Sɔhɛ Siwo Ðoa Ŋku Wo wɔla Dzi
“Ðo ŋku wɔwòla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me.”—NYAGBLƆLA 12:1.
1. Nya kawoe ƒe 11 vi aɖe gblɔ si fia be ebu mía Wɔla la ame ŋutɔŋutɔe?
ALEKE wònyoe nye si ne sɔhɛwo ƒoa nu hewɔa nu le mɔ si fia be wobua Yehowa Mawu be enye ame ŋutɔŋutɔ si ƒe nu nyoa yewo ŋu eye yewodi be yewoƒe nu nadze eŋu! Ŋutsuvi ƒe 11 vi aɖe gblɔ be: “Ne nye ɖeɖe meli eye metsɔ ŋku to fesre nu kpɔ xexe ɖa la, mekpɔa alesi gbegbe Yehowa ƒe asinudɔwɔwɔwo wɔ nukui. Eye mebua tame le alesi Paradisoa me adze anii le etsɔme kple alesi mate ŋu aka asi lãwo ŋu ɣemaɣii la ŋu.” (Yesaya 11:6-9) Egblɔ kpee be: “Ne nye ɖeɖe meli la, medoa gbe ɖa na Yehowa. Menya be makpɔ dziku ɖe ŋunye be mele nuƒoƒo dzi na ye ɣesiaɣi o. Menya be eli ŋutɔŋutɔ le kpɔyem.” Ðe nèbua mía Wɔla la be enye amesi li ŋutɔŋutɔ abe ŋutsuvi sia enea?
Aleke Nèbua Mawu Ame Ŋutɔŋutɔe?
2. (a) Aleke nàwɔ Wɔwòla la nazu ame ŋutɔŋutɔ na wò? (b) Akpa kae dzilawo ate ŋu awɔ le kpekpe ɖe wo viwo ŋu me be woakpɔe adze sii be ame ŋutɔŋutɔe Mawu nye?
2 Be Yehowa kple eƒe ŋugbedodowo nanye nu ŋutɔŋutɔ na wò la, ele be gbã nàsrɔ̃ nu le eyama kple etsɔme wɔnuku si gbɔna le dzɔdzɔenyenyexexe yeyea me si ŋu Biblia ƒo nu le si wòtsɔ ɖo ŋkuwòme la ŋu. (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Ne dziwòlawo fia nusiawo wò la, ele be nàda akpe elabena esia kpena ɖe ŋuwò be nàwɔ ɖe sedede si tso gbɔgbɔ me dzi be: “Ðo ŋku wɔwòla dzi.” (Míawoe te gbe ɖe edzi.) (Nyagblɔla 12:1) Ðetugbi aɖe gblɔ le hehe si wòxɔ tso edzilawo gbɔ le ɖevime ŋu be: “Yehowa gbɔe nusianu si le agbe me la gbugbɔna yina ɣesiaɣi. Nusiae nye nu vevitɔ si kpe ɖe ŋunye be meɖoa ŋku Wɔnyela dzi.” Ðetugbi bubu gblɔ be: “Manɔ akpedada na dzinyelawo dzi ɖaa be wofiam be ame ŋutɔŋutɔe Yehowa nye. Wofia alesi malɔ̃e lam eye wogblɔ dzidzɔ si le ɣeyiɣiawo katã tsɔtsɔ subɔe me nam.”
3, 4. Nukae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàbu Yehowa ame ŋutɔŋutɔe?
3 Gake esesẽna na ame geɖe be woakpɔe le susu me be ame ŋutɔŋutɔ si tsɔ ɖe le yewo mee Mawu nye. Ele na wò hã nenemaa? Gbetakpɔxɔ me nya siawo kpe ɖe ɖevi aɖe ŋu be wòabu Mawu ŋu abe ame ŋutɔŋutɔ ene: “Aleke gbegbe Yehowa Mawu loloe le eya ametia ƒe lolome gome o, míenya o.” Nyateƒee, menye Mawu ƒe ametia ƒe lolome alo dzedzeme mee eƒe gãnyenye le o, abe alesi nyagbe si kplɔe ɖo le Gbetakpɔxɔ ma me gblɔe ene be: “Eƒe gãnyenye ŋutɔŋutɔ le Mawu si ƒomevi wònye me,” nyateƒee, nuteƒewɔla, nublanuikpɔla, lɔlɔ̃, kple tsɔtsɔke Mawue wònye.a (Mose II, 34:6; Mose V, 32:4; Psalmo 86:5; Yakobo 5:11) Amesia ƒomevie nèva bua Yehowae, be enye xɔlɔ̃ si dzi nàte ŋu aka ɖo, amesi nàte ŋu ado ƒome xɔasi aɖe kplea?—Yesaya 41:8; Yakobo 2:23.
4 Yesu kpe ɖe eyomedzela gbãtɔwo ŋu be ƒomedodo ɖo wo kple Mawu dome. Eyata esi apostolo Yohanes nɔ nu ŋlɔm tso tsitretsitsi na dziƒogbenɔnɔ si wònɔ mɔ kpɔm na ŋu la, Yohanes gblɔ be: “Míaɖi [Mawu]; elabena míakpɔe alesi wòle.” (Yohanes I, 3:2; Korintotɔwo I, 15:44) Woate ŋu akpe ɖe sɔhɛwo ŋu egbea be woabu Mawu amesi li ŋutɔŋutɔe, be enye amesi woate ŋu ava nya nyuie togbɔ be womate ŋu akpɔe ŋutɔŋutɔ o hã. Ðekakpui aɖe gblɔ be: “Dzinyelawo biaa nya geɖem tsɔna kpena ɖe ŋunye be maɖo ŋku Yehowa dzi, abe nya siawo ene, ‘Nukae Yehowa agblɔ? Aleke nàɖe eme le wò ŋutɔ wò nyagbɔgblɔ mee?’” Ðe biabia siawo tɔgbe menaa míebua tame le ƒomedodo si le mía kple Mawu dome ŋu oa?
Nusi Ŋkuɖoɖo Edzi Fia
5. Biblia me kpɔɖeŋu kawoe fia be menye ŋkuɖoɖo ame ƒe ŋkɔ dzi koe nye ŋkuɖoɖo ame dzi o?
5 Wɔwɔ ɖe sedede si nye “Ðo ŋku wɔwòla dzi” la dzi bia nu geɖe wu tamebubu le Yehowa ŋu ɖeɖeko. Ebia dɔwɔwɔ, nusi dzea eŋu wɔwɔ. Esi nuvlowɔla la ɖe kuku na Yesu be “Ðo ŋku dzinye, ne èva ɖo wò fiaɖuƒe la me” la, edi be Yesu nawɔ nusi yi ŋgɔ wu ŋkuɖoɖo eƒe ŋkɔ dzi ko. Edi be Yesu nawɔ nane, edi be nefɔ ye ɖe tsitre. (Luka 23:42) Nenema ke esi Yosef nɔ game eye wòbia tso Farao ƒe ahakula si be wòaɖo ŋku ye dzi na Farao la, edi be woawɔ nane na ye. Eye esi Hiob ɖe kuku na Mawu be “Naɖo ŋku dzinye” la, Hiob nɔ biabiam be ɣeyiɣi aɖe le etsɔme la, Mawu nawɔ nu afɔ ye ɖe tsitre.—Hiob 14:13; Mose I, 40:14, 23.
6. Aleke Hebrigbe me nya si wozãna na “ɖo ŋku dzi” fia lɔlɔ̃ na nusi alo amesi dzi woɖo ŋkui?
6 Agbalẽ aɖe gblɔ be Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “ɖo ŋku dzi” fiaa “susu ƒe kukuɖenuŋu lɔlɔ̃tɔe kple nuwɔna si kpena ɖe ŋkuɖoɖodzia ŋu.” Míate ŋu akpɔ alesi “kukuɖenuŋu lɔlɔ̃tɔe” dze le nya “ɖo ŋku dzi” me le nyatoƒoe si ‘ameha tsakatsakawo’ to le gbeadzi la me, be: “Míeɖo ŋku tɔmelã, siwo míeɖuna le Egipte . . . dzi”! Abe alesi Hiob ɖe kuku be Mawu neɖo ŋku ye dzi na nyui ene la, nenema ke Xizkiya, Nexemya, Dawid, kple hakpala aɖe si ŋkɔ womeyɔ o hã ɖe kukui be Yehowa neɖo ŋku yewo dzi lɔlɔ̃tɔe ɖe yewoƒe nuteƒewɔwɔ ta.—Mose IV, 11:4, 5; Fiawo II, 20:3; Nexemya 5:19; 13:31; Psalmo 25:7; 106:4.
7. Ne míeɖoa ŋku Mawu dzi lɔlɔ̃tɔe la, aleke wòakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbenɔnɔ dzii?
7 Eyata míate ŋu abia be ‘Ðe míeɖoa ŋku mía Wɔla la dzi lɔlɔ̃tɔe eye míetsria nusianu si ado dziku nɛ alo avee wɔwɔa?’ Nyɔnuvi aɖe gblɔ be: “Dada kpe ɖe ŋunye menya be seselelãme le Yehowa si, eye tso ɖevime ke la, menya be nye nuwɔnawo wɔa dɔ ɖe edzi.” (Psalmo 78:40-42) Bubu ɖe nu me be: “Menya be nye nuwɔna ana woate ŋu aɖo gbe si Satana tɔ Yehowa la ŋu alo axe mɔ na eŋuɖoɖo. Medi be mado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi, ale nu ma kpe ɖe ŋunye eye wògale kpekpem ɖe ŋunye vaseɖe egbegbe.”—Lododowo 27:11.
8. (a) Dɔ ka wɔwɔe afia be míeɖoa ŋku Yehowa dzi lɔlɔ̃tɔe? (b) Nyabiabia kawo ŋue nunya le eme be sɔhɛwo nabu?
8 Nyateƒee, menye ɣesiaɣie ŋkuɖoɖo Yehowa dzi to dɔ si dzea eŋu wɔwɔ bliboe me nɔa bɔbɔe le xexe vɔ̃ɖi sia me o. Gake aleke gbegbe wòanyoe nye si ne ète ŋu srɔ̃ ƒe alafa gbãtɔ me ɖekakpui si nye Timoteo—ne míeda sɔhɛ Mawu vɔ̃la akpe geɖe siwo li egbea ɖe akpa—to Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me! (Dɔwɔwɔwo 16:1-3; Tesalonikatɔwo I, 3:2) Gake míate ŋu abia be, Ðe nàte ŋu akpɔ ɖokuiwò dzi le mɔɖeɖedɔa mea? Eye ne èva ɖe srɔ̃ la, ɖe ŋutete anɔ ŋuwò nàkpɔ wò ƒomea dzia? (Timoteo I, 5:8) Nyabiase siawo le vevie, eye ele vevie be nàbu wo ŋu nyuie.
Sukudede Le Susu Tɔxɛ aɖe Ta
9. Nyametsotso kae dze ŋgɔ sɔhɛwo le sukudede ŋu?
9 Esi nu vovovowo va le bɔbɔm ɖe ameƒomea me la, ahiã sukudede yi ŋgɔe hafi nàkpɔ dɔ nyui aɖe awɔ atsɔ akpɔ ɖokuiwò dzii le mɔɖeɖedɔa me. Ðewohĩ ède dzesii be ehiãna be yunivɛsitidela aɖewo kura hã nagayi suku asrɔ̃ nu yeye siwo dɔtɔwo dina tso ame si egbea. Eyata afikae sɔhɛ siwo di be yewoadze Mawu ŋu ade suku asee? Ele be sedede si tso gbɔgbɔ me be “Ðo ŋku wɔwòla dzi” nanɔ susu me na wo woatsɔ awɔ nyametsotso si sɔe.
10. Hehe kae nye nyuitɔ kekeake si míate ŋu axɔ?
10 Nyateƒee, àdi be yeaxɔ hehe si xexemegbalẽnyala geɖe gɔ̃ hã buna be eyae nye hehexɔxɔ nyuitɔ—esi sua ame si to Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ nyuie me. Germaniatɔ agbalẽŋlɔla Johann Wolfgang von Goethe gblɔ be: “Alesi [dukɔ aɖe] de ŋgɔ le nunya mee la, nenemae wòanɔ bɔbɔe wui be woazã Biblia wòanye gɔmeɖose si dzi woatu hehenana ɖo kple dɔwɔnu si wozãna le eme.” Nyateƒee, Biblia sɔsrɔ̃ adzra wò ɖo nyuie na agbenɔnɔ wu sukudede bubu ƒomevi ɖesiaɖe!—Lododowo 2:6-17; Timoteo II, 3:14-17.
11. (a) Dɔ kae nye vevitɔ kekeake si li míate ŋu awɔ? (b) Nukatae sɔhɛ aɖe ɖoe be yeade suku aɖo afi aɖe?
11 Esi sidzedze Mawu naa wokpɔa agbe ta la, dɔ vevitɔ kekeake si li nàwɔ egbeae nye be nàkaka sidzedze ma na ame bubuwo. (Lododowo 3:13-18; Yohanes 4:34; 17:3) Gake be nàte ŋu awɔ dɔ sia nyuie la, ehiã be nàxɔ hehe vevi aɖewo. Ehiã be nàte ŋu abu tame nyuie, nànya alesi woagblɔ nya susu nanɔ eme, eye nànya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ hã nyuie—nusiawo nye nusiwo wofiana le suku. Eyata mègafe le wò suku nusɔsrɔ̃wo ŋu o, abe alesi Tracy si nye ɖetugbivi aɖe si le Florida, U.S.A., amesi wode dzesii be eƒe dɔwɔwɔ le suku kɔkɔ ƒe dodokpɔ nyo etɔxɛe ene. Egblɔ nusi nye eƒe mɔkpɔkpɔ be: “Enye nye taɖodzinu tso gbaɖegbe ke be manye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla na nye Mawu Yehowa, eye nye mɔkpɔkpɔe nye be nye sukudede akpe ɖe ŋunye maɖo taɖodzinu sia gbɔ.”
12. Ne woɖoe be woagayi suku akpee la, taɖodzinu ka gbɔe wòakpe ɖe ame ŋu woaɖo?
12 Èbu nusita nèle suku dem ŋu kpɔa? Alesi wòakpe ɖe ŋuwò nàsubɔ Yehowa nyuie wu taea? Ne eya tae la, ke àdi be yeabu alesi yeƒe sukudede le kpekpem ɖe ye ŋu le taɖodzinu sia gbɔ ɖoɖo me ŋu nyuie. Ne èbu eŋu kple dziwòlawo vɔ la, ɖewohĩ woatso nya me be nàgayi suku yi ŋgɔ kpee. Sukudede yi ŋgɔ sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ dɔ si nàtsɔ akpɔ ɖokuiwò dzii evɔ ɣeyiɣi aɖe nagasusɔ na wò eye ŋusẽ nanɔ ŋuwò na Fiaɖuƒedɔa wɔwɔ bliboe.—Mateo 6:33.
13. Aleke Russia Kristotɔ eve siwo gayi suku kpee la ɖe nusi nye woƒe taɖodzinu le agbe me fiae?
13 Amesiwo gadea suku kpee nɔa ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm le woƒe sukudeɣia ŋutɔ gɔ̃ hã. De ŋugble le Nadia kple Marina, ɖetugbivi ƒewuivi eve siwo le Moscow, Russia, ŋu kpɔ. Wo ame evea xɔ nyɔnyrɔ le April 1994 me eye wodze kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa gɔme. Medidi o wowu suku kɔkɔ nu eye woyi akɔntasrɔ̃suku si axɔ ƒe eve. Wodze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme le May 1995 me, gake dzeside kɔkɔtɔ koe woxɔna ɣesiaɣi le woƒe akɔnta dodokpɔwo me. Gawu la, ne wotsɔ wo ame evea ƒe dɔwɔwɔ ƒo ƒui la, wote ŋu wɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ 14 le mamã dedie nu kwasiɖa sia kwasiɖa esime woganɔ sukua dem. Ðetugbiviawo ƒe mɔkpɔkpɔe nye be yewoƒe akɔntasuku si dem yewole akpe ɖe yewo ŋu be yewoakpɔ dɔ nyui awɔ atsɔ akpɔ yewo ɖokui dzii le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me.
14. Eɖanye afikae míeɖo be míade suku asee o, nukae le be wòanye vevitɔ le míaƒe agbe me?
14 Ne èle suku si yi ŋgɔ wu afisi se bia be woadee aɖoe dem la, ke bu nusita nègale sukua dem kpee la ŋu nunyatɔe. Ŋkɔxɔxɔ kple ŋutilãmekesinɔnuwo kpɔkpɔ taea? (Yeremya 45:5; Timoteo I, 6:17) Alo wò taɖodzinue nye be yeazã suku si yegade kpee la awɔ Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa bliboe wua? Lydia, ɖetugbi aɖe si ɖoe be yeagayi suku kpee la gblɔ alesi eƒe susu le gbɔgbɔmenuwo dzii wònya se ale: “Ame bubuwo dea suku kɔkɔ eye woɖea mɔ ŋutilãmenudidi zua mɔxenu na wo eye woŋlɔa Mawu be. Le nye ya gonyeme la, mía kple Mawu dome ƒomedodoe nye nusi le vevie nam.” Nɔnɔme si dze kafukafu ƒe kpɔɖeŋu kae nye esi wònye na mí katã!
15. Aleke ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ƒe agbalẽnyanya to vovo tso wo nɔewo tɔ gbɔe?
15 Aɖe vi na mí be míanyae be ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ƒe agbalẽnyanya to vovo tso wo nɔewo tɔ gbɔ ale gbegbe. Le kpɔɖeŋu me, wobu apostolo Petro kple apostolo Yohanes be wonye ‘agbalẽmanyalawo kple amesiwo mexɔ hehe tɔxɛ o’ le esi womede rabisukuwo o ta. (Dɔwɔwɔwo 4:13) Gake apostolo Paulo ya xɔ hehe si míagblɔ be esɔ kple yunivɛsitidede egbea. Gake Paulo mezã hehexɔxɔ ma tsɔ do eɖokui ɖe dzii o; ke boŋ ede edzi le ɣeyiɣi siwo me woɖe gbeƒã na amesiwo le nɔƒe vovovowo le agbe me. (Dɔwɔwɔwo 22:3; Korintotɔwo I, 9:19-23; Filipitɔwo 1:7) Nenema ke Manahem si ‘wo kple nutomedziɖula Herodes woxɔ hehe’ hã nɔ amesiwo xɔ ŋgɔ le Antioxia-hamea me dome.—Dɔwɔwɔwo 13:1.
Nukatae Wòle Be Nànya Gazazã?
16. (a) Nukatae ŋkuɖoɖo mía Wɔla la dzi asesẽ wu ne fe le mía ŋu? (b) Aleke Yesu ƒe kpɔɖeŋuwo dometɔ ɖeka fia nuŋububu hafi azã ga ƒe vevienyenyee?
16 Ne mènya gazazã o la, ana nusi dzea Wɔwòla ŋu wɔwɔ atsɔ aɖo ŋku edzii wɔwɔ asẽ na wò wu. Nusitae nye be ne èɖu fe la, míate ŋu agblɔ be aƒetɔ bubu va le asiwò. Ale Biblia ɖe eme enye esi: “Amesi doa nugbana la, dɔla wònye na agbanatɔ.” (Lododowo 22:7) Yesu ƒe kpɔɖeŋuwo dometɔ ɖeka te gbe ɖe tamebubu hafi azã ga dzi. Yesu gblɔ be: “Ameka le mia dome, ne ele didim be, yeatu mɔ̃ la, mabɔbɔ nɔ anyi gbã, eye wòabu eŋu kɔnta, ne nu le esi, be wòawu enu la o mahã? Menye bena, ne eɖo egɔme anyi tso, eye mete ŋu wu enu o la, ne amesiwo katã kpɔe la, nade asi fewuɖuɖu me le eŋuti o.”—Luka 14:28, 29.
17. Nukata zi geɖe gazazã nyuie nyea nu sesẽ?
17 Eyata nunya le eme be nàdze agbagba anɔ agbe ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖose si gblɔ be “miganyi naneke ƒe fe le ame aɖeke si o” nu. (Romatɔwo 13:8) Gake esia wɔwɔ mele bɔbɔe o, vevietɔ ne wole nu yeye siwo boblodolawo be wohiã wò le nyateƒe me tsɔtsɔ ɖo ŋkuwòme dzi. Dzila aɖe si dze agbagba kpe ɖe viawo ŋu be woabu nuwo ŋu nyuie la gblɔ be: “Míezãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ ƒoa nu tso nusi nye nuhiahiã kple nusi nye nu dzroame ŋu.” Suku akpa gãtɔ mete ŋu fiaa nusiawo o, ne wofiaa nane tso gazazã nyuie ŋu hã la, menye nu boo aɖeke o. Hadomedɔwɔla aɖe gblɔ be: “Nusi míenyana tso nusiwo le dzogoe etɔ̃ me ŋu ne míedo le suku kɔkɔ la sɔ gbɔ wu esi míenya tso gadzadzraɖo ŋu.” Ke nukae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàzã ga nyuie?
18. Nukae nye nu vevi aɖe si akpe ɖe ame ŋu le gazazã nyuie me, eye nukatae?
18 Wɔwɔ ɖe sedede si nye “Ðo ŋku wɔwòla dzi” nye nu vevi siwo akpe ɖe ŋuwò le gazazã nyuie me dometɔ ɖeka. Nusitae nye be ne èwɔ ɖe se ma dzi la, nusi nye vevitɔ na wòe nye Yehowa ŋu dzedze, eye wò lɔlɔ̃ nɛ akpɔ ŋusẽ ɖe alesi nèzãa wò gae dzi. Ana màɖe mɔ wò nu dzroamewo nado kplamatse luʋɔ blibo ƒe ɖokuitsɔtsɔ na Mawu o. (Mateo 16:24-26) Àdze agbagba be yeƒe ŋku dzi ‘nadza,’ si fia be wòanɔ Mawu Fiaɖuƒea kple eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ dzi nyuie. (Mateo 6:22-24) Ekema àva bu nu si Mawu xlɔ̃ mí be “tsɔ wò kesinɔnuwo . . . [de] bubu Yehowa ŋu” la ŋu be enye mɔnukpɔkpɔ si me dzidzɔ le.—Lododowo 3:9.
Sɔhɛ Siwo ƒe Kpɔɖeŋu Dze na Sɔsrɔ̃
19. Aleke sɔhɛwo ɖo ŋku wo Wɔla dzii le blema?
19 Enye dzidzɔ be sɔhɛ geɖewo ɖo ŋku wo Wɔla dzi le blema kple fifia. Samuel si nye ɖevi dzaa lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le avɔgbadɔ me subɔsubɔdɔ wɔwɔ me togbɔ be wo kple wo tɔ siwo nɔ subɔsubɔm ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ate ŋu ablee hafi. (Samuel I, 2:12-26) Nyɔnu ametekpɔla kple amenublela Potifar srɔ̃ mete ŋu ble Yosef si nye ɖekakpui dzaa la nu de matrewɔwɔ me o. (Mose I, 39:1-12) Togbɔ be ‘ɖevi ko’ Yeremya nye hã la, eɖe gbeƒã dzideƒotɔe togbɔ be wotsi tre ɖe eŋuti sesĩe hã. (Yeremya 1:6-8) Israel-vi nyɔnuvi aɖe fia mɔ Aram-ʋafia sẽŋu aɖe vɔvɔ̃manɔmee be wòadi kpekpeɖeŋu le Israel, afisi wòate ŋu asrɔ̃ nu le Yehowa ŋu le. (Fiawo II, 5:1-4) Daniel kple eƒe zɔhɛ siwo nye ɖekakpuiwo lé woƒe xɔse me ɖe asi esi wodo wo kpɔ le Mawu ƒe nuɖuɖusewo ŋu. Eye ɖekakpui siwo nye Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego lɔ̃ be enyo na yewo be woatsɔ yewo aƒu gbe ɖe kpodzo bibi me wu esi yewoade ta agu na legba atsɔ agblẽ yewoƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu me.—Daniel 1:8, 17; 3:16-18; Mose II, 20:5.
20. Aleke sɔhɛ geɖe ɖo ŋku wo Wɔla dzii egbea?
20 Egbea sɔhɛ 2,000 kple edzivɔ siwo xɔ ƒe 19 va ɖo 25 le subɔsubɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã le New York Nutome, U.S.A. Amesiawo nye ame akpe nane siwo ɖoa ŋku wo Wɔla dzi le xexeame katã la dometɔ ʋee aɖewo ko. Abe Yosef si nɔ anyi le blema ene la, wogbe be yewomagblẽ yewoƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzadzɛnyenye me o. Wo dometɔ geɖe ɖo to Mawu wu amewo esi wozi wo dzi be woatia amesi woasubɔ. (Dɔwɔwɔwo 5:29) Le ƒe 1946 me le Poland la, wowɔ funyafunya Henryka Zur si xɔ ƒe 15 esi wògbe be yemawɔ trɔ̃subɔsubɔnu o. Amesiwo wɔ fui dometɔ ɖeka ɖo aɖaŋu nɛ be: “Àte ŋu asusu nusianu si va tame na wò faa. Wò ya wɔ Katolikotɔwo ƒe atitsoga dzesi la ko.” Esi nyɔnuvi sia gbe ta la, wohee yi avemee va da tui, gake megblẽ naneke le eƒe agbe mavɔ nɔnɔ mɔkpɔkpɔ si le esi la ŋu o!b
21. Amekpekpe kae nunya anɔ eme be nàlɔ̃ axɔ, eye nukae anye emetsonu?
21 Dzidzɔ ka gbegbe nye si wòado na Yehowa ƒe dzi be wòakpɔ sɔhɛ siwo ɖo ŋku edzi le ƒe alafawo me! Àwɔ ɖe amekpekpe si nye “Ðo ŋku wɔwòla dzi” la dzia? Le nyateƒe me la, edze be nàɖo ŋku edzi! Bu tame gbesiagbe le nusiwo katã wòwɔ na wò kple nusiwo wògale wɔwɔ dzi la ŋu, eye nàwɔ ɖe eƒe amekpekpea dzi be: “Vinye, dze nunya, be nado dzidzɔ na nye dzi, ne mate ŋu aɖo nya ŋu na [amesi] le alɔme ɖem le ŋunye.”—Lododowo 27:11.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a December 15, 1953, Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, axa 750.
b Kpɔ 1994 Yearbook of Jehovah’s Witnesses si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la ƒe axa 217-18.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
◻ Aleke woawɔ akpe ɖe sɔhɛwo ŋu be woabu Mawu ame ŋutɔŋutɔe?
◻ Nukae wòfia be nàɖo ŋku Wɔwòla dzi?
◻ Taɖodzinu ka gbɔe wòle be míaƒe sukudede naɖo?
◻ Nukatae gazazã le nunya me hiã vevie?
◻ Sɔhɛ kawoe dze be nàsrɔ̃?
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Èbu nusita nèle suku dem ŋu kpɔa?
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Èle gazazã nyuie srɔ̃ma?