si Yudatɔwo sɔ gbɔ ɖo le Ɣedzeƒe—si nye Babilonia.
Ƒe alafa geɖe la, sukuviwo nyea zi tso Babilonia vaa Palestina be yewoasrɔ̃ nu le rabi xɔŋkɔwo gbɔ le sukuawo me. Sukuvi siawo dometɔ ɖekae nye Abba ben Ibo, si wogayɔna hã be Abba Arika—Abba kɔkɔ la—gake emegbe wova yɔnɛ kpuie ko be Rab. Etrɔ gbɔ va Babilon anɔ ƒe 219 M.Ŋ. me esime wòsrɔ̃ nu le Judah ha-Nasi gbɔ vɔ, eye nusiae wɔe be tɔtrɔ ɖedzesi va ale be Yudatɔ siwo nɔ Babilon va xɔ ŋkɔ le gbɔgbɔmenyawo me. Rab va ɖo suku ɖe Sura afisi Yudatɔ geɖe nɔ gake agbalẽnyalawo mebɔ ɖo o. Bubu si nɔ eŋu wɔe be sukuvi 1,200 vaa eƒe sukua ɣesiaɣi, eye akpe geɖe bubu vana le Yudatɔwo ƒe ɣleti siwo nye Adar kple Elul me. Rab ƒe ɣeyiɣia me tɔ xɔŋkɔ si nye Samuel hã ɖo suku ɖe Nehardea. Woɖo suku xɔŋkɔ bubuwo ɖe Pumbeditha kple Mehoza.
Azɔ megahiã be woazɔ mɔ ayi Palestina o, elabena woate ŋu asrɔ̃ nu le agbalẽnyalagã bubume siwo le Babilonia gbɔ. Alesi woŋlɔ Mishnah la wòle eɖokui si wɔe be Babilon-sukuwo va ɖe vovo kura. Togbɔ be nusɔsrɔ̃ ƒe atsyã kple mɔnu vovovo va nɔ Palestina kple Babilonia hã la, alesi kadodo nɔ sukuawo dome enuenu eye woɖoa nufialawo ɖe wo nɔewo na wokpɔtɔ wɔ ɖeka.
Anɔ ƒe alafa enelia ƒe nuwuwu kple atɔ̃lia M.Ŋ. ƒe gɔmedzedze la, nuwo me va sẽ na Yudatɔ siwo nɔ Palestina. Kristodukɔa megbedela la va nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzi eye woƒe mɔxeɖenu kple yometiti geɖe wɔe be mlɔeba anɔ ƒe 425 M.Ŋ. me la, wokaka Sanhedrin la eye woxɔ ŋusẽ le Nasi (nunɔla) la si. Eyata Palestina ƒe Amoraimwo te nyametsotso siwo gbɔ woɖo le sukuawo ƒe numedzodzrowo me nu ƒoƒoƒu be wòanye nu ɖeka bene wòanɔ dedie. Wotsɔ ŋkɔ na agbalẽ sia si nu woƒo ƒu alɔtsɔtsɔe le ƒe alafa enelia M.Ŋ. me ƒe nuwuwu be Palestina Talmud.b
Esime suku siwo nɔ Palestina nɔ to yim la, Babilonia ƒe Amoraimwo nɔ woƒe dɔ nyam ɖe edzi ŋutɔ. Abaye kple Raba wotrɔ asi le glãkahehea ŋu wòva zu nyalélekpɔ deŋgɔ si me aɖaŋu le si va zu kpɔɖeŋu si dzi wozɔna ɖo le Talmud-nyawo me dzodzro me. Emegbe Ashi, si nye suku si nɔ Sura (371-427 M.Ŋ.) ƒe tatɔ dze nyametsotso siwo gbɔ woɖo le numedzodzroawo me nuƒoƒo ƒu kple wo me toto gɔme. Steinsaltz gblɔ be ewɔe kple susu be “ne menye nenema o alesi nyaawo le nyamaa la, ɖewohĩ nya gbogbo mawo siwo wogblɔ kple nu ko la ƒe akpa gãtɔ abu.”
Ame ɖeka alo dzidzime ɖeka gɔ̃ hã mate ŋu aƒo nya gbogbo mawo nu ƒu o. Amoraimwo ƒe ɣeyiɣi va wu enu le Babilonia le ƒe alafa atɔ̃lia M.Ŋ. me, gake ƒuƒoƒo aɖe si woyɔna be Saboraim, si nye Aramgbe me nya si gɔmee nye “nyameɖelawo,” alo “amesiwo si nya le,” gayi Babilonia Talmud la me toto zi mamlɛtɔ dzi tsɔ ge ɖe ƒe alafa adelia M.Ŋ. me. Nuŋɔŋlɔmetola mamlɛ siawo gbugbɔ trɔ asi le nya akpe geɖe siwo tsi akpo dzi kple nya siwo ŋu rabiwo he glãka le ƒe alafa geɖe la ŋu, eye woɖo atsyã kple nɔnɔme aɖe na Babilonia Talmud la si na wòto vo na Yudatɔwo ƒe nuŋlɔɖi tsãtɔwo.
Nukae Talmud la Te Ŋu Wɔ?
Rabi siwo wɔ dɔ le Talmud la ŋu ƒe susue nye be yewoaɖo kpe edzi be Mishnah la kple Hebri Ŋɔŋlɔawo siaa tso teƒe ɖeka. Gake ɖe wòhiã nenema? Jacob Neusner gblɔ be: “Mishnah la ƒe nuvãnyenyee nye nya si woɖe gblɔ. Gake nunyala la ƒe nunyanyae va zu nya si le vevie.” Be woafia be enya nu la, wogbugbɔ dzroa Mishnah la ƒe nyagbe ɖesiaɖe, ɣeaɖewoɣi nyakui ɖesiaɖe, me, wohea nya le eŋu, woɖea eme, eye wotoa mɔ aɖe nu na wòsɔna kple nya bubuwo. Neusner gblɔ be to mɔ sia nu la, rabiawo “trɔa taɖodzinu si le Mishnah la ŋu wòtoa mɔ bubu.” Togbɔ be woto Mishnah la vɛ wònye agbalẽ blibo le eɖokui si hã la, fifia emã kakɛkakɛ. Le emamã alea me la, wogbugbɔe wɔ hetrɔe.
Agbalẽ yeye sia—Talmud la—kpɔ rabiwo ƒe taɖodzinu gbɔ. Woawoe wɔ se ɖe numedzodzroa ŋu, eyata ewɔe be amewo va bua tame abe rabiwo ene. Rabiawo susu be alesi yewosrɔ̃a nu hedzroa nu mee la sɔ ɖe Mawu ƒe nukpɔsusu nu. Talmud la sɔsrɔ̃e va zu taɖodzinua, ezu subɔsubɔ ƒomevi aɖe—si nye susu zazã abe Mawu ene. Mɔ sia nue woadzro Talmud la me toe tso dzidzime yi dzidzime. Nukae va dzɔ? Ŋutinyaŋlɔla Cecil Roth ŋlɔ be: “Talmud la . . . na nɔnɔme ɖedzesi aɖe va tsi [Yudatɔwo] si si na woto vovo tso ame bubuwo gbɔ, eye eyae na woƒe dzi sẽ eye woƒe nu sɔ. Emedzodzro na woƒe susu ɖa, wòna . . . wonyaa nu kaba. . . . Talmud la na nu yeye aɖe su Yudatɔ si yome tim wonɔ le Titinaɣeyiɣiwo me si si ŋu woavu ɖo . . . Ena denyigba su esi wòatsɔ ayi afisiafi ne wo denyigba bu ɖee hã.”
Talmud la va kpɔ ŋusẽ vavã, le alesi wòna amewo va bua tame abe rabiwo ene ta. Gake nya si wòle be woabia amesiame—Yudatɔwo kple amesiwo menye Yudatɔwo o—enye be, Mawu ƒe nukpɔsusue le Talmud la me nyateƒea?—Korintotɔwo I, 2:11-16.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Ne èdi nyatakaka bubuwo le alesi Mishnah la wɔ va li kple nusiwo le eme ŋu la, ke kpɔ nyati si nye “Mishnah la Kple Se si Mawu Tsɔ Na Mose” si le November 15, 1997 ƒe Gbetakpɔxɔ me.
b Ŋkɔ si ame geɖe nya na Palestina Talmud ye nye Yerusalem Talmud. Gake ŋkɔ dadae wònye elabena le Amoraimwo ƒe ɣeyiɣia ƒe akpa gãtɔ me la, Yudatɔwo megate ŋu dea Yerusalem o.
[Aɖaka si le axa 31]
Talmud Eveawo—Aleke Wosɔe?
Hebrigbe me nya “Talmud” gɔmee nye “nusɔsrɔ̃.” Ðe Palestina kple Babilon ƒe Amoraimwo ɖoe be yewoasrɔ̃, alo adzro, Mishnah la me. Taɖodzinu ma gbɔe Talmud evea (Palestina kple Babilon tɔ) siaa ɖo, gake aleke wosɔe? Jacob Neusner ŋlɔ be: “Talmud gbãtɔ dzro kpeɖodzinyawo me, evelia dzroa nukpɔsusuwo me; gbãtɔ lé eƒe taɖodzinua me ɖe asi bliboe, evelia gbɔ etɔ ŋu kura.”
Alesi wogbugbɔ to Babilonia Talmud la me tsitotsito wòde toe la wɔe be melolo dzro ko o ke egoglo hã eye eƒe nuŋububu kple numedzodzrowo me kɔ wu. Zi geɖe ne woyɔ nya “Talmud” la, Babilonia Talmud lae wowɔnɛ. Talmud siae wosrɔ̃ wu eye eyae wokafu wu ƒe alafa geɖe enye sia. Le Neusner ƒe nukpɔkpɔ nu la, Palestina Talmud la nye “agbalẽ si ŋu wodze agbagba le,” eye Babilonia Talmud la nye “agbalẽ si ŋu wozã aɖaŋu le.”