Mɔ si Nyo Wu
GBƆGBƆMEMENYENYE ƒe toyiyi le xexeame kple agbegbegblẽnɔnɔ kpakple makamaka ɖe subɔsubɔhawo dzi si le afisiafi ɖea fu na Yehowa Ðasefowo vevie. Esia ta woyɔa wo ɣeaɖewoɣi be wonye blemakɔnuléɖeasilawo. Gake eyae wonyea? Gbeɖe. Togbɔ be subɔsubɔdzixɔse sesẽwo le wo si hã la, menye blemakɔnuléɖeasilawo wonye abe alesi wole nya la zãm fifia ene o. Womeƒoa nya ɖe dunyahelawo nu be woado nukpɔsusu aɖe ɖe ŋgɔ o, eye womelɔa gbɔ alo sẽa ŋuta le amesiwo mewɔ ɖeka kpli wo ŋu o. Wokpɔ mɔ aɖe si nyo wu. Wosrɔ̃a woƒe Kplɔla Yesu Kristo.
Yehowa Ðasefowo xɔe se be mawusubɔsubɔ ƒe nyateƒe li, be ele Biblia me. (Yohanes 8:32; 17:17) Gake Biblia fia nu Kristotɔwo be woaɖe dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, dɔmefafa, kple nugɔmesese afia—nɔnɔme siwo mena wohea zãzɛnya o. (Galatiatɔwo 5:22, 23; Filipitɔwo 4:5) Wode dzi ƒo na Kristotɔwo le Biblia-gbalẽ si nye Yakobo me be “nunya, si tso dziƒo,” si ŋu wogblɔ le be “gbã la eŋuti kɔna, emegbe la eƒe dɔme fana, efaa tu, elɔ̃na wogbea nya nɛ, nublanuikpɔkpɔ kple kutsetse nyuiwo yɔe fũ” la nanɔ wo si. Yakobo gagblɔ be: “Woƒãa dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse le ŋutifafa me na amesiwo wɔa ŋutifafa.”—Yakobo 3:17, 18.
Yehowa Ðasefowo ɖoa ŋku edzi be Yesu tsɔ ɖe le nyateƒea me vevie. Egblɔ na Pontio Pilato be: “Esia ta wodzim ɖo, eye esia ta meva xexeame ɖo, bena maɖi ɖase na nyateƒe la.” (Yohanes 18:37) Togbɔ be eʋli nyateƒea ta ŋusẽtɔe hã la, medze agbagba be yeazi yeƒe dzixɔsewo ɖe ame bubuwo dzi o. Ke boŋ eʋãa woƒe susuwo kple dziwo. Enya be ye Fofo si le dziƒo, Mawu ‘dɔmenyotɔ kple dzɔdzɔetɔ’ la atso nya me le alesi wòaɖe aʋatsokaka kple madzɔmadzɔnyenye ɖa le anyigba dzi kple ɣeyiɣi si me wòawɔe ŋu. (Psalmo 25:8) Esia ta medze agbagba be yeaxe mɔ na amesiwo melɔ̃ ɖe eƒe nya dzi o. Subɔsubɔhakplɔla blemakɔnuléɖeasila siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me boŋue te kpɔ be yewoaxe mɔ na Yesu.—Yohanes 19:5, 6.
Dzixɔse sesẽwo le Yehowa Ðasefowo si le subɔsubɔnufiafiawo ŋu, eye woɖea dzidzenu nyuiwo fiana le agbenyuinɔnɔ me. Abe apostolo Paulo ene la, woka ɖe edzi be “Aƒetɔ ɖeka, xɔse ɖeka, nyɔnyrɔxɔxɔ ɖeka” koe li. (Efesotɔwo 4:5, NW) Nya si Yesu gblɔ hã le nyanya na wo be: “Agbo la le biie, eye mɔ la hã xaxa, si kplɔa amewo yina ɖe agbe la me, eye ame ʋeewo nye amesiwo kpɔnɛ.” (Mateo 7:13, 14) Ke hã la, womedzea agbagba be woazi ame bubuwo dzi bene woaxɔ woƒe dzixɔsewo o. Ke boŋ wosrɔ̃a Paulo ‘heɖea kuku’ na amesiwo katã dii la be ‘woalé avu le woa kple Mawu dome.’ (Korintotɔwo II, 5:20) Esiae nye mɔ si nyo wu. Mawu ƒe mɔe.
Subɔsubɔkɔnu xoxowo me léle ɖe asi abe alesi wozãa nya la egbea ene la to vovo kura. Blemakɔnuléɖeasilawo toa mɔnu geɖewo—ŋutasesẽ hã—dzi zia woƒe gɔmeɖosewo ɖe amewo dzi. Esia na wova zua dunyahenuɖoanyia ƒe akpa vevi aɖe. Evɔ Yesu gblɔ be mele be ye yomedzelawo ‘nanye xexeame ƒe akpa aɖeke o.’ (Yohanes 15:19; 17:16; Yakobo 4:4) Yehowa Ðasefowo wɔa nya mawo dzi ale be womedea akpa aɖeke dzi kura le dunyahehe me nyaʋiʋliwo me o. Eye abe alesi Italy nyadzɔdzɔgbalẽ Fuoripagina gblɔe ene la, “womezia naneke ɖe ame aɖeke dzi o; ne ame aɖe lɔ̃ la, ase woƒe nyawo alo agbee faa.” Nukae dona tsoa eme? Biblia me ŋutifafanya si Ðasefoawo gblɔna léa dzi na ameƒomeviwo katã, amesiwo nye blemakɔnuléɖeasilawo tsã gɔ̃ hã.—Yesaya 2:2, 3.
Xexe si me Dzidzenu Likewo Anɔ
Ðasefoawo kpɔe be amegbetɔwo mate ŋu akpɔ kuxi siwo le fu ɖem na blemakɔnuléɖeasilawo la gbɔ o. Màte ŋu azi ame aɖeke dzi be wòaxɔ Mawu dzi ase alo wòaxɔ wò dzixɔsewo o. Ebubu be nusia anya wɔ ye na nu dziŋɔ vɔ̃ɖi aɖewo dzɔ le ŋutinya me, abe Atitsogaʋawo, titinaɣeyiɣi me Ŋutasẽʋɔnuwo, kple “dzimetɔtrɔ” na Amerika Indiatɔwo ene. Gake ne èka ɖe Mawu dzi la, àlɔ̃ agblẽ nyawo ɖe esi.
Biblia gblɔ be Mawu ɖo seɖoƒe na ɣeyiɣi si wòaɖe mɔ amegbetɔwo nada le eƒe sewo dzi si ahe fukpekpe kple vevesese vɛ. Ɣeyiɣi ma vɔ vɔ. Yesu nye Fia le dzi ɖum le Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea me xoxo, eye eteƒe madidi o Fiaɖuƒe ma atso aɖe amegbetɔdziɖuɖuwo ɖa eye wòaɖu ameƒomea dzi gbesiagbe. (Mateo 24:3-14; Nyaɖeɖefia 11:15, 18) Esia ana xexeame katã nazu paradiso si me ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye anɔ fũ. Ɣemaɣi la, womagatsi yaa le alesi woasubɔ Mawu vavã lae ŋu o. “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Psalmo 37:29) Nɔnɔme mavɔwo abe amenuveve, nyateƒe, dzɔdzɔenyenye, kple dɔmenyonyo aɖu dzi wòaɖe vi na ameƒomea me tɔ toɖolawo katã.
Hakpala la ƒe susu nɔ ɣeyiɣi ma ŋu eye wògblɔ le hakpanya me be: “Amenuveve kple nyateƒe ado go wo nɔewo; dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa agbugbɔ nu na wo nɔewo. Nyateƒe amie tso anyigba me, eye dzɔdzɔenyenye ado mo ɖa tso dziƒo. Yehowa ana nu nyui hã, eye míaƒe anyigba atse eƒe ku. Dzɔdzɔenyenye adze eŋgɔ, eye wòalé ŋku ɖe eƒe afɔtoƒe ŋu.”—Psalmo 85:11-14.
Togbɔ be míate ŋu atrɔ xexeame o hã la, mí ame ɖekaɖekawo míate ŋu atu mawumenɔnɔmewo ɖo egbea. Ale míate ŋu adze agbagba be míanye amesiwo tɔgbe Mawu adi be woanye ye subɔlawo le xexe yeye ma me. Ekema míanɔ ame fafa siwo hakpala la wɔnɛ dome: “[Ame fafawo, NW] anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” (Psalmo 37:11) Mawu nɔa megbe na amesiwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu heyrana wo, eye edo nu nyui aɖewo ƒe ŋugbe be yeava wɔ na wo le etsɔme. Apostolo Yohanes gblɔ be: “Xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”—Yohanes I, 2:17.
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Yehowa Ðasefowo kpea amewo katã be woase Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nyanyui la
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 6]
Akaɖi si le axa 3, 4, 5, kple 6: Printer’s Ornaments/by Carol Belanger Grafton/Dover Publications, Inc.