Blemakɔnuléleɖeasi—Nukae Wònye?
AFIKAE blemakɔnuléleɖeasi dze egɔme tso? Le ƒe alafa si va yi ƒe nuwuwu la, mawunyaŋununyala siwo ʋu susu me nɔ woƒe dzixɔsewo trɔm bene woalɔ̃ ɖe ɖikeke Biblia kple dzɔdzɔmeŋutinunya nufiafiawo abe nɔnɔmetɔtrɔ ene dzi. Esia na kakaɖedzi si nɔ amewo si ɖe Biblia ŋu la va bu. Subɔsubɔhakplɔla kɔnuxoxoléɖeasila siwo le United States melɔ̃ o eyata woɖo nusi woyɔ be xɔse ƒe gɔmeɖokpewo anyi.a Le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze la, wodzro gɔmeɖokpe siawo me heta ɖe agbalẽ bablawo me siwo ƒe tanyae nye The Fundamentals: A Testimony to the Truth. Tanya sia mee woɖe nya “blemakɔnuléleɖeasi” tsoe.
Le ƒe alafa 20 lia ƒe afã gbãtɔ me la, wodzroa nu me le blemakɔnuléleɖeasi ŋu ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me le ƒe 1925 me la, subɔsubɔhawo ƒe blemakɔnuléɖeasilawo kplɔ nufiala si ŋkɔe nye John Scopes si tso Tennessee, U.S.A., yi ʋɔnui le nusi wova yɔ be ʋɔnudɔdrɔ̃ Scopes me. Agɔ kae wòdze? Enɔ nɔnɔmetɔtrɔ fiam, eye ema tsi tre ɖe dua ƒe se ŋu. Ɣemaɣi la, ame aɖewo ƒe susue nye be blemakɔnuléleɖeasi manɔ anyi adidi o. Protestanttɔwo ƒe magazine si nye Christian Century gblɔ le ƒe 1926 me be enye “amegbetɔ ƒe nuwɔwɔ gbɔlo” eye “nu ɖɔʋu alo nusi ana wòanɔ anyi adidi aɖeke kura mele eme o.” Aleke gbegbe nuŋububu ma da ƒu enye si!
Tso ƒe 1970-awo me la, woƒoa nu tso blemakɔnuléleɖeasi ŋu ɣesiaɣi le nyadzɔdzɔwo me. Nufialagã Miroslav Volf si le Mawunyaŋununya Osɔfosuku Kɔkɔ, California, U.S.A., la gblɔ be: “Menye ɖeko blemakɔnuléleɖeasi gali va ɖo fifia o ke ekeke ta hã.” Egbea menye Protestant-habɔbɔwo ɖeɖeko ŋue nya “blemakɔnuléleɖeasi” ku ɖo o, ke eku ɖe habɔbɔ siwo le subɔsubɔha bubuwo me hã ŋu, abe Katolikoha, Islam, Yuda-subɔsubɔ, kple Hindu-subɔsubɔ ene.
Míaƒe Ɣeyiɣia Ŋue Woho Ðo
Nukata blemakɔnuléleɖeasi le ta kekem? Amesiwo srɔ̃a nu le eŋu gblɔ be le go aɖe teti me la, agbenyuinɔnɔ kple mawusubɔsubɔ ƒe kemalimali le míaƒe ɣeyiɣiawo me ye na. Tsã la, dukɔ akpa gãtɔ ƒe agbenɔnɔ si nɔ te ɖe dzixɔse xoxowo dzi la li ke nyuie. Fifia wokea ɖi dzixɔse mawo alo gbea wo. Agbalẽnyala geɖe gblɔ be Mawu aɖeke meli o kple be amegbetɔ le eɖokui si le xexe ɖeaga aɖe me. Dzɔdzɔmeŋutinunyala geɖe fiaa nu be nɔnɔmetɔtrɔ dzie amegbetɔ to dzɔ ke menye Wɔla lɔlɔ̃tɔ aɖee wɔe o. Amesiame gblɔa nusi wòsusu faa. Agbenyuinɔnɔdzidzenu bu keŋkeŋ le nusianu me le xexeame.—Timoteo II, 3:4, 5, 13.
Blemakɔnuléɖeasilawo dia dzidzenu like xoxoawo vevie, eye wo dometɔ aɖewo dzea agbagba be woana nuto kple dukɔ siwo me wole la natrɔ ɖe nusi wosusu be eyae nye agbenɔnɔ nyuitɔ kple nufiafia ƒe gɔmeɖokpewo ŋu. Wodzea agbagba ɖesiaɖe be woazi amewo dzi woanɔ agbe ɖe agbenyuinɔnɔse kple dzixɔse ŋuti nufiafia “nyuitɔwo” nu. Blemakɔnuléɖeasila ka ɖe edzi bliboe be ye tɔe nye dzɔdzɔea ke ame bubuwo tɔ nye gbegblẽa. Nufialagã James Barr gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Fundamentalism me be blemakɔnuléleɖeasi nye “nusi wobuna zi geɖe be enye ŋutasesẽ kple fewuɖunya si fia susumaʋumaʋu, nukpɔsusu bubuwo gbegbe, gbegbe be woagakaka sidzedze o kple ame ŋutɔ ƒe susu ko me léle ɖe asi.”
Esi ame aɖeke medina be woayɔ ye be ame maʋususume si gbea nukpɔsusu bubuwo heléa eya ŋutɔ tɔ ko me ɖe asi o ta la, menye amewo katã ƒe gbee sɔ le amesi nye blemakɔnuléɖeasila kple amesi menyee o ŋu o. Gake nanewo li siwo dea dzesi subɔsubɔkɔnu xoxowo me léle ɖe asi.
Dzesidede Blemakɔnuléɖeasila
Zi geɖe la, woléa subɔsubɔkɔnu xoxowo me ɖe asi kple susu be woatsɔ akpɔ nusi wobu be enye nuto aɖe ƒe kɔnuwo alo subɔsubɔdzixɔse gbãtɔwo ta ahagbe nusiwo wokpɔ be enye xexeame ƒe gbɔgbɔ. Mefia be nusiwo katã li egbea ŋue blemakɔnuléɖeasilawo tsi tre ɖo o. Wo dometɔ aɖewo zãa kadodomɔnu siwo li egbea nyuie tsɔ doa woƒe nukpɔsusu ɖe ŋgɔe. Gake wotsia tre ɖe amewo ƒe susu tɔtrɔ ɖe xexemenuwo ŋu ŋuti.b
Menye ɖeko blemakɔnuléɖeasila aɖewo ɖonɛ be woakpɔ nufiafia alo agbenɔnɔ tsãtɔwo ta na wo ɖokui o ke wodina be woazii ɖe ame bubuwo dzi, atrɔ hadomenuwɔnawo bene wòasɔ ɖe blemakɔnuléɖeasilawo ƒe dzixɔsewo nu. Eyata menye fuɖeɖe koe Katoliko blemakɔnuléɖeasila agbe o. Ate ŋu aƒo nya ɖe ededukɔ ƒe sewɔlawo nu be woade se ɖe fuɖeɖe hã nu. Le Poland la, nyadzɔdzɔgbalẽ si nye La Repubblica gblɔ be bene woana woalɔ̃ ɖe fuɖeɖe ŋuti se aɖe dzi ta la, Katolikoha la wɔ “ ‘aʋa’ sesẽ aɖe si me wòzã eƒe ŋusẽ kple ŋusẽkpɔɖeamedzi katã le.” Nusia si sɔlemeha la kplɔlawo wɔ na woƒe nuwɔna sɔ kple blemakɔnuléɖeasilawo tɔ pɛpɛpɛ. Protestant Kristotɔwo ƒe Ƒuƒoƒo si le United States hã wɔa “aʋa” nenema ke.
Blemakɔnuléɖeasilawo ɖe dzesi vevietɔ le woƒe subɔsubɔdzixɔse sesẽwo me. Eyata Protestanttɔ si léa blemakɔnuwo me ɖe asi la aʋli alesi woɖe Biblia gɔme le nya la ŋutɔŋutɔ nu ta vevie, axɔe ase hã be ŋkeke ade ŋutɔŋutɔ mee wowɔ anyigba la. Ðikeke aɖeke mele Katolikotɔ si léa blemakɔnuwo me ɖe asi me kura be papa la medaa vo o.
Eyata eme kɔ be wobua nya “blemakɔnuléleɖeasi” be enye zãzɛnyahehe tamemabumabutɔe eye nusitae blemakɔnuléleɖeasi ƒe takeke na amesiwo melée ɖe asi o tsi dzi ɖo la me kɔ. Ðewohĩ mí ame ɖekaɖekawo míawɔ ɖeka kple blemakɔnuléɖeasilawo o eye woƒe dunyahenuwɔnawo kple ŋutasẽnu siwo wowɔna ɣeaɖewoɣi awɔ nuku na mí. Le nyateƒe me la, blemakɔnuléɖeasila siwo le subɔsubɔha aɖe me ƒe nuwɔna adzi ŋɔ na esiwo le subɔsubɔha bubu me! Gake ame butame geɖewo tsi dzi ɖe nusiwo na blemakɔnuléleɖeasi le ta kekem ŋu vevie—agbenɔnɔ si le gbegblẽm ɖe edzi, xɔse ƒe toyiyi, kple gbɔgbɔmemenyenye gbegbe si li egbea.
Blemakɔnuléleɖeasi ɖeɖekoe woatsɔ aho ɖe nɔnɔme siawo ŋua? Ne menye eya koe o la, ke nu bubu ka hãe li?
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Nusi woyɔna be Blemakɔnuléleɖeasi Ŋuti Nyati Vevi Atɔ̃ siwo gɔme woɖe le ƒe 1895 me woe nye “(1) Ŋɔŋlɔawo ƒe gbɔgbɔ me tsotso bliboe vodadamanɔŋui; (2) Yesu Kristo ƒe mawunyenye; (3) ɖetugbi nɔaƒe ƒe Kristo dzidzi; (4) Kristo ƒe avuléle ɖe mía ta le atitsoga ŋuti; (5) Kristo ƒe tsitretsitsi le ŋutilã me kple eya ŋutɔ ƒe vava zi evelia le ŋutilã me le anyigba dzi.”—Studi di teologia (Mawunyaŋununya Nusɔsrɔ̃).
b “Susu tɔtrɔ ɖe xexemenuwo ŋu” fia kuku ɖe xexemenu siwo tsi tre ɖe gbɔgbɔmenuwo alo nu kɔkɔewo ŋu vevie. Amesi nye xexemetɔ metsia dzi ɖe mawusubɔsubɔ alo mawusubɔsubɔdzixɔsewo ŋu o.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]
Le ƒe 1926 me la, Protestanttɔwo ƒe magazine aɖe gblɔ be blemakɔnuléleɖeasi nye “amegbetɔ ƒe nuwɔwɔ gbɔlo” eye “nu ɖɔʋu alo nusi ana wòanɔ anyi adidi aɖeke kura mele eme o.”