Gilead Sukua Ƒe Klass 101—Dɔnyuiwɔwɔ ƒe Dzo Le Wo Me
DƆNYUIWƆWƆ ƒe dzo le mía Wɔla Yehowa Mawu me, eye ele Via Yesu Kristo hã me. Yesu, míaƒe kpɔɖeŋuɖola la, ɖe dzonɔameme fia le dɔ si Mawu de asi nɛ la wɔwɔ me, esi ƒe akpa aɖee nye be wòatsɔ “eɖokui [ana] ɖe mía ta, . . . bene yeaklɔ dukɔ, si doa vevie le dɔ nyui wɔwɔ me la ŋuti hena ye ŋutɔ ɖokui!” (Tito 2:14) Ðikekemanɔmee la, sukuvi 48 siwo de Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Sukua ƒe klass 101 la ɖe dzo si le wo me fia. Wowɔ dutanyanyuigblɔla siawo ƒe sukunuwuwu ɖoɖoa le September 7, 1996, dzi le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Hehenaƒe si le Patterson, New York.
Aɖaŋuɖoɖo Nyui Siwo Akpe Ðe Wo Ŋu be Dzo Nanɔ Wo Me
Carey Barber, si nye Dziɖuha la me tɔ, si le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm ƒe 70 kple edzivɔe nye esia, ye nye sukunuwuwu wɔnawo ƒe zimenɔla. Le Nɔviŋutsu Barber ƒe enuʋunyawo me la, eƒo nu tso Yesu, amesi nye “xexeame ƒe kekeli,” ƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa ŋu. (Yohanes 8:12) Ena wòdze ƒã be Yesu mena bubudɔ ma tsi eya ɖeɖeko si me o ke boŋ ede dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃lawo be woawo hã nana woƒe kekeli naklẽ. (Mateo 5:14-16) Subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ sia ganaa gɔmesese nɔa Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ ŋu eye wòda agba kpekpe aɖe ɖe amesiwo katã ‘ƒe zɔzɔme fia be wonye kekeliviwo’ dzi.—Efesotɔwo 5:8.
Esi wògblɔ enuʋunya mawo vɔ la, woyɔ Don Adams si le habɔbɔa ƒe ta si le Brooklyn la ƒe Dɔdzikpɔƒegã. Nyati si ŋu wòƒo nu le ye nye “Ŋgɔyiyi, Menye Megbeyiyi O.” Nɔviŋutsu Adams he susu yi Gilead Sukua ŋutɔ kple eƒe taɖodzinu dzi—be woakeke nyanyui gbeƒãɖeɖedɔa ɖe enu aɖo duta. Eƒo nu tso Mawu ƒe habɔbɔa, si taa Biblia-srɔ̃gbalẽwo le xexeame katã ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 300 me, ƒe ŋgɔyiyi ŋu. Wota agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me, si woɖe ɖe go le ƒe 1995 me ɖe gbegbɔgblɔ 111 me eye wowɔ ɖoɖo be woagatae ɖe gbegbɔgblɔ bubuwo me. Ele kpekpem ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃la yeyewo ŋu vevie xoxo be woaɖo adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ gbɔ le ɣleti ʋee aɖewo ko me. Eyata Biblia-srɔ̃gbalẽ yeyetɔwo kekeake si li ye dutanyanyuigblɔla yeyeawo azã le woƒe dɔa wɔwɔ me.
Eyome Dziɖuha la me tɔ Lyman Swingle ƒo nu le nyati si nye “Miyi Edzi Mianɔ Miaƒe Subɔsubɔ Kɔkɔea Tsɔm na Yehowa,” si wòtu ɖe Nyaɖeɖefia 7:15 dzi la ŋu. Esi wònye dzidzɔ Mawue Yehowa ŋutɔ nye ta la, esubɔsubɔ ɣesiaɣie nye nusi naa wokpɔa dzidzɔ. (Timoteo I, 1:11) Subɔsubɔ dzidzɔtɔe sia na ameha gbogbo aɖewo siwo tso anyigba ƒe akpa vovovowo va le esubɔm. Le ƒeawo me la, amesiwo wohe le Gilead Sukua me kpe ɖe amesiawo dometɔ geɖe ŋu be nyateƒea ƒe sidzedze vavãtɔ va su wo si. Eyata kakaɖedzi blibo le mía si be Yehowa ayi edzi ayra amesiwo wogale ɖoɖom ɖa fifia be woakpe ɖe ameha gã si le dzidzim ɖe edzi la me tɔwo ŋu.
“Nana be Yehowa ƒe Dzidzɔ Nadze le Mía Ŋu” ye nye nyati si ŋu Daniel Sydlik si hã nye Dziɖuha la me tɔ ƒo nu le. Efia be mɔnukpɔkpɔ su Mawu subɔlawo katã, si me dutanyanyuigblɔla yeyeawo hã le, si be woafia agbe mavɔ kpɔkpɔ mɔ kple mɔ si dzi woato akpɔ viɖe gãtɔ kekeake le agbe me fifia la amewo. Nɔviŋutsu Sydlik gblɔ be: “Dɔ si ɖea vi na ewɔla la ŋutɔe nufiafia nye. Edzena le nua fialawo ƒe ŋkume kpakple le esrɔ̃lawo ƒe ŋkume.” (Psalmo 16:8-11) Egblɔ nya aɖewo siwo dutanyanyuigblɔla aɖe si le Estonia gblɔ be, “Míawo sie nya si nye vevitɔ kekeake le anyigba bliboa dzi la le, eye míaƒe ŋkumee wòdzena le nenema.” Míaƒe moɖoɖo ate ŋu aʋu ʋɔtru geɖe eye wòanyɔ ɖetsɔleme. Amewo dina be yewoanya nusi na Yehowa subɔlawo nɔa dzidzɔ kpɔm. Nɔviŋutsu Sydlik ɖo aɖaŋu be, “Eyata milé ŋku ɖe miaƒe moɖoɖo ŋu. Edzɔa dzi na amewo be yewoakpɔ amesiwo le dzidzɔ kpɔm.”
Ulysses Glass, si fia nu Gilead Sukuviawo tso klass 12 lia dzi le ƒe 1949 me ke la ƒo nu na nyaselawo le nyati si nye “Midzɔ Miaƒe Luʋɔ Ŋu le Dzigbɔɖi Me” ŋu. Nukae nye dzigbɔɖi? Efia alesi woaɖe dzi ɖi anɔ nane lalam, ame ɖokui léle kpoo ne wodo dziku na ame alo nu te ɖe ame dzi. Dzigbɔɖitɔ te ŋu léa eɖokui kpoo; dzimagbɔɖila tsia dzi eye dzi mesẽa ekuku o. Nɔviŋutsu Glass gblɔ be, “Ewɔna na ame geɖe be dzigbɔɖi fia gbɔdzɔgbɔdzɔ alo nyamemateŋutso. Gake le Yehowa ya gbɔ la, efia ŋusẽnɔameŋu kple nyametsotso ŋutete ƒe amesinɔnɔ.” (Lododowo 16:32) Vi kawoe dzigbɔɖi ɖena? Chinatɔwo ƒe lododo aɖe gblɔ be, “Dzigbɔgbɔɖi ne wodo dziku na wò ana màva nɔ nu xam ŋkeke alafa o.” Nɔviŋutsu Glass ɖe nu me be: “Dzigbɔɖi gaɖoa atsyɔ̃ na ame ƒe amenyenye ɖe edzi. Le nyateƒe me la, efaa atsyɔ̃ɖonu aɖe si nɔa anyi ɖaa ɖe nɔnɔme nyui bubu siwo le ame si xoxo la ŋu. Enaa ame ƒe xɔse dzroa ame, ŋutifafa nɔa anyi didina, eye lɔlɔ̃ meʋãna o.”
Mark Noumair si wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa kpɔ ƒe 11 le Kenya eye fifia wònye Gilead Sukua ƒe nufiala la gblɔ be: “Mɔnukpɔkpɔe wònye be nàxɔ dɔdasi tso Yehowa Mawu gbɔ to eƒe habɔbɔa dzi. Esi Nɔviŋutsu Noumair nɔ nu ƒom le nyati si nye “Miate Ŋu Anɔ Anyi Adidi O Negbe ɖe Xɔse Le Mia Si” ŋu la, eƒo nu tso Yuda-fia Axaz ƒe kpɔɖeŋu ŋu. Yesaya ka ɖe edzi na Axaz be Yehowa le megbe nɛ le dɔ si wòde asi nɛ me gake fia la gbe kaka ɖe Eyama dzi. (Yesaya 7:2-9) Nɔviŋutsu Noumair yi edzi gblɔe be ehiã be dutanyanyuigblɔlawo naxɔ Yehowa dzi ase hafi ate ŋu anɔ woƒe teokrasi dɔdasiawo me adidi—ẽ, ehiã na mí katã nenema. Kuxi tɔxɛ siwo dutanyanyuigblɔlawo doa goe la bia be xɔse sẽŋu nanɔ wo si. Nɔviŋutsu Noumair gblɔ be, “Migaŋlɔe be ɣeaɖekeɣi o be nɔnɔme aɖeke mede blibo le nuɖoanyi sia me o.”
Nuteƒekpɔkpɔ Siwo Dea Dɔwɔwɔ Dzonɔamemetɔe ƒe Dzi Ƒo
Le sukuviawo ƒe Gilead hehexɔɣia la, wowɔ dutoƒosubɔsubɔdɔa si anye nu vevitɔ si woava awɔ le woƒe dutanyanyuigbɔgblɔ dɔdasiawo me la kwasiɖanuwuwu ɖesiaɖe. Wallace Liverance si hã wɔa dɔ le Gilead Sukua me bia gbe sukuvi 15, eye wogblɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔwo. Leon Weaver si nye Subɔsubɔ Kɔmitia me tɔ, kple Lon Schilling si nye Betel Dɔwo Dzikpɔkɔmiti me tɔ bia gbe alɔdze kɔmiti me tɔ siwo tso Afrika kple Latin Amerika, eye wogblɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo tso dutanyanyuigblɔlawo gbɔ eye woawo hã ɖo aɖaŋu nyui aɖewo na dutanyanyuigblɔla sukunuwulawo. Wogblɔ be dutanyanyuigblɔlawoe kpe ɖe amesiwo ade 90 le alafa me siwo xɔ nyɔnyrɔ le Sierra Leone le ƒe 1995 subɔsubɔƒea me la ŋu. Dɔwɔwɔ dzonɔamemetɔe ƒe nuŋlɔɖi nyui kae nye si!
Mlɔeba Milton Henschel, Habɔbɔa ƒe zimenɔla, ƒo nu le nyati si nye “Yehowa ƒe Habɔbɔa Tɔgbe Meli O” ŋu na nyasela 2,734 siwo kpe ta. Nukae na habɔbɔ bubu aɖeke megali de Mawu ƒe habɔbɔa nu o? Menye eme tɔwo ƒe agbɔsɔsɔ alo woƒe ŋusẽ ye o ke boŋ esi Mawu ƒe se kple nyametsotso dzɔdzɔewoe fiaa mɔe tae. Le blema la, Yehowa ƒe dukɔa, si nye Israel-dukɔa, ye wotsɔ Mawu ƒe nya kɔkɔewo de asi na, eye ena dukɔ ma to vovo tso bubu ɖesiaɖe gbɔ. (Romatɔwo 3:1, 2) Egbea Yehowa ƒe habɔbɔa wɔ ɖeka elabena Yesu Kristo ƒe kpɔkplɔ tee wòle dɔ wɔm le. (Mateo 28:19, 20) Ele ŋgɔ yim, le dzidzim ɖe edzi. Ðe habɔbɔ bubu aɖe gale anyigba dzi si ƒe Dziɖuha kpɔa Mawu ƒe Nya, Biblia, me hafi wɔa nyametsotso veviwoa? Le nusiawo kple mɔ bubuwo nu la, enye nyateƒe be habɔbɔ aɖeke megasɔ kple Yehowa ƒe habɔbɔ si wokpɔna la o.
Wotsɔ ɖaseɖigbalẽwo nana sukuviawo kple lɛta aɖe si sukuviawo ŋlɔ si gblɔ alesi wokpɔ ŋudzedze ɖe hehe tɔxɛ si woxɔ ŋui xexlẽ ƒo wɔna vivi sia tae.
[Aɖaka si le axa 22]
Sukuviawo Ŋuti Nyatakaka
Dukɔ siwo me wotso: 9
Dukɔ siwo me woɖo wo ɖo: 12
Sukuviawo ƒe xexlẽme: 48
Ƒe si woxɔ mamã dedie: 31.7
Ƒe si wole nyateƒea me mamã dedie: 13.8
Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔƒewo mamã dedie: 9.8
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Sukua ƒe Klass 101
Le amesiwo ƒe ŋkɔwo woŋlɔ ɖe ete me la, woxlẽ fliawo tso ŋgɔgbe yi megbee eye woŋlɔ ŋkɔawo tso miame yi ɖusime le fli ɖesiaɖe dzi.
(1) Swint, H.; Zezenski, A.; Highfield, L.; Mercado, S.; Diehl, A.; Chavez, V.; Smith, J.; Selenius, S. (2) Kurtz, D.; Clark, C.; Leisborn, J.; Mortensen, W.; Bromiley, A.; Toikka, L.; Marten, A.; Smith, D. (3) Zezenski, D.; Bjerregaard, L.; Garafalo, B.; Kaldal, L.; Chavez, E.; Fröding, S.; Khan, R.; Selenius, R. (4) Swint, B.; Bjerregaard, M.; Garafalo, P.; Holmblad, L.; Keyzer, M.; Fröding, T.; Palfreyman, J.; Palfreyman, D. (5) Minguez, L.; Leisborn, M.; Mercado, M.; Kurtz, M.; Diehl, H.; Toikka, J.; Clark, S.; Khan, A. (6) Minguez, F.; Marten, B.; Highfield, L.; Holmblad, B.; Bromiley, K.; Kaldal, H.; Mortensen, P.; Keyzer, R.