INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 2/15 axa 19-20
  • Agbenɔnɔ Ŋuti Gɔmeɖose Nunya Kple Amekoko Ʋumadomadoe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbenɔnɔ Ŋuti Gɔmeɖose Nunya Kple Amekoko Ʋumadomadoe
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Susuwo Ðɔliɖɔli
  • Ame Geɖe Va Le Atikewɔwɔ Kple Dɔwɔwɔname Ʋumazãmazãe Tiam
    Nyɔ!—2000
  • Togbɔ Be Metsi Ŋku Hã La, Nye Ŋkuwo Ʋu!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Melɔ̃ Ðe Nya Si Mawu Gblɔ Tso Ʋu Ŋu La Dzi
    Nyɔ!: Melɔ̃ Ðe Nya Si Mawu Gblɔ Tso Ʋu Ŋu La Dzi
  • Ðɔkta ƒe Dɔ
    Nyɔ!—1993
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 2/15 axa 19-20

Agbenɔnɔ Ŋuti Gɔmeɖose Nunya Kple Amekoko Ʋumadomadoe

WOWƆ atikewɔwɔ me ŋgɔyiyi siwo ɖeke mesɔ kpli o le nyitsɔ laa ƒe siawo me. Ke hã la, ne wole atikewɔwɔ me kuxi aɖewo gbɔ kpɔm la, atikewɔmɔnu aɖewo fɔa agbenyuinɔnɔ ŋuti kuxi bubuwo ɖe te.

Ele be ɖɔktawo nada nya siawo tɔgbe akpɔ: Ðe wòle be woaɖe asi le atikewɔwɔ si woazi ɖe ame dzi ŋu ɣeaɖewoɣi be dɔnɔa naku le bubu mea? Ðe wòle be ɖɔkta naŋe aɖaba ƒu dɔnɔa ƒe nyametsotso dzi ne ekpɔ be aɖe vi na dɔnɔa wua? Aleke wòle be woamã atikewoe ne atike xɔasiwo made amesiame nu o?

Nya ɖefuname siawo na wova le nu nyam le atikewɔwɔ me nusɔsrɔ̃ si woyɔna be agbenɔnɔ ŋuti gɔmeɖose nunya la ŋu. Nusɔsrɔ̃ sia ƒe taɖodzinue nye be wòakpe ɖe ɖɔktawo kple dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ŋu woakpe akɔ kple alesi agbenyuinɔnɔ ŋuti nyawo va gena ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya me numekuku kple atikewɔwɔ me ŋgɔyiyiwo mee la. Esi wònye kɔa dzie nyametsotso sesẽawo ƒe akpa gãtɔ doa mo ɖa le ta la, kɔdzi geɖewo ɖo agbenɔnɔ ŋuti gɔmeɖose kɔmitiwo. Zi geɖe la, kɔmitia me tɔwo—siwo dome ɖɔktawo kple senyalawo hã le—dea takpekpewo tso agbenɔnɔ ŋuti gɔmeɖosewo ŋu, afisi wodzroa atikewɔwɔ me kuxi siwo ku ɖe ame ƒe seselelãme ŋu la me.

Biabia siwo fɔna ɖe te edziedzi le takpekpe mawo me dometɔ aɖewoe nye: Afikae wòle be ɖɔktawo nade bubu Yehowa Ðasefo siwo gbena be woagado ʋu na yewo o, le mawusubɔsubɔ ƒe susuwo koŋ ta la, ƒe dzixɔsewo ŋu ase ɖo? Ðe wòle be ɖɔkta nazi dɔnɔ dzi ado ʋu na dɔnɔa ne edze abe ɖe “wòsɔ” le atikewɔwɔ me enea? Ðe wòasɔ le agbenɔnɔ ŋuti gɔmeɖose nu be woawɔ nenema le dɔnɔa ƒe manyamanya me kple susu be ‘nusi dɔnɔa menya o la maɖe fu nɛ oa’?

Be woakpɔ nya siawo gbɔ wòasɔ la, ehiã be ɖɔktawo nase Ðasefoawo ƒe nukpɔsusu gɔme nyuie. Yehowa Ðasefoawo hã di vevie be yewoaɖe yewoƒe tenɔnɔ me na ɖɔktawo elabena wonya be nugɔmesese na ame nɔewo ate ŋu ana woaƒo asa na nyaʋiʋliwo.

Susuwo Ðɔliɖɔli

Spaintɔ agbenɔnɔ ŋuti gɔmeɖose nunyalagã xɔŋkɔ nufialagã Diego Gracia di be yeƒe klass nakpɔ gome le dzeɖoɖo sia me. Nufialagã la gblɔ be: “Ðeko wòsɔ be wona mɔnukpɔkpɔ mi [Yehowa Ðasefowo] be miaɖe miaƒe nukpɔsusuwo . . . le kuxi siwo miedo goe le ʋu ƒe nya me la agblɔ.”

Ale le June 5, 1996, dzi la, wokpe Yehowa Ðasefowo teƒenɔla etɔ̃ yi Complutense Yunivɛsiti le Madrid, Spain, be woaɖe woƒe nukpɔsusuwo me. Ðɔkta siwo ade 40 kple dɔ bubu wɔlawo nɔ anyi.

Esi Ðasefoawo ɖe wo ɖokui nu kpuie vɔ la, woɖe mɔ be woabia nya. Vavalawo katã da asi ɖe edzi be ele be gome nanɔ dɔnɔ ɖesiaɖe si nye ame tsitsi si be wòagbe atikewɔwɔ ƒomevi aɖe. Klassea lɔ̃ ɖe edzi hã be mele be woado ʋu na dɔnɔa gbeɖe o negbe ɖe woɖe nusi le eme la me nɛ eye wòda asi ɖe edzi ko hafi. Gake wodi be yewoanya Ðasefoawo ƒe tenɔnɔ ŋuti nya aɖewo.

Nyabiase ɖeka ku ɖe ga ŋu. Ɣeaɖewoɣi la, dɔwɔwɔ na ame ʋumadomadoe biaa dɔwɔnu tɔxɛwo, abe keklẽŋusẽ si wozãna le amekoko me ene, hekpe ɖe atike xɔasiwo hã ŋu abe, erythropoietin si wozãna be wòana ʋumenugbagbevidzẽwo nadzi ɖe edzi kabakaba la ene. Ðɔktaawo dometɔ ɖeka bia be ne Ðasefoawo gbe atikewɔmɔnu si mexɔ asi o (ʋu si sɔ kple wo tɔ dodo) la, ɖe woanɔ mɔ kpɔm be lãmesẽnyagbɔkpɔlawo nana mɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo yewo hã.

Togbɔ be Ðasefoawo teƒenɔlawo dometɔ ɖeka lɔ̃ ɖe edzi be ga nye nane si ŋu wòhiã vevie be ɖɔktawo nalé ŋku ɖo hã la, egblɔ numekuku siwo ƒo nu tso ʋu si sɔ kple ame tɔ dodo ƒe gagbegblẽ siwo mele nyanya na ame geɖe o ŋu nyawo ŋu. Esiawo ƒe ɖewoe nye ga si wogblẽna ɖe dɔ bubu siwo ʋudodo hena vɛ ŋu hekpe ɖe fetu siwo dome dɔléleawo gblẽna nɛ la ŋuti. Eyɔ nya tso Amerikatɔwo ƒe numekuku deŋgɔ aɖe me si ɖee fia be togbɔ be le mamã dedie nu la, dɔlar 250 koe ʋu atukpa ɖeka xɔna hã la, fe si ŋutɔ wòna wonyina la wu dɔlar 1,300—esi wu ho si ŋutɔ woƒlee la ƒe teƒe atɔ̃. Egblɔ be eyata ne woabu nuawo katã ŋu la, amekoko ʋumadomadoe megblẽa ga o. Gawu la, amekoko ʋumadomadoe ƒe nu siwo ŋu wobe wozãa ga home bubu ɖo la ƒe akpa gãtɔ nye dɔwɔnu siwo woagate ŋu azã.

Nya bubu si ɖɔkta geɖe lɔ̃na biabia la ku ɖe hamea me tɔwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ŋu. Wobia be nukae adzɔ ne Ðasefo aɖe menya nyametsotso si wòawɔ o eye wòlɔ̃ wodo ʋu nɛ? Ðe woaɖee le Ðasefowo ƒe ha mea?

Ŋuɖoɖoa anɔ te ɖe nɔnɔmea ŋutɔ dzi, elabena kakaɖedzitɔe la, Mawu ƒe se dzi dada nye ŋkubiãnya si ŋu wòle be hamemegãwo nalé ŋku ɖo. Ðasefowo adi be yewoakpe ɖe ame aɖe si wònye dzigbãnya na be woko esime eƒe agbe ɖo afɔku me eye wòlɔ̃ wodo ʋu nɛ la ŋu. Anɔ eme be Ðasefo ma axa nu le eɖokui me vevie ahatsi dzi ɖe eya kple Mawu dome ƒomedodo ŋuti. Ame ma ahiã kpekpeɖeŋu kple nugɔmesese. Esi wònye lɔlɔ̃ dzie wotu Kristotɔnyenye ɖo ta la, abe alesi wònɔna le ʋɔnudrɔ̃nya ɖesiaɖe me ene la, hamemegãwo adi be togbɔ be yewoate afɔ ɖe to sesĩe hã la, yewoakpɔ nublanui le afisi wòanya wɔ le.—Mateo 9:12, 13; Yohanes 7:24.

Agbenɔnɔ ŋuti gɔmeɖose nufialagã aɖe si tso United States va la bia be: “Miava agbugbɔ miaƒe agbenɔnɔ ŋuti gɔmeɖosewo me adzro kpuie oa? Subɔsubɔha bubuwo gbugbɔ wo me dzro le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me.”

Wogblɔ nɛ be Ðasefowo ƒe tenɔnɔ le ʋu ƒe nu kɔkɔe nyenye ŋu nye mawusubɔsubɔ me dzixɔse, ke menye agbenɔnɔ ŋuti gɔmeɖose si me woanɔ dzodzrom edziedzi o. Biblia ƒe sedede sia si me kɔ la meɖe mɔ ɖe tɔtrɔwɔwɔ ŋu o. (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Ðasefo agbe Mawu ƒe se sia dzi dada abe alesi ko maɖe mɔ ɖe trɔ̃subɔsubɔ alo matrewɔwɔ ŋu o ene.

Yehowa Ðasefowo kpɔa ŋudzedze geɖe ɖe ɖɔktawo—abe esiwo de agbenɔnɔ ŋuti gɔmeɖose takpekpea le Madrid ene—ƒe lɔlɔ̃ faa be woade bubu yewoƒe nyametsotso be woawɔ atike bubu si wɔ ɖeka kple yewoƒe dzixɔse siwo wotu ɖe Biblia dzi la ŋu. Ðikekemanɔmee la, agbenɔnɔ ŋuti gɔmeɖose nunya awɔ akpa vevi aɖe le nana be ɖɔktawo kple dɔnɔwo dome ƒomedodo nanyo ɖe edzi me eye wòana woade bubu geɖe wu dɔnɔa ƒe didiwo ŋu.

Abe alesi woɖi ɖase be Spaintɔ atikewɔla nyanyɛ aɖe nɔ egblɔm ene la, ele be ɖɔktawo naɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be “dɔwɔnu madeblibowo ŋudɔ wɔmee yewole eye be woate ŋu ado kpo nu.” Eyata ehiã be “woakpɔ egbɔ be yewoɖe lɔlɔ̃ fia ɣesiaɣi vevietɔ ne womese nane gɔme o.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe