INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 12/1 axa 24-28
  • Yehowa Nye Sitsoƒe Nam

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Nye Sitsoƒe Nam
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Sasrãkpɔ Vevi Aɖe
  • Míaƒe Tenɔnɔ ɖe Biblia ƒe Nyateƒea ƒe Akpa Dzi
  • Dzidodo le Tsitretsiɖeŋu Sesẽwo Me
  • Avuwɔwɔ Kple Dɔdzedze Sesẽwo
  • Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ Togbɔ be Wotsi Tre Ðe Mía Ŋu Hã
  • Nudzɔdzɔ aɖe si Ðe Vi
  • Yehowa Wɔ Nyui Nam
  • Meke Ðe Kesinɔnu Vavãtɔ Ŋu Le Australia
    Nyɔ!—1994
  • Vi Enyi Hehe Le Yehowa Ƒe Mɔwo Nu Me Kuxiwo Kple Dzidzɔwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • ‘Mele Ƒu Tsom’ Wu Ƒe 50 Fifia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tsyɔ̃evi Tsiakogo Aɖe Ke Ðe Fofo Lɔ̃ame Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 12/1 axa 24-28

Yehowa Nye Sitsoƒe Nam

ABE ALESI PENELOPE MAKRIS GBLƆE ENE

Danye ɖe kuku nam vevie be: “Gbe srɔ̃wò; nɔviwòŋutsuwo adi bubu si nyo wu la na wò.” Nukatae danye lɔlɔ̃a di be magbe atsu? Nukae ku dzi nɛ nenema gbegbe?

WODZIM le ƒe 1897 me le Ambelos kɔƒedu sue aɖe me, le Greece-ƒukpo si nye Samos dzi. Míenye Greece Orthodɔks Sɔlemeha la me tɔ akuakuawo le míaƒe ƒomea me. Fofonye ku eteƒe medidi o koe wodzim, eye ehiã be mía kple Danye, kple nɔvinyeŋutsu etɔ̃awo míawɔ dɔ sesĩe hafi ato koɖoɖo sesẽ ƒe ɣeyiɣi mawo me.

Xexemeʋa I dzɔ le ƒe 1914 me, eye eteƒe medidi o la, wobia tso fonye eve si be woage ɖe asrafodɔ me. Gake wosi le dɔ ma nu yi Amerika gblẽ mía kple tsɛnye ɖe aƒea le Dada gbɔ. Ƒe ʋee aɖewo megbe le 1920 me la, meɖe Dimitris, ɖekakpui nufiala aɖe le mía de.

Sasrãkpɔ Vevi Aɖe

Le nye srɔ̃ɖeɖe megbe teti ko la, nyruinye ɖi tsa tso Amerika va srã mí kpɔ. Etsɔ Studies in the Scriptures si Charles Taze Russell ŋlɔ ƒe bablaawo dometɔ ɖeka ɖe asi vɛ. Biblia Nusrɔ̃viwo, siwo woyɔna egbea be Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽ ye.

Esi Dimitris ʋu agbalẽa la, ekpɔ nyati aɖe si ŋu wòbuna tso eƒe ɖevime ke le eme, esi nye “Nukae dzɔna ɖe ame dzi ne eku?” Esi wònɔ suku kɔkɔ la, ebia nya sia tututu Greece Orthodɔks ƒe mawunyanyala aɖe gake mese eŋuɖoɖo adodoe aɖeke o. Numeɖeɖe si me kɔ eye susu le eme si wona le agbalẽa me la dzɔ dzi na Dimitris ale gbegbe be eyi ɖe mía de ƒe kɔfinoƒe tẽ, afisi Greece-ŋutsuwo lɔ̃a ƒuƒoƒo ɖo. Egblɔ nusiwo wòxlẽ le Biblia me la na wo le afima.

Míaƒe Tenɔnɔ ɖe Biblia ƒe Nyateƒea ƒe Akpa Dzi

Le ɣeyiɣi sia me lɔƒo—le ƒe 1920 ƒe ƒeawo ƒe gɔmedzedze la—aʋa bubu gadzɔ le Greece. Wozi Dimitris dzi sesẽe de asrafodɔ me eye woɖoe ɖe Turkey-nyigba dzi, le Asia Sue. Exɔ abi eyata woɖoe ɖe aƒe. Esi wòhaya la, mekplɔe ɖo míeyi Smyrna, Asia Sue (si woyɔna fifia be Izmir, Turkey). Esi aʋa la ke kpata le ƒe 1922 me la, ele be míasi. Le nyateƒe me la, bebli hafi míete ŋu kpɔ tɔdziʋu gbagbã aɖe ɖo si yi Samos. Esi míeɖo aƒe la, míedze klo da akpe na Mawu—Mawu aɖe si ŋuti míenya nu boo aɖeke le o.

Eteƒe medidi o, woxɔ Dimitris be wòafia nu le suku aɖe si le Vathy si nye ƒukpoa ƒe fiadu me. Eganɔ Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe agbalẽwo xlẽm, eye gbeɖeka zã me si tsi nɔ dzadzam la, wo ame eve tso Chios-ƒukpo dzi va srã mí kpɔ. Wogbɔ tso Amerika be yewoava wɔ mɔɖeɖedɔ. Wotsi mía gbɔ dɔ, eye wogblɔ Mawu ƒe tameɖoɖowo ŋuti nya geɖewo na mí.

Emegbe Dimitris gblɔ nam be: “Penelope, mekpɔ be nyateƒea enye sia, eye ele be madze eyome. Esia fia be ele be madzudzɔ hadzidzi le Greece Orthodɔks Ha la me eye be nyemate ŋu agade sɔleme hã kple sukuviawo o.” Togbɔ be míenya nu boo le Yehowa ŋu o hã la, didi sesẽ aɖe nɔ mía me be míasubɔe. Eyata meɖo eŋu be: “Nyemaxe mɔ na wò o. Yi edzi ko.”

Etɔ sẽ gagblɔ be: “Ẽ, gake ne wova nya nusi wɔm míele la, woaxɔ dɔ le asinye.”

Megblɔ nɛ be: “Mègatsi dzi o, amesiamee nyea nufiala hafi ɖua nua? Míeganye sɔhɛwo ko eye ŋusẽ le mía ŋu, eye le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, míate ŋu akpɔ dɔ bubu.”

Le ɣeyiɣi sia me la, míese be Biblia Nusrɔ̃vi bubu—si hã nye mɔɖela—va Samos. Esi míese be kpovitɔwo gbe mɔɖeɖe nɛ be wòaƒo Biblia me dutoƒonuƒo la, míeyi ɖadii. Míeke ɖe eŋu le fiase aɖe me wo kple Greece Orthodɔks mawunyanyala eve wonɔ dze ɖom. Esi ŋukpe lé mawunyanyalaawo le esi womete ŋu zã Biblia tsɔ ʋli woƒe dzixɔsewo tae o ta la, wodzo le afima enumake. Alesi mɔɖela la ƒe sidzedze wɔ dɔ ɖe srɔ̃nye dzii la na wòbiae be: “Aleke wɔ wò ya nènya Biblia alea?”

Eɖo eŋu be: “Míesrɔ̃a Biblia la ɖe ɖoɖo nu.” Eʋu eƒe akplo, eye wòɖe nusrɔ̃gbalẽ si nye The Harp of God ɖe go eye wòfia alesi wozãa agbalẽ sia le nusɔsrɔ̃ mee la mí. Míedi vevie be míasrɔ̃ nu ale gbegbe be mía kple srɔ̃nye, mɔɖela la, kpakple ŋutsu eve bubu míedze fiasetɔa yome enumake yi eƒeme. Mɔɖela la tsɔ The Harp of God ɖekaɖeka na mía dometɔ ɖesiaɖe, eye míedze nusɔsrɔ̃a gɔme zi ɖeka. Míenɔ nusɔsrɔ̃a dzi kaka zã ga wuieve ƒo to eŋu, eye esi fɔŋli yina ɖoɖo ge la, míesrɔ̃ Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe hawo.

Tso ɣemaɣi dzi yina la, medze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme gaƒoƒo geɖe gbesiagbe. Biblia Nusrɔ̃vi siwo le duta nɔa Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖom ɖe mí. Le January 1926 me la, meɖe adzɔgbe na Mawu le gbedodoɖa me, eye metsɔ ɖokuinye ke bliboe hena eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ. Ƒe ma ƒe dzomeŋɔli me mía kple srɔ̃nye míetsɔ nyɔnyrɔxɔxɔɖetsime ɖo kpe míaƒe adzɔgbeɖeɖea dzii. Enye míaƒe didi vevie be míaƒo nu tso nusiwo míenɔ sɔsrɔ̃m ŋu na ame bubuwo, eyata míedze ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu dɔa gɔme kple trakt si nye Message of Hope (Mɔkpɔkpɔ Gbedasi).

Dzidodo le Tsitretsiɖeŋu Sesẽwo Me

Gbeɖeka ɖetugbi aɖe kpem be míade kplɔ̃ ŋu le Greece Orthodɔks sɔlemexɔ sue aɖe me. Meɖe nu me nɛ be: “Meganye mɔ ma nue mesubɔa Mawu le o. Fifia nyateƒe kple gbɔgbɔ mee mesubɔnɛ le, abe alesi Biblia fiae ene.” (Yohanes 4:23, 24) Ewɔ nuku nɛ ŋutɔ eye wògblɔ nusi dzɔ na amesiame, eyɔ srɔ̃nye hã ŋkɔ de eme.

Amesiame kloe va nɔ tsitre tsim ɖe mía ŋu. Mía ŋuti megafana le afi aɖeke o—le mía ƒeme loo alo le kpekpe siwo míewɔna kple ɖetsɔlemetɔ ʋee siwo le ƒukpoa dzi me o. Orthodɔks nunɔlawo dea adã tame na amewo wova ƒoa ƒu ɖe xexe le aƒe si me míewɔa kpekpea le nɔa kpe dam henɔa mía dzum.

Esime míenɔ trakt si nye Message of Hope la mãm la, ɖeviwo ƒoa ƒu nɔa “Ƒe Akpe Ðeka Tɔwo” kple fewuɖuŋkɔ bubuwo yɔm na mí. Srɔ̃nye ƒe dɔwɔhatiwo hã va nɔ nya dim nɛ. Le ƒe 1926 ƒe nuwuwu lɔƒo la, wokplɔe yi ʋɔnui be medze afia nu le dziɖuɖusuku me o, eye wobu fɔe, dee game ŋkeke 15.

Esi Dada se nya sia la, egblɔ nam be madzo le srɔ̃nyea gbɔ. Meɖo eŋu nɛ be: “Nɔnye lɔlɔ̃a, èle esema, ènya alesi gbegbe melɔ̃ wò eye mebua wò hãe, eye nye hã menyae. Gake nyemate ŋu aɖe mɔ nàxe mɔ na mí be míagasubɔ Yehowa, Mawu vavã la o.” Etrɔ dzo yi aƒe kple vevesese gã aɖe.

Le ƒe 1927 me la, Biblia Nusrɔ̃viwo wɔ takpekpe aɖe le Athens, eye Yehowa ʋu mɔ na mí míede. Takpekpe kple haxɔsetɔ gbogbo mawo do dzidzɔ na mí ŋutɔ eye wòdo ŋusẽ mí le gbɔgbɔ me. Esi míegbɔ va Samos la, míemã trakt si nye A Testimony to the Rulers of the World (Ðaseɖiɖi na Xexeamedziɖulawo) ɖekaɖeka 5,000 le míaƒe ƒukpoa dzi duwo kple kɔƒewo me.

Le ɣemaɣi lɔƒo la, wonyã Dimitris le eƒe nufiadɔa me, eye esi womelɔ̃a míaƒe nya o ta la, dɔkpɔkpɔ sesẽ na mí ŋutɔ. Gake esi menya nutɔtɔ eye Dimitris nye aŋɔsila nyui aɖe ta la, míete ŋu kpɔa ga wɔa míaƒe nuhiahiãwoe. Le ƒe 1928 me la, wode srɔ̃nye kple nɔvi Kristotɔ ene siwo le Samos game dzinu eve ɖe gbeƒãɖeɖe nyanyuia ta. Esi wònye nye koe gasusɔ nye Biblia Nusrɔ̃vi si nɔ ablɔɖe me la, mete ŋu naa nuɖuɖu wo le gaxɔa me.

Avuwɔwɔ Kple Dɔdzedze Sesẽwo

Ɣeaɖeɣi la, dzimedɔ aɖe si naa woliana si ŋu womenya nu le ɣemaɣi o si nɔa ame ŋu ɣeyiɣi didi la va nɔ fu ɖem nam. Nu meganya ɖuna nam o eye asrã vɔ̃ɖi aɖe ɖea fu nam. Atike si wonɔ wɔwɔm nam ƒe akpa aɖee nye be wodem akalo me tso kɔ gbɔ vaseɖe ata gbɔ. Le ganyawo ta srɔ̃nye dzra anyigba aɖe be yeatsɔ anɔ dɔa damee nam. Mesea veve ŋutɔ eyata medoa gbe ɖa biaa ŋusẽdodo tso Mawu gbɔ gbesiagbe.

Ne ƒometɔwo va srãm kpɔ la, wonɔa tsitretsiɖeŋunyawo gbɔgblɔ dzi ɣesiaɣi. Dada gblɔ be esi míege ɖe ha bubu me tae míele fu siawo katã kpem ɖo. Nyemate ŋu aʋã o eyata mefaa avi ɖe suɖui dzi ne mele kuku ɖem na mía Fofo si le dziƒo la be wòana dzigbɔɖi kple dzideƒom be mate ŋu ado dzi.

Medaa nye Biblia kple agbalẽviwo kpakple traktwo ɖe nye abati xa be matsɔ ana amesiwo va srãam kpɔ. Enye yayra be mía ƒemee míewɔa míaƒe hame sue la ƒe kpekpewo le; mete ŋu xɔa gbɔgbɔ me dzideƒo edziedzi. Ehiã be míagadzra anyigba bubu atsɔ axe ɖɔkta bubu si le Athens ƒe atikewɔfee.

Eteƒe medidi o, míaƒe dzikpɔla mɔzɔla va srã mí kpɔ. Nɔnɔme si me wòkpɔm le hafi Dimitris hã ƒe dɔ gblẽ la te ɖe edzi ŋutɔ. Enyo dɔme kpe ɖe mía ŋu míewɔ ɖoɖo yi ɖanɔ Mytilene si le Lesbos-ƒukpo dzi. Míeʋu yi afima le ƒe 1934 me, eye Dimitris te ŋu kpɔ dɔ. Míekpɔ Kristotɔ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu nyui siwo kpɔ dzinye le nye dɔdzedzea me le afima. Vivivi la, meva haya keŋkeŋ le ƒe atɔ̃ ƒe dɔdada megbe.

Gake le ƒe 1946 me, le Xexemeʋa II megbe teti la, megava dze dɔ sesĩe, fifia ya dɔmedɔ si naa ƒo dzina ɖe ame nue. Metsi aba dzi dzinu atɔ̃ eye asrã vɔ̃ɖi aɖe dze dzinye, menɔ veve hã sem helĩhelĩ. Gake abe alesi mewɔnɛ tsã ene la, nyemedzudzɔ nuƒoƒo le Yehowa ŋu na amesiwo va srãam kpɔ gbeɖe o. Eva ka ɖe eme nam emegbe.

Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ Togbɔ be Wotsi Tre Ðe Mía Ŋu Hã

Wotsi tre ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu enuenu le Greece le aʋamegbeƒewo me. Wolé mí zi gbɔ zi geɖe le aƒeme yi aƒeme dɔa wɔwɔ me. Ɣeyiɣi siwo katã srɔ̃nye nɔ game la ade ƒe ɖeka kloe. Zi geɖe ne míedze mɔ yina gbeadzi la, míewɔa ɖoɖo be míatsi kpovitɔwo gbɔ adɔ ne wolé mí. Gake Yehowa megblẽa mí ɖi gbeɖe o. Ɣesiaɣi enaa dzideƒo kple ŋusẽ si hiã bene míate ŋu ado dzi la mí.

Le ƒe 1940 ƒe ƒeawo me la, mexlẽ ɖoɖo si wowɔ be woawɔ mɔkeke mɔɖeɖedɔa le Informant (si nye Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ fifia) me. Meɖoe be mawɔ subɔsubɔdɔ sia si bia be woazã gaƒoƒo 75 ɣleti sia ɣleti le subɔsubɔdɔa me. Ena be nye tɔtrɔyiwo kple Biblia-nusɔsrɔ̃wo dzi ɖe edzi—ɣeaɖeɣi la, menɔ nusɔsrɔ̃ 17 wɔm kwasiɖa sia kwasiɖa. Meɖo magazine ƒe ademɔ hã ɖe Mytilene-dua ƒe afisi dɔwɔƒewo le eye menaa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! siwo ade 300 le afima le fiasewo, dɔwɔƒewo kple gadzraɖoƒewo.

Esi dzikpɔla mɔzɔla aɖe va míaƒe hamea me le ƒe 1964 me la, egblɔ be: “Nɔvinyɔnu Penelope, mekpɔ le wò Gbeƒãɖela ƒe Nuŋlɔɖigbalẽvi dzi be èle dzidzedze nyuiwo kpɔm ŋutɔ le wò subɔsubɔdɔa me. Màbia be yeawɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa oa?” Manɔ akpe dam ɖaa ɖe eƒe dzideƒo sia ta; mese vivi le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me ƒe blaetɔ̃ kple edzivɔwo.

Nudzɔdzɔ aɖe si Ðe Vi

Nuto aɖe le Mytilene si me amewo sɔ gbɔ ɖo, si woyɔna be Langada, afisi Greecetɔ sitsoƒedilawo nɔ. Míelɔ̃a aƒeme yi aƒeme dɔa wɔwɔ le afima o le zazɛ̃nyahelawo ƒe tsitretsiɖeŋu siwo míedo goe ta. Gake esime wode srɔ̃nye game la, nuto sia me koe mato hafi ava srãe kpɔ. Gbeɖeka si tsi nɔ dzadzam la, nyɔnu aɖe yɔm yi eƒemee eye wòbiam be nukatae wode srɔ̃nye game hã. Meɖe eme nɛ be gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒea ƒe nyanyuia tae eye abe alesi Kristo kpe fui la, nenema ke eya hã le fu kpemee.

Ɣebubuɣi nyɔnu bubu hã gawɔ ɖoɖo be mava to ye ƒeme. Esi meva ɖo la, mekpɔ be eyɔ nyɔnu 12 da ɖi. Nye susu gblɔ nam be woate ŋu atsi tre ɖe ŋunye, eyata medo gbe ɖa na Mawu be wòana nunya kple dzideƒom matsɔ adze ŋgɔ nusianu si adzɔe. Nyabiabiawo nɔ nyɔnuawo si fũ, eye wo dometɔ aɖewo gblɔ tsitretsiɖeŋunyawo, gake mete ŋu ɖo wo ŋu na wo tso Ŋɔŋlɔawo me. Esi metso be madzo la, nyɔnu si ƒemee wònye la gblɔ nam be magava ŋkeke eveagbe. Melɔ̃ ɖe amekpekpea dzi dzidzɔtɔe. Esi mía kple nye zɔhɛ aɖe míeyi ŋufɔke la, míekpɔ be nyɔnuawo va ɖo xoxo nɔ lalam.

Le ema megbe la, míenɔ Ŋɔŋlɔawo me dzrom edziedzi, eye míedze Biblia-nusɔsrɔ̃ geɖe gɔme. Nyɔnuawo dometɔ geɖe yi ŋgɔ le sidzedze vavãtɔ xɔxɔ me, eye nenema ke nye woƒe ƒomewo hã. Ƒuƒoƒo sia va zu Yehowa Ðasefowo ƒe hame yeye ƒe gɔmeɖoanyi le Mytilene.

Yehowa Wɔ Nyui Nam

Yehowa yra ɖe mía kple srɔ̃nye ƒe agbagbadzedze be míasubɔ Ye la dzi le ƒeawo me. Ðasefo ʋee siwo nɔ Samos le ƒe 1920 ƒe ƒeawo me la dzi ɖe edzi zu hame eve kple ƒuƒoƒo ɖeka si me tɔwo ade gbeƒãɖela 130. Eye le Lesbos-ƒukpoa dzi la, hame ene kple ƒuƒoƒo atɔ̃ siwo me Fiaɖuƒe gbeƒãɖela 430 le ye li. Srɔ̃nye tsɔ dzonɔameme wɔ Mawu Fiaɖuƒea ƒe gbeƒãɖeɖedɔa vaseɖe eƒe kuɣi le ƒe 1977 me. Mɔnukpɔkpɔ kae nye si be makpɔ amesiwo ŋu míekpe ɖo dzo naganɔ wo me le subɔsubɔdɔa me! Woawo kple wo viwo kple tɔgbuiyɔviwo, kple tɔgbuitɔgbuiyɔviwo nye ameha gã aɖe siwo le Yehowa subɔm ɖekae!

Nuwo menɔ bɔbɔe nam le nye Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ si va ɖo fifia xɔ wu ƒe 70 la me o. Gake Yehowa nye mɔ̃ sesẽ si ɖeke mesɔ kple o nam. Le tsitsi kple ŋusẽvɔleameŋu ta la, meva zu abadzitsila eye gbeƒãɖeɖedɔ sue aɖe ko mete ŋu gawɔna. Gake abe hakpala la ene la, mate ŋu agblɔ na Yehowa be: “Nye sitsoƒe kple nye mɔ̃ sesẽ nènye, nye Mawu, si ŋu meɖoa ŋu ɖo.”—Psalmo 91:2.

(Nɔvinyɔnu Makris ku esime míenɔ nyati sia ŋlɔm. Dziƒomɔkpɔkpɔe le esi.)

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Mía kple srɔ̃nye le ƒe 1955 me

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

January 1997 mee Nɔvinyɔnu Makris axɔ ƒe 100 hafi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe