Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
1 Ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ si adze egɔme tso August ƒe tanyae nye “Minye Yehowa ƒe Nusrɔ̃viwo.” (Yoh. 6:45) Mawumenufiafia si tso Yehowa gbɔ kpena ɖe mía ŋu vavã be míanɔ agbe si me dzidzeme le. Etua ŋudzedzekpɔkpɔ deto aɖe ɖo ɖe mía me ɖe míaƒe gbɔgbɔ me domenyinua ŋu. Agbagba siwo míedzena be míakpe ɖe amewo ŋu woase nyanyuia wɔe be viɖe le mía ŋu le hadome. Ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ sia ate gbe ɖe yayra siwo amesiwo nye Yehowa ƒe nusrɔ̃viwo kpɔna la dzi.
2 Nuƒoawo ade vovototo viɖe siwo le mawumenufiafia kple afɔku siwo le xexemenusɔsrɔ̃ dome. Míava dze si alesi Yehowa naa nufiame si nye kɔkɔtɔ kekeake la nyuie wu—nufiame si wotu ɖe eƒe Nya, Biblia dzi. Woate gbe ɖe tadedeagu ƒe akpa etɔ̃ siwo me míesea vivi le esi Mawu le nu fiam mí la dzi. Gakpe ɖe eŋu la, woade dzi ƒo na sɔhɛwo be woasrɔ̃ ame abe Dawid kple Timoteo ene, amesiwo ɖo kpɔɖeŋu ɖedzesiwo ɖi le Biblia me eye be woana gbɔgbɔmedɔwo naxɔ woƒe agbe me. Ne woƒo nu tso ame tsitsiwo ƒe nuteƒewɔwɔ ŋu la, agado ŋusẽ míaƒe xɔse ɖe edzi. Ame yeye siwo tsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe eye wodze la ate ŋu axɔ nyɔnyrɔ. Ele be woagblɔ woƒe didi na dzikpɔla zimenɔla ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na takpekpeŋkekea.
3 Ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛa me nuƒo vevitɔ ƒe tanyae nye “Yehowa Fia Eƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ Mí.” Ate gbe ɖe nusiwo ta wòle na mí katã be míayi edzi anɔ nu srɔ̃m, asẽ ŋu le xɔse me, eye be míanɔ ŋgɔyiyi wɔm la dzi. Woade dzi ƒo na mí be míasrɔ̃ Yehowa to nyateƒe si kplɔa ame yia agbe mavɔ me la fiafia amewo me. Woagblɔ nuteƒekpɔkpɔ tuameɖowo hã atsɔ afia alesi Habɔbɔa ƒe agbalẽwo kpe ɖe ame geɖe ŋu be Yehowa fia nu woe. Woaƒo nu tso dɔ nyui siwo Yehowa ƒe xexeame godoo nufiafiaɖoɖoa wɔ la ŋu.
4 Wɔ ɖoɖo siwo ŋu kakaɖedzi le be nàyi. De dzi ƒo na ɖetsɔlemetɔwo katã be woayi. Nɔ mɔ kpɔm be míaƒe Nufiala Gãtɔ la afia nu nyui geɖe ye.—Yes. 30:20.