Wofia Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ Mí
“Fia wò lɔlɔ̃num mawɔ, elabena nye Mawu nènye.”—PSALMO 143:10.
1, 2. (a) Ɣekaɣie wòle be woafia nu mí, eye kple taɖodzinu nyui ka? (b) Nukatae Yehowa ƒe nufiafia mí le vevie ale gbegbe ɖo?
GBESIAGBE si ame le agbe eye ŋutete le eŋu la, woate ŋu afia nane si ŋu viɖe le lae. Ele nenema le gowòme, eye nenema ke wòle le ame bubuwo hã gome. Gake nukae dzɔna ne woku? Womate ŋu afia naneke ame alo woasrɔ̃ naneke le nɔnɔme ma me o. Biblia gblɔe eme kɔ be ame kukuwo “menya naneke o.” Sidzedze mele Sheol, ameƒomea ƒe yɔdo me o. (Nyagblɔla 9:5, 10) Ðe wòfia be nufiafia mí, be míanɔ sidzedze nu ƒom ƒu, nye nu dzodzroa? Eku ɖe nusi wofia mí kple alesi míezãa sidzedze mae ŋu.
2 Ne xexemenuwo koe wofia mí la, ke etsɔme si anɔ anyi adidi boo aɖeke mele mía si o. Gake enye dzidzɔnya be le dukɔ ɖesiaɖe me la, wole Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ fiam amewo bene woate ŋu akpɔ agbe mavɔ. Yehowa, sidzedze si naa agbe ame Nala, dzie wotu mɔkpɔkpɔ sia ɖo.—Psalmo 94:9-12.
3. (a) Nukatae míate ŋu agblɔ be Yesue nye Mawu ƒe nusrɔ̃vi gbãtɔ? (b) Kakaɖedzi kae le mía si be Yehowa afia nu amegbetɔwo, eye vi kae wòaɖe?
3 Wofia Mawu Vi gbãtɔ, Eƒe nusrɔ̃vi gbãtɔ, be wòawɔ Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu. (Lododowo 8:22-30; Yohanes 8:28) Yesu hã ƒe nyawo fia be ye Fofo afia eƒe nu ame akpeakpewo. Nukawoe mía dometɔ siwo srɔ̃ nu tso Mawu gbɔ la ate ŋu akpɔ mɔ na? Yesu gblɔe be: “Woŋlɔ ɖe nyagblɔɖilawo me bena: ‘Eye wo katã woanye amesiwo Mawu fia nu wo.’ Amesiame, si see le Fofoa gbɔ, eye wòsrɔ̃e la, ava gbɔnye. . . . Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi xɔe se la, agbe mavɔ le esi.”—Yohanes 6:45-47.
4. Aleke Mawu ƒe nufiafia le vi ɖem na ame miliɔn gbogbo aɖewoe, eye mɔkpɔkpɔ kae le wo si?
4 Yesaya 54:13 me nya siwo wogblɔ na Mawu ƒe kpɔɖeŋunyɔnu, dziƒo Zion la, mee Yesu nɔ nya la yɔm tsoe. Via siwo nye Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la 144,000 siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzii ŋu koŋ ye nyagblɔɖi ma ku ɖo. Gbɔgbɔmevi mawo ƒe ame susɔeawo le dɔ dzi vevie egbea eye wole ŋgɔ xɔm le xexeame katã ƒe nufiafiadɔ aɖe me. Esia wɔe be Yehowa ƒe nufiafia le vi ɖem na ame miliɔn bubu geɖe siwo nye “ameha gã” la me tɔwo hã. Mɔnukpɔkpɔ si ɖeke mesɔ kple o be woayi nusɔsrɔ̃ dzi si ku matso eme o la le wo si. Le mɔ ka nu? Eyae nye be woate ŋu atsi agbe le “xaxa gã” si le du dzi gbɔna la me eye woanɔ agbe mavɔ le paradisonyigba dzi.—Nyaɖeɖefia 7:9, 10, 13-17.
Gbetete Ðe Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ Dzi Wu
5. (a) Nukae nye ƒe 1997 ƒea ƒe mawunyakpukpui? (b) Aleke wòle be míabu Kristotɔwo ƒe kpekpewo dedee?
5 Le ƒe 1997 me la, Psalmo 143:10 me nya siwo nye “Fia wò lɔlɔ̃num mawɔ” anɔ susu me na Yehowa Ðasefowo le hame siwo wu 80,000 le xexeame katã. Eyae anye ƒe 1997 ƒe ƒea ƒe mawunyakpukpui. Nya mawo siwo woaklã ɖe Fiaɖuƒe Akpatawo me wòadze nyuie la anye ŋkuɖodzi na mí be teƒe vevi aɖe si míasrɔ̃ nu le Mawu ƒe nufiafia ŋu le ye nye le hamea ƒe kpekpewo me, afisi míate ŋu anɔ nufiame ƒe ɖoɖo si matɔ te o la xɔm le. Ne míewɔ ɖeka kple mía nɔviwo le kpekpeawo me be míaƒe Nufiala Gãtɔ la nafia nu mí la, míate ŋu ase le mía ɖokui me abe hakpala la ene, amesi ŋlɔ be: “Dzi dzɔm, esime wogblɔ nam be: Mina míayi Yehowa ƒe me.”—Psalmo 122:1; Yesaya 30:20.
6. Abe alesi Dawid gblɔe ene la, nuka dzie míelɔ̃ ɖo?
6 Nyateƒe, míedi be woafia Mawu ƒe lɔlɔ̃nu mí wu be woafia míaƒe futɔ Abosam alo amegbetɔ madeblibowo ƒe lɔlɔ̃nu mí. Eyata abe Dawid ene la, míeʋua Mawu si míedea ta agu na hesubɔna la me be: “Elabena nye Mawu nènye; wò gbɔgbɔ nyui la nekplɔm to anyigba sɔsɔe dzi.” (Psalmo 143:10) Le didi be yeabɔbɔ nɔ alakpatɔwo gbɔ teƒe la, Dawid di boŋ be yeanɔ Yehowa ƒe tadeaguƒe. (Psalmo 26:4-6) Esi Mawu ƒe gbɔgbɔ la ate ŋu afia mɔ Dawid ƒe afɔ ta la, ate ŋu azɔ toƒe dzɔdzɔewo.—Psalmo 17:5; 23:3.
7. Aleke Mawu ƒe gbɔgbɔ wɔ dɔ ɖe Kristotɔwo ƒe hamea dzii?
7 Yesu Kristo, Dawid Gãtɔ, ka ɖe edzi na apostoloawo be gbɔgbɔ kɔkɔea afia nusianu wo eye wòaɖo ŋku nusiwo yegblɔ na wo la dzi na wo. (Yohanes 14:26) Tso Pentekoste-ŋkekea dzi ke la, Yehowa nɔ ‘Mawu ƒe nu goglo’ siwo le eƒe Nya si woŋlɔ ɖi la me ɖem fia vivivi. (Korintotɔwo I, 2:10-13) Ewɔ esia to mɔnu aɖe si wokpɔna si Yesu yɔ be “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la dzi. Dɔla sia naa gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo me wodzrona le nufiafiaɖoɖo si le Mawu ƒe amewo ƒe hamewo si la me le xexeame katã.—Mateo 24:45-47.
Wofiaa Yehowa ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ Mí le Míaƒe Kpekpewo Me
8. Nukatae gomekpɔkpɔ le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ me ɖea vi geɖe?
8 Zi geɖe la, nusiwo míesrɔ̃na kwasiɖa sia kwasiɖa le hamea ƒe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ me kuna ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ ŋu. Ðikekemanɔmee la, esia kpena ɖe mía ŋu míedzea ŋgɔ agbemedzimaɖitsitsiwo. Míesrɔ̃a gbɔgbɔ me nyateƒe goglowo alo Biblia me nyagblɔɖiwo le nusɔsrɔ̃ bubuwo me. Nu gbogbo kawo gbegbe nye si wofiaa mí le kpekpe siawo me! Le dukɔ geɖe me la, Fiaɖuƒe Akpatawo me yɔna tititi le kpekpe siawo me. Gake le dukɔ aɖewo me la, kpekpeawo dede yi to. Èsusu be anye nukae na? Ðe wòanye be ame aɖewo ɖea mɔ woƒe ŋutilãmedɔwo doa kplamatse woƒe ƒuƒoƒo ɖekae kple mí ‘be míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ mea’? Alo ɖe wòanye be míezãa gaƒoƒo geɖe ɖe hadomenuwɔnawo alo television kpɔkpɔ ŋu, si nana be vovo meganɔa mía ŋu na kpekpeawo katã dede oa? Ðo ŋku sedede si tso gbɔgbɔ me le Hebritɔwo 10:23-25 la dzi. Ðe kpekpe hena Mawu ƒe nufiame xɔxɔ mele vevie fifia boŋ wu esi ‘míekpɔ bena ŋkeke la le ɖoɖom’ oa?
9. (a) Aleke Subɔsubɔ Kpekpea ate ŋu adzra mí ɖoe na subɔsubɔdɔa wɔwɔ? (b) Nɔnɔme kae wòle be míaɖe fia ɖe ɖaseɖiɖidɔa wɔwɔ ŋu?
9 Míaƒe agbanɔamedzi vevitɔwo ƒe ɖee nye be míanye gbeƒãɖelawo na Mawu. Wotrɔ asi le Subɔsubɔ Kpekpea ŋu bene woafia dɔ sia wɔwɔ nyuie mí le eme. Míesrɔ̃a alesi míate ɖe amewo ŋui, nya si míagblɔ, alesi míawɔ ne woxɔ mí, kple nusi míawɔ ne wogbe nya si míetsɔ yii gɔ̃ hã. (Luka 10:1-11) Ne woƒo nu le gbeƒãɖeɖemɔnu siwo tsea ku ŋu le kwasiɖa sia kwasiɖa kpekpe siawo me eye wowɔ wo fia la, ekpena ɖe mía ŋu míedzrana ɖo nyuie be míaɖo amewo gbɔ menye le aƒeme yi aƒeme dɔa me ko o ke boŋ le ɖaseɖiɖi le ablɔwo dzi, le ʋuɖoƒewo, le ʋuwo me, le yameʋudzeƒewo, dɔwɔƒewo, alo le sukuwo me hã. Abe alesi míebiana ene be, “Fia wò lɔlɔ̃num mawɔ” la, míadi be míawɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ awɔ nusi ƒe dzi míaƒe Aƒetɔ la de ƒo na mí be: “Mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ƒe ŋku me, bena . . . woakafu mia Fofo, si le dziƒo.”—Mateo 5:16.
10. Aleke míawɔ akpe ɖe ‘amesiwo dze’ ŋu le nyateƒe me?
10 Wofia alesi míawɔ amewo nusrɔ̃lawoe hã mí le hamea ƒe kpekpe siawo me. Ne míenya ke ɖe ɖetsɔlemetɔwo ŋu alo míena agbalẽ ko la, míaƒe taɖodzinu ne míele tɔtrɔyiwo wɔm enye be míadze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme. Le gɔmesese aɖe nu la, ɖeko wòsɔ kple alesi nusrɔ̃laawo ‘nɔa amesiwo dze la gbɔe’ ale be wofiaa nusiwo ƒe se Yesu de na wo la wo. (Mateo 10:11; 28:19, 20) Le nyateƒe me la, wodzra mí ɖo nyuie ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ tsitotsito ŋu, elabena dɔwɔnu nyuiwo, abe Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me gbalẽa ene, le mía si. (Timoteo II, 4:5) Kwasiɖa sia kwasiɖa ne èyi Subɔsubɔ Kpekpea kple Teokrasi Subɔsubɔ Sukua la, dze agbagba nàse nya vevi siwo akpe ɖe ŋuwò be nànye Mawu ƒe subɔla si dze le go sia go me, amesi wɔa eƒe lɔlɔ̃nu la gɔme, eye nàtsɔ wo awɔ dɔe.—Korintotɔwo II, 3:3, 5; 4:1, 2.
11. Aleke ame aɖewo ɖee fiae be yewoxɔ Mateo 6:33 ƒe nyawo dzi se?
11 Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye be ‘míanɔ fiaɖuƒea kple yeƒe dzɔdzɔenyenye dim gbãgbiagbã.’ (Mateo 6:33) Bia ɖokuiwò se be, ‘Aleke matsɔ gɔmeɖose sia awɔ dɔe ne nusiwo wobia tso asinye le nye ŋutilãmedɔwɔƒe [alo le srɔ̃nye tɔ wɔƒe] axe mɔ na nye kpekpedede?’ Gbɔgbɔmemetsitsi geɖe atso aƒo nu na woƒe dɔtɔwo le nya la ŋu. Nɔvinyɔnu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla aɖe na eƒe dɔtɔ nya be yehiã ɣeyiɣi si yemava dɔ me o kwasiɖa sia kwasiɖa bene yeatsɔ ade hamea ƒe kpekpewoe. Dɔtɔa ɖe mɔa nɛ. Gake esi dɔtɔa di be yeanya nusiwo yia edzi le kpekpeawo me ta la, ebia be ye hã yeayi. Esi wòyi la, ese be woɖe gbeƒã nutome gã takpekpe aɖe si wogbɔna wɔwɔ ge. Ena be wòwɔ ɖoɖo be yeayi takpekpea ŋkeke ɖeka blibo. Nukae nèsrɔ̃ tso kpɔɖeŋu sia me?
Dzila Siwo Vɔ̃a Mawu Fia Yehowa ƒe Lɔlɔ̃nu Wo
12. Nukae wòle be dzila siwo nye Kristotɔwo natɔ afɔ to sesĩe awɔ dzigbɔɖitɔe hafi ate ŋu afia Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wo viwo?
12 Gake menye hamea ƒe kpekpewo kple takpekpewo me koe wofiaa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ame le o. Wode se na dzila siwo vɔ̃a Mawu be woamlã wo viwo, woahe wo, eye woanyi wo be woakafu Yehowa awɔ eƒe lɔlɔ̃nu. (Psalmo 148:12, 13; Lododowo 22:6, 15) Bene míawɔ esia la, ele be míakplɔ mía ‘viwo’ ayi kpekpeawoe bene woate ŋu ‘ase nu eye woasrɔ̃ nu’ le afima, gake ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo fiafia wo le aƒeme ya ɖe? (Mose V, 31:12; Timoteo II, 3:15) Ƒome geɖe dze agbagba vevie dze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ edziedzi gɔme nyuie, gake mexɔa ɣeyiɣi aɖeke hafi ɖoɖoawo me va nɔa gbegblẽm vivivi alo wova ɖea asi le eŋu kura o. Edzɔ ɖe dziwò alea kpɔa? Ðe nàgblɔ be nusɔsrɔ̃ wɔwɔ edziedzi ƒe aɖaŋu si woɖo la mesɔ o alo be wò ƒomea ya ƒe nyawo to vovo ale gbegbe be mawɔ dɔ le miawo ya gome oa? Eɖanye aleke miaƒe nyawo le o, mi dzilawo, taflatse migato nyati siwo nye “Míaƒe Gbɔgbɔmedomenyinu Xɔasi La” kple “Kutrikuku ƒe Viɖewo” siwo dze le August 1, 1995, ƒe Gbetakpɔxɔ me la me ake.
13. Aleke gbesiagbe mawunyakpukpuia me dzodzro ate ŋu aɖe vi na ƒomewoe?
13 Wode dzi ƒo na ƒomewo be woana gbesiagbe mawunyakpukpuia wɔwɔ le Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe me ŋkeke ɖesiaɖe nazu numãme na wo. Mawunyakpukpuia kple numeɖeɖeawo xexlẽ ɖeɖe hã nyo, gake eme dzodzro kple alesi woatsɔe ade dɔwɔwɔ mee gaɖea vi geɖe wu. Le kpɔɖeŋu me, ne ƒomea le Efesotɔwo 5:15-17 me dzrom la, woate ŋu asusu alesi ‘woaƒle ɣeyiɣi si sɔ’ hena ɖokuisinusɔsrɔ̃, ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖe wɔwɔ, kple teokrasi dɔdasi aɖewo wɔwɔ la ŋu. Nyateƒee, ne ƒomea dzroa gbesiagbe mawunyakpukpuia me la, ate ŋu ana ame ɖeka alo ame geɖe nadze si ‘nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ɖe edzi bliboe wu.’
14. Nufiala kawo tɔgbee Mose V, 6:6, 7 me nyawo fia be ele be dzilawo nanye, eye nukae esia wɔwɔ bia tso wo si?
14 Ele be dzilawo nanye nufiala siwo doa vevie nu fiaa nu wo viwo. (Mose V, 6:6, 7) Gake menye mokaka na ɖeviwo alo sedede na wo ko ƒe nyae o. Ehiã be vifofo kple vidada la naɖo to hã ale be woanya nusi me wòle be woaɖe, nusi me woakɔ, nusi ƒe kpɔɖeŋu woawɔ, alo agbugbɔ agblɔ. Le Kristotɔwo ƒe ƒome aɖe me la, dzilawo naa wo viwo biaa nusiwo gɔme womese o alo nusiwo ɖea fu na wo, bene woatsɔ ade dzi ƒoe na wo be woavo le wo ɖokui me aƒo nu faa. Ewɔe be wova kpɔ be esesẽna na yewo vi ƒewuivi aɖe be wòase egɔme be gɔmedzedze mele Yehowa si o. Dzilawo te ŋu zã Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽwo me nyawo tsɔ fiae be woda asi ɖe edzi be seɖoƒe meli na ɣeyiɣi kple yamenutome o. Kpɔɖeŋu ma kɔ nya la me, eye wo via se nya la me. Eyata gbɔ dzi ɖi nàɖo viwòwo ƒe nyabiabiawo ŋu na wo eme nakɔ eye wòatso Ŋɔŋlɔawo me, nàkpe ɖe wo ŋu be woakpɔe be dzidzeme gã aɖe ate ŋu atso Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me na wo. Nu bubu kawo hãe wogafiaa Mawu ƒe amewo—ɖeviwo kple tsitsiawo—egbea?
Wofia Lɔlɔ̃ Kple Aʋawɔwɔ Mí
15. Ɣekaɣie woate ŋu ado míaƒe nɔvilɔlɔ̃ ƒe nu vavã nyenye akpɔ?
15 Abe alesi wòle Yesu ƒe se yeyea hã mee ene la, ‘Mawu fia mí be míalɔ̃ mía nɔewo.’ (Tesalonikatɔwo I, 4:9) Ne naneke medzɔ o eye nusianu le edzi yim nyuie la, awɔ na mí be míelɔ̃a mía nɔviwo katã nyateƒe. Gake nukae adzɔ ne masɔmasɔwo do mo ɖa alo nusi Kristotɔ bubu aɖe gblɔ alo wɔ ku dzi na mí? Le afisia la, anye míaƒe lɔlɔ̃ ƒe nu vavã nyenye dodo kpɔ. (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 8:8.) Nukae Biblia fia mí be míawɔ le nya siawo tɔgbe me? Ðekae nye be míadze agbagba aɖe lɔlɔ̃ deblibo afia. (Petro I, 4:8) Le esi míadi mía tɔ ƒe dzɔdzɔea, agɔdzedze suewo nave mí, alo míalé nya ɖe dɔme teƒe la, ele be míadze agbagba ana lɔlɔ̃ natsyɔ nuvɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ dzi. (Korintotɔwo I, 13:5) Míenya be esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, elabena esiae nye nusi eƒe Nya la fia.
16. (a) Aʋa ka wɔwɔe wofia Kristotɔwo? (b) Aleke wodzra mí ɖo ɖe eŋui?
16 Togbɔ be ame geɖe makpɔ ƒomedodo aɖeke le lɔlɔ̃ kple aʋawɔwɔ dome o hã la, aʋawɔwɔ hã nye nu bubu si wole mía fiam, gake aʋawɔwɔ bubu kura ƒomevie. Dawid nya be ele be yeaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòafia aʋawɔwɔ ye, togbɔ be le eƒe ɣeyiɣia me la, eƒe akpa aɖe nye aʋa ŋutɔŋutɔ wɔwɔ kple Israel ƒe futɔwo hã. (Samuel I, 17:45-51; 19:8; Fiawo I, 5:17; Psalmo 144:1) Ke aʋa si wɔm míele egbea ya ɖe? Míaƒe aʋawɔnuwo menye ŋutilãmetɔwo o. (Korintotɔwo II, 10:4) Gbɔgbɔmeʋa wɔm míawo míele, eye ehiã be míakpla gbɔgbɔmeʋawɔnuwo ɖe eŋu. (Efesotɔwo 6:10-13) Yehowa toa eƒe Nya la kple eƒe amewo ƒe habɔbɔ dzi fiaa alesi míakpɔ dzidzedze le gbɔgbɔmeʋawɔwɔ mee mí.
17. (a) Ayemɔ kawoe Abosam zãna tsɔ kplɔa mí tranae? (b) Nukae nunya anɔ eme be míatsri?
17 Abosam lɔ̃a xexeame ƒe tetekpɔwo, xɔsegbelawo, kple ame bubu siwo tsia tre ɖe nyateƒea ŋu zazã ayetɔe be yeatsɔ able mí ne yeahe míaƒe susu ayi numaɖinuwo dzii. (Timoteo I, 6:3-5, 11; Tito 3:9-11) Ðeko wòwɔ abe ɖe wòkpɔ be madze edzi na ye be yeaɖu mía dzi ne yedze mía dzi ŋkume kple ŋkume o ene, eyata edzea agbagba be yeade afɔ atame na mí ne wòtsɔ liʋiliʋilili kple nyabiabia siwo me susu mele o, siwo ŋu gbɔgbɔmeviɖe aɖeke mele o de tame na mí. Abe aʋawɔla siwo le ŋudzɔ ene la, ele be míanɔ ŋudzɔ ɖe afɔku mawo ŋu abe alesi míenɔnɛ ɖe amedzidzedze tẽwo ŋu ene.—Timoteo I, 1:3, 4.
18. Nuka tututue agbenɔnɔ menye na mía ŋutɔ mía ɖokui azɔ o bia?
18 Míedea amewo ƒe nudidiwo alo dukɔwo ƒe lɔlɔ̃nu dzi o. Yehowa fia mí to Yesu ƒe kpɔɖeŋu dzi be mele be míaganɔ agbe na mía ɖokui o; ke boŋ míana tamesusu ƒe nɔnɔme si nɔ Kristo Yesu si la ke nanɔ abe aʋawɔnu ene míakpla eye míanɔ agbe na Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ. (Korintotɔwo II, 5:14, 15) Ðewohĩ tsã la, míenɔa agbe blibaa wɔa nusianu si dze mía ŋu faa, anɔ ɣeyiɣi gblẽm yakayaka ko. Aglotutuwo, ahatsunono ƒe ɖikekewo, kple agbegbegblẽnɔnɔ nye nɔnɔme siwo dzena le xexe vɔ̃ɖi sia ŋu. Azɔ esi wole Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ fiam mí la, ɖe dzi medzɔa mí be woɖe mí ɖe vovo tso xexe gblẽku sia gbɔ oa? Eyata mina míawɔ gbɔgbɔmeʋa la sesĩe bene míagage ɖe xexeame ƒe nɔnɔme siwo ƒoa ɖi ame me o.—Petro I, 4:1-3.
Nufiafia Mí Wòanyo na Mía Ŋutɔwo
19. Vi kawoe Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu sɔsrɔ̃ kple ewɔwɔ aɖe?
19 Ehiã ale gbegbe be míakpɔe adze sii be Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ fiafia mí ɖea vi gã aɖe na mí. Eme kɔ be ele be míawɔ míaƒe akpa dzi ake to nyuie ase nu ale be míasrɔ̃ nu bene míate ŋu awɔ ɖe mɔfiame siwo míexɔna to Via kpakple eƒe Nya la kple eƒe amewo ƒe habɔbɔ dzi la dzi. (Yesaya 48:17, 18; Hebritɔwo 2:1) Ne míewɔ esia la, ado ŋusẽ mí bene míanɔ te sesĩe le ɣeyiɣi vɔ̃ siawo me eye míate ŋu atsi tre sesĩe le nɔnɔme sesẽ siwo le ŋgɔgbe la me. (Mateo 7:24-27) Fifia gɔ̃ hã la, ne míewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, ana míaƒe nu nanyo eŋu eye kakaɖedzi anɔ mía si be ase míaƒe gbedodoɖawo. (Yohanes 9:31; Yohanes I, 3:22) Eye míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ hã.—Yohanes 13:17.
20. Nuka ŋue wòanyo be nàde ŋugble le ɣesiaɣi si nèkpɔ ƒea ƒe mawunyakpukpuia le ƒe 1997 la me katã?
20 Le ƒe 1997 la katã me la, mɔnukpɔkpɔ geɖe asu mía si be míaxlẽ ƒea ƒe mawunyakpukpui si nye Psalmo 143:10, “Fia wò lɔlɔ̃num mawɔ,” eye míade ŋugble le eŋu. Le esia wɔwɔ me la, mina míazã mɔnukpɔkpɔawo dometɔ aɖewo atsɔ ade ŋugble le ɖoɖo siwo Mawu wɔ na nufiafia mí, siwo ƒe ɖewo míegblɔ va yi la ŋu. Eye mina míana ŋugbledede sia nade dzo mía me be míawɔ nu wòasɔ kple kokoƒoƒo ma, elabena míenyae be “amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”—Yohanes I, 2:17.
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
◻ Amekawoe wole Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu fiamee egbea?
◻ Aleke wòle be Psalmo 143:10 me nyawo nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzii le ƒe 1997 bliboa me?
◻ Aleke wole Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ fiam míi?
◻ Nukae wobia tso Kristotɔ siwo nye dzilawo si le nufiafia wo viwo me?